Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe subɔsubɔha aɖe ƒe xɔ ƒeƒle atrɔe atsɔ awɔ Fiaɖuƒe Akpata anye xɔsetsakatsaka nuwɔna ƒomevi aɖea?

Zi geɖe la, Yehowa Ðasefowo ƒoa asa na kadodo siawo ƒomevi kple subɔsubɔha bubuwo. Ke hã, nuƒeƒle sia ƒomevi manye xɔsetsakatsaka nuwɔna o. Woate ŋu abui be enye nuƒeƒle nuwɔna ɖeka aɖe ko. Menye ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe hame si le nutoa me la le ɖeka wɔm kple subɔsubɔha bubu be woatu tadeaguƒe ne woa kpli wo woazã o.

Nukae nye xɔsetsakatsaka nuwɔna le Yehowa ŋkume? Bu mɔfiafia si apostolo Paulo na ŋu kpɔ: “Migazu amesiwo atsɔ kɔkuti tutɔ na dzimaxɔsetɔwo ti o! Elabena hadede kae le dzɔdzɔenyenye kple sedzimawɔmawɔ dome? Alo ƒomedodo kae le kekeli kple viviti dome? Alo aleke Kristo kple Belial asɔa? Alo gome kae li na xɔsetɔ kple dzimaxɔsetɔa? Alo ɖekawɔwɔ kae le mawuxɔ kple trɔ̃wo domea? . . . Eyaŋuti mido go le wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa, Aƒetɔ la gblɔe, eye migaka asi nu makɔmakɔ ŋuti o, eye nye la maxɔ mi.” (Korintotɔwo II, 6:14-17) Nukae Paulo wɔnɛ esime wòzã nya siwo nye “hadede” kple “ƒomedodo”?

Edze ƒã be hadede si Paulo yɔ la lɔ tadedeagu kpakple gbɔgbɔmehadede kple trɔ̃subɔlawo kple dzimaxɔsetɔwo ɖe eme. Exlɔ̃ nu Korintotɔwo tso ‘gomekpɔkpɔ le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplɔ̃ ŋuti’ ŋu. (Korintotɔwo I, 10:20, 21) Eyata xɔsetsakatsaka nuwɔna enye gomekpɔkpɔ le tadedeagu alo gbɔgbɔmehadede me ɖekae kple subɔsubɔha bubuwo. (Mose II, 20:5; 23:13; 34:12) Ne woƒle xɔ aɖe si subɔsubɔha aɖe zãna tsã la, taɖodzinu si ta woƒlee ɖo koe nye be xɔa nasu wo si woatsɔ awɔ Fiaɖuƒe Akpatae. Hafi woazãe abe Fiaɖuƒe Akpata ene la, woɖea alakpasubɔsubɔ me nuzazãwo katã ɖa le eme. Ne wotrɔ asi le eŋu vɔ la, wokɔa eŋu na Yehowa be woazãe hena tadedeagu na eyama ɖeɖeko. Ƒomedodo alo hadede aɖeke menɔa tadedeagu vavãtɔ kple alakpatɔ dome o.

Le xɔa ƒeƒle ŋuti ɖoɖowo wɔwɔ me la, ele be woaɖe kadodo kple amesiwo si woaƒlee le la dzi akpɔtɔ kura eye wòanye nudzadzra kple nuƒeƒle ŋuti ɖoɖo dzaa ko. Ele be Kristo-hamea me tɔwo naɖo ŋku nuxlɔ̃ame si Paulo na be ‘woagatsɔ kɔkuti tutɔ ɖe dzimaxɔsetɔwo ti o’ la dzi. Togbɔ be míesena le mía ɖokui me be míenyo wu amesiwo si dzixɔse bubuwo le o hã la, míeƒoa asa na hadede kpli wo alo kadodo kpli wo be woagakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi míakpɔ gome kpli wo le woƒe tadedeagu me o. *

Ke ne hame aɖe be yeahaya subɔsubɔha aɖe ƒe xɔ ya ɖe? Xɔa hayahaya awɔe be woa kple subɔsubɔha ma me tɔwo anɔ go dom edziedzi, si nye nusi wòle be woaƒo asa na. Nenye be woahaya xɔa azã le wɔna ɖeka aɖe pɛ ko me hã la, ele be hamemegãwo ƒe ha la nabu nya siawo ŋu kpɔ: Ðe kpememe kple subɔsubɔdzesi aɖewo anɔ xɔa me kple eŋutia? Aleke nutoa me tɔwo abu míaƒe xɔa zazãe? Ðe xɔ sia zazã aɖia ame aɖe nu le hamea mea? (Mateo 18:6; Korintotɔwo I, 8:7-13) Hamemegãwo abu nya siawo ŋu ahawɔ nyametsotso si sɔ. Ele be woabu woa ŋutɔwo kple hame bliboa ƒe dzitsinya ŋu ne wole ebum kpɔ be anyo be yewoaƒle xɔ sia ahatrɔe awɔ Fiaɖuƒe Akpatae hã.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Kpɔ April 15, 1999 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 28 kple 29, hena asitsaɖoɖo siwo sɔ wɔwɔ kple habɔbɔ siwo medzea Yehowa ŋu o ŋuti nyatakaka.

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Woƒle xɔ sia, si nye gbedoxɔ tsã, hetrɔ asi le eŋu wòzu Fiaɖuƒe Akpata