Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ame Aɖe Li Si Nye Wò Aɖaŋuɖola Le Mawusubɔsubɔ Mea?

Ame Aɖe Li Si Nye Wò Aɖaŋuɖola Le Mawusubɔsubɔ Mea?

Ame Aɖe Li Si Nye Wò Aɖaŋuɖola Le Mawusubɔsubɔ Mea?

UZIYA zu anyiehefiaɖuƒe si nɔ Yuda la ƒe fia esime wòxɔ ƒe 16 pɛ ko. Eɖu fia ƒe 50 kple edzivɔ, tso ƒe alafa asiekelia D.M.Ŋ. ƒe nuwuwu va se ɖe ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. ƒe gɔmedzedze. Tso Uziya ƒe ɖevime ke la, eyi edzi wɔ “nusi dze Yehowa ŋu.” Nu kae kpɔ ŋusẽ ɖe edzi wòwɔ nu dzɔdzɔe? Ŋutinya me nuŋlɔɖia gblɔ be: “[Uziya di] Mawu le Zaxarya, amesi fia Mawu vɔvɔ̃e la ƒe agbenɔɣi katã, eye Mawu na wòdze edzi nɛ le ŋkeke, siwo katã me wòdi Yehowa.”—Kronika II, 26:1, 4, 5.

Míenya nu boo aɖeke tso Zaxarya sia si nye fia ƒe aɖaŋuɖola ŋu to vovo na nu si woŋlɔ tso eŋu le Biblia me nuŋlɔɖi sia me o. Ke hã, Zaxarya si nye ‘ame si fia Mawu vavã la vɔvɔ̃’ Uziya ɖekakpui dziɖula sia la, kpɔ ŋusẽ nyui aɖe ɖe edzi be wòwɔ nu dzɔdzɔe. The Expositor’s Bible gblɔ be edze ƒã be Zaxarya “nye ŋutsu aɖe si nya Ŋɔŋlɔawo nyuie, ame si si nuteƒekpɔkpɔ geɖe su le mawusubɔsubɔ me, eye wònye ame si te ŋu fia nu si wònya la amewo.” Biblia ŋuti nunyala aɖe gblɔ tso Zaxarya ŋu be: “Enya nyagblɔɖiwo nyuie eye . . . wònye ŋutsu nyanu, si do vevie mawusubɔsubɔ, heganye ame nyui aɖe; edze abe ekpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe Uziya dzi ene.”

Uziya ƒe nuteƒewɔwɔ he yayra geɖewo vae nɛ, eye “ekpɔ ŋusẽ tso me” elabena “Mawu de edzi.” Ɛ̃, eƒe dzidzedzekpɔkpɔ le gbɔgbɔ me gomee na be nu dze edzi nɛ le ŋutilã me hã le ‘Zaxarya ƒe agbenɔɣi katã.’ (Kronika II, 26:6-8) Esi nu dze edzi na Uziya vɔ megbe la, egblẽ eƒe aɖaŋuɖola si nye Zaxarya ƒe nufiamewo ɖi. Uziya de “asi dàda me, vaseɖe esime eƒe nuwɔwɔ gblẽ; meɖi anukware na Yehowa . . . o.” Le eƒe bubumademade Mawu ŋu ƒe nuwɔna aɖe koŋ ta la, wotsɔ ŋutigbalẽmedɔléle nyɔŋu aɖe ƒoe, si na be megate ŋu dze aɖu dzi abe fia ene bliboe o.—Kronika II, 26:16-21.

Ame aɖe le asiwò si míate ŋu ayɔ be nufiala alo, aɖaŋuɖola, si kpɔa ŋusẽ ɖe dziwò be ‘nàdi Mawua’? Aɖaŋuɖola ate ŋu anɔ asiwò eɖanye sɔhɛ loo ame tsitsi loo ŋutsu loo alo nyɔnue nènye o. De asixɔxɔ aɖaŋuɖola ma ŋu, elabena eƒe nuxlɔ̃amewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàyi edzi anɔ nu dzɔdzɔe wɔm le Yehowa ŋkume. Ðo to Kristotɔ gbɔgbɔmeme tsitsi sia, eye nàlé to ɖe eƒe aɖaŋu siwo wòɖona na wò la ŋu nyuie. Megadzɔ gbeɖe be nàgbe wɔwɔ ɖe ame sia si ‘le Mawu vavã la vɔvɔ̃ fiam’ wò ƒe nya siwo me nunya le la dzi o.—Lododowo 1:5; 12:15; 19:20.