Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Mawu, Nukatae Nèɖe Mɔ Nusia Dzɔ?’

‘Mawu, Nukatae Nèɖe Mɔ Nusia Dzɔ?’

‘Mawu, Nukatae Nèɖe Mɔ Nusia Dzɔ?’

RICARDO gaɖoa ŋku ɣeyiɣi si woa kple srɔ̃a, Maria, nɔ ɖɔkta la lalam le xɔ aɖe me la dzi kokoko. * Dzi menɔ wo dometɔ aɖeke ƒo be yeaxlẽ dodokpɔ si Maria wɔ nyitsɔ laa le kɔadzi ŋutinya o. Emegbe Ricardo ʋu agbalẽkotokua, eye wòlé ŋku ɖe kɔdzi nuŋɔŋlɔa ŋu dzradzradzra. Woƒe ŋku kli nya si nye “kansa,” eye woa kple evea te avifafa, esi wonya nusi nya ma fia ta.

Ricardo gblɔ be: “Ðɔktaa ƒe dɔme fa ale gbegbe, gake anye be ede dzesii be nɔnɔmea ɖe fu, elabena eyi edzi nɔ gbɔgblɔm na mí be ele be míaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu.”

Hafi woadze keklẽŋusẽdɔdamɔnu zazã na Maria gɔme la, eƒe ɖɔktaa de dzesii be eƒe ɖusifɔ nɔ ƒoƒom. Dodokpɔ siwo wogawɔ ɖee fia be kansa la kaka ɖo eƒe ahɔhɔ̃ me. Le kwasiɖa ɖeka ko megbe la, wodzudzɔ keklẽŋusẽdɔdamɔnua zazã nɛ. Maria yi ɖi me eye wòku le ɣleti eve megbe. Ricardo ɖe nu me be: “Dzi dzɔm be eƒe fukpekpea nu tso, gake mesusui ale gbegbe be ɖeko medi be nye hã maku. Mefaa avi biaa Mawu edziedzi be: ‘Nukatae nèɖe mɔ nusia dzɔ?’”

Ne Afɔku Dzɔ la, Biabia Geɖewo Fɔna ɖe Te

Abe Ricardo ene la, fukpekpe vaa ame gbogbo aɖewo dzi le xexeame godoo. Zi geɖe la, amesiwo gbɔ vodada aɖeke metso o lae kpea fua. Bu nuxaxa vedziname si aʋa gbogbo siwo le dzɔdzɔm le ameƒomea dome la hena vɛ ŋu kpɔ. Alo bu vevesese si amewo gbɔ dɔdɔ sesẽe, ŋlɔmiwɔwɔ le ɖeviwo ŋu, ŋutasẽse le amewo ŋu le aƒeme, kple amegbetɔwo ƒe nuvɔ̃ɖiwɔwɔ bubuwo hena va ame gbogbo aɖewo dzii la ŋu kpɔ. Le ŋutinya me godoo la, edze abe seɖoƒe aɖeke meli na madzɔmadzɔnyenye kple fukpekpe si ŋutsuwo kple nyɔnuwo lɔ̃na faa hena vaa wo nɔewo dzii la o ene. (Nyagblɔla 4:1-3) Eye nuxaxa si dzɔdzɔmefɔkuwo alo seselelãme, susu me, kple ŋutilã me dɔlélewo dona na amewo hã li. Mewɔ nuku o be ame geɖe biana be, “Nukatae Mawu ɖe mɔ ɖe fukpekpe siawo gbegbe ŋu ɖo hã?”

Le amesiwo si mawusubɔsubɔ dzixɔsewo le gɔ̃ hã gome la, tenɔnɔ ɖe fukpekpe nu mele bɔbɔe kura o. Ðewohĩ wò hã àbia be susu kae anɔ Mawu lɔ̃ame, si nye ŋusẽkatãtɔ la si, si tae wòɖe mɔ amegbetɔwo le fu kpem hã. Ŋuɖoɖo si nye nyateƒe, si me kɔ, kpɔkpɔ na nyabiase tɔtɔame sia le vevie hena míaƒe susu me ƒe akɔdzeanyi kpakple mía kple Mawu dome ƒomedodo. Biblia na ŋuɖoɖo sia. Taflatse de ŋugble le nya si wògblɔ ŋu le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔawo.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Ðɔktaa yi edzi nɔ gbɔgblɔm na mí be ele be míaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu