Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Aʋatsodzixɔse Kpɔ Ŋusẽ Ðe Amewo ƒe Agbe Dzii

Alesi Aʋatsodzixɔse Kpɔ Ŋusẽ Ðe Amewo ƒe Agbe Dzii

Alesi Aʋatsodzixɔse Kpɔ Ŋusẽ Ðe Amewo ƒe Agbe Dzii

ÈƑO go ame aɖe esime nèle go dom tso aƒewò me. Èkli kpe. Xevi aɖe tɔgbe xlɔ̃ le zã me. Èkua drɔ̃e aɖe tɔgbe edziedzi. Nusiawo nye nu dzrowo ko na ame geɖe. Gake le Ɣetoɖoƒe Afrikatɔ aɖewo gome la, woate ŋu abu nusiawo abe dzesiwo, afakadzesiwo, alo gbedasi siwo tso gbɔgbɔmexexea me ene. Wonɔa te ɖe dzesia kple egɔmeɖeɖe dzi aƒo nya ta be dzɔgbenyui alo dzɔgbevɔe le ŋgɔ na ame.

Enye nyateƒe be menye Afrika koe aʋatsodzixɔsewo le o. Togbɔ be ƒe geɖe enye esia si Chinatɔwo kple dukɔ siwo nɔ Soviet Union me tsã xɔe se be Mawu meli o hã la, wo dometɔ akpa gatɔ gakpɔtɔ lé aʋatsodzixɔsewo me ɖe asi kokoko. Le Ɣetoɖoƒedukɔwo me la, ame geɖe kaa ɣletivimefa ku ɖe woƒe dzigbe ŋu, vɔ̃na na ɣletiŋkeke 13 lia si dze Fiɖa dzi, heƒoa asa na dadi yibɔwo. Amesiwo tso Dziehe Ʋĩ ƒe nutowo me bua dziehe kekeliwo be wonye aʋawɔwɔ kple dɔvɔ̃ ƒe afakadzesiwo. Le India la, agbatsɔʋukula siwo xɔe se be ehiã be yewoadɔ nyɔnuwo gbɔ ale be yewoƒe lãme nagatɔ dzo le ŋkeke siwo dzi ŋdɔ ʋuna sesĩe o lae le AIDS dɔlélea kakam. Le Japan la, tomemɔɖelawo xɔe se be ne nyɔnu aɖe to mɔ si woɖe to tome dzi hafi wowu enu la, enyea fiƒode. Aʋatsodzixɔsewo de ŋgɔ le kamedefefe xɔŋkɔwo hã me. Volleyball ƒola aɖe gblɔ kura gɔ̃ hã be yeƒe afɔwui yibɔ siwo yedona ɖe ɣiawo teƒee na yewoɖua dzi edziedzi ɖo. Míate ŋu ayɔ aʋatsodzixɔseawo woavɔ o.

Ke wò ya ɖe? Ðe vɔvɔ̃ manyatalenu aɖe si be ɖe mewò na nède vovo ge do kpoea? Ðe “dzixɔse, nane dzixɔxɔse vie, alo kɔnu aɖe si dze abe gɔmesese mele eŋu o” la kpɔa ŋusẽ ɖe dziwòa? Wò ŋuɖoɖoa ate ŋu aɖee afia, elabena nenemae numekugbalẽ aɖe ɖe nya “aʋatsodzixɔse” mee.

Amesi naa aʋatsodzixɔse kpɔa ŋusẽ ɖe eƒe nyametsotsowo kple gbesiagbenuwɔnawo dzi la le mɔ ɖem le eɖokui ŋu be nane si gɔme eya ŋutɔ mese nyuie o la nakpɔ ŋusẽ ɖe edzi. Ðe nunya le esia mea? Ðe wòle be míana ta nane si me menya sena o eye wòate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe mia dzi la? Ðe aʋatsodzixɔse nye nu maɖinu si mele vevie oa alo nu dziŋɔ si agble nu le mía ŋue wònyea?