Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe kɔmpiuta dzi fefe siwo me ŋutasẽnuwɔwɔ le wɔwɔ ate ŋu agblẽ ame kple Yehowa dome ƒomedodo mea?

Blema Israel-fia Dawid ŋlɔ be: “Yehowa doa ame dzɔdzɔe kpɔna, ke eƒe luʋɔ léa fu ame vɔ̃ɖi kple amesi lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ la.” (Psalmo 11:5) Nya si wozã le gbe gbãtɔwo me na “lé fu” ate ŋu afia “amesi nye ame ƒe futɔ.” Eyata amesiame si lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ la le eɖokui wɔm Mawu ƒe futɔe. Eyata nya si ŋu wòle be míade ŋugble le enye: Ðe gomekpɔkpɔ le kɔmpiuta dzi fefe aɖewo me ana míava lɔ̃ ŋutasẽnuwɔwɔa?

Kɔmpiuta dzi fefe siwo me ŋutasẽnuwɔwɔ le la dea lãnuwo zazã ƒe dzi ƒo. Zi geɖe la, lãnuwo zazã alea nana aʋawɔɖaŋu va sua ame si. Magazine si nye The Economist gblɔ be: “Kɔmpiuta dzi fefewo koŋue Amerika-srafowo le zazãm tsɔ le hehe xɔmee fifia. Kɔmpiuta dzi fefe yeye siwo bɔ fifia ƒe ɖewoe asrafoawo le zazãm.”

Nyateƒee wònye be amesiwo kpɔa gome le kɔmpiuta dzi fefe siwo me ŋutasẽnuwɔwɔ le mewɔa nuvevi ame ŋutɔŋutɔwo o ya. Gake aleke wòakpɔ ŋusẽ ɖe amesiwo fenɛ la dzii? (Mateo 5:21, 22; Luka 6:45) Aleke nàkpɔ ame si hɛ tɔtɔ ame, tu dada ame, nuvevi wɔwɔ ame, kple fefememewo wuwu doa dzidzɔ na lae? Ke ne amesia zãna gaƒoƒo geɖe kwasiɖa sia kwasiɖa tsɔ kpɔa gome le ŋutasẽnuwɔwɔ siawo me, eye fefe siawo va te numame zuzu nɛ ya ɖe? Ne mede ɖeke o hã, àsusu be amea va le vivi dom ɖe ŋutasẽnuwɔwɔwo ŋu abe alesi ko agbegbegblẽnɔnɔ ƒe dzodzrowo va nyɔna ɖe ame aɖe si kpɔa gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔnawo edziedzi mee la ene.—Mateo 5:27-29.

Aleke gbegbe Yehowa lé fu amesi lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔe? Dawid gblɔ be kakaɖedzi le eŋu be Yehowa “léa fu” amesia. Le Noa ƒe ŋkekea me la, Yehowa ɖe alesi gbegbe wòle fu amesiwo lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔe la fia. Yehowa gblɔ na Noa be: “Ŋutilãwo katã ƒe nuwuwu ɖo azɔ, elabena woƒe nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi; kpɔ ɖa, matsrɔ̃ wo kple anyigba siaa.” (Mose I, 6:13) Mawu vavã la tsrɔ̃ ameƒomea ƒe xexe blibo aɖe le woƒe ŋutasẽnuwo wɔwɔ ta. Noa kple eƒe ƒomea koe wòxɔ ɖe agbe—wonye ame enyi siwo melɔ̃ ŋutasẽnuwɔwɔ o.—Petro II, 2:5.

Amesiwo di be yewoanye Yehowa xɔlɔ̃ la ‘tsɔa woƒe yiwo tua kodziwoe, eye wotsɔa woƒe akplɔwo tua hɛ gobɛwoe.’ Le esi woasrɔ̃ ŋutasẽnuwɔwɔ ahanɔ vivi dom ɖe eŋu la, ‘wotsria aʋawɔwɔ sɔsrɔ̃’ boŋ. (Yesaya 2:4) Be míakpɔtɔ anye Mawu xɔlɔ̃wo ke menye eƒe futɔwo o la, ele be ‘míate ɖa le vɔ̃ ŋu, eye míawɔ nu nyui.’ Ele be ‘míadi ŋutifafa, eye míati eyome.’—Petro I, 3:11.

Ke ne míefea kɔmpiuta dzi fefe siwo me ŋutasẽnuwɔwɔ le xoxo ya ɖe? Ke ele be míaɖoe kplikpaa awɔ nusi adze Yehowa ŋu to asiɖeɖe le nusi wòlé fui la wɔwɔ ŋu. Ele godoo be míado gbe ɖa abia Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔa ƒe kpekpeɖeŋu be míate ŋu adzudzɔ nuwɔna sia si doa afɔku ame ƒe subɔsubɔ la. Míate ŋu adzudzɔ ne míeɖe mɔ nɔnɔme siwo nye ŋutifafa, dɔmenyonyo, kple ɖokuidziɖuɖu kpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbe dzi wòwɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.—Luka 11:13; Galatiatɔwo 5:22, 23.