Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Mawu Ƒe Nu Dzɔtsuwo” Ʋãa Mí

“Mawu Ƒe Nu Dzɔtsuwo” Ʋãa Mí

 “Mawu Ƒe Nu Dzɔtsuwo” Ʋãa Mí

“Míese wole Mawu ƒe nu dzɔtsuwo gblɔm le mía ŋutɔwo degbe me.”—DƆWƆWƆWO 2:11.

1, 2. Nu wɔnuku kae dzɔ le Yerusalem le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi?

ƑE 33 M.Ŋ. ƒe adame ƒe Kwasiɖagbe ŋdi aɖe la, nu wɔnuku aɖe dzɔ ɖe ŋutsu kple nyɔnu siwo nye Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si kpe ta le aƒe aɖe me le Yerusalem la dzi. “Kasia gbe aɖe ɖi tso dziƒo abe yaƒoƒo sesẽ ene, eye wòyɔ aƒe, si me wole la fũ. Eye aɖe mamãwo do ɖe wo gbɔ le abe dzoƒaɖewo ene, . . . Eye gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ wo katã taŋtaŋ, eye wode asi gbe bubuwo gbɔgblɔ me.”—Dɔwɔwɔwo 2:2-4, 15.

2 Ameha gã aɖe kpe ta le aƒea ŋkume. Wo dometɔ aɖewo nye Yudatɔ siwo wodzi ɖe duta, “ŋutsu, siwo vɔ̃a Mawu” siwo va Yerusalem va Pentekoste-ŋkekenyuia ɖu ge. Woƒe mo wɔ yaa elabena wo dometɔ ɖesiaɖe se nusrɔ̃laawo nɔ “Mawu ƒe nu dzɔtsuwo” gblɔm le woa ŋutɔwo degbe me. Aleke ema ate ŋu adzɔe esi amesiwo nɔ nua ƒom la katã nye Galileatɔwo?—Dɔwɔwɔwo 2:5-8, 11.

3. Gbedasi kae apostolo Petro gblɔ na ameha la le Pentekoste-ŋkekea dzi?

3 Apostolo Petro nɔ Galileatɔ mawo dome. Eɖe nu me be kwasiɖa ʋɛ aɖewo do ŋgɔ la, ame madzɔmadzɔwo wu Yesu Kristo. Gake Mawu fɔ Via ɖe tsitre tso ame kukuwo dome. Le Yesu ƒe tsitretsitsia megbe la, eɖe eɖokui  fia eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ geɖe, siwo dome Petro kple ame bubu siwo le afisia la nɔ. Ŋkeke ewo pɛ do ŋgɔ la, Yesu lia yi dziƒo. Eyae kɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe eƒe nusrɔ̃lawo dzi. Ðe gɔmesese aɖe le nya sia ŋu na Pentekoste-ŋkekenyuia ɖulawoa? Ẽ. Yesu ƒe kua ʋu mɔ na wo be woakpɔ woƒe nuvɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke eye be woaxɔ ‘gbɔgbɔ kɔkɔea wòanye nunana’ ne woxɔ eyama dzi se ko. (Dɔwɔwɔwo 2:22-24, 32, 33, 38) Eyata aleke nua teƒekpɔlawo wɔ nui ɖe ‘Mawu ƒe nu dzɔtsu’ siwo wose la ŋu? Eye aleke nudzɔdzɔ sia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míada subɔsubɔ si mía ŋutɔwo míetsɔna na Yehowa la kpɔ?

Eʋã Wo Wotso Kpla Ðe Dɔ Ŋu!

4. Yoel ƒe nyagblɔɖinya kae va eme le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi?

4 Esi nusrɔ̃la siwo nɔ Yerusalem nya xɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ko la, womegblẽ ɣeyiɣi kura le xɔxɔ nyanyuia gbɔgblɔ na ame bubuwo me o, wodze egɔme tso ameha siwo kpe ta le Pentekoste-ŋkekea dzi ŋdi ma la dzi. Woƒe gbeƒãɖeɖea na nyagblɔɖi ɖedzesi aɖe si Yoel, Petuel vi, ŋlɔ ƒe alafa enyi do ŋgɔ la va eme: “Matrɔ nye gbɔgbɔ la akɔ ɖe ŋutilãwo katã dzi, eye miaƒe ŋutsuviwo kple miaƒe nyɔnuviwo agblɔ nya ɖi, miaƒe amegã ɖeɖiwo aku drɔ̃ewo, eye miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutegawo. Matrɔ nye gbɔgbɔ la akɔ ɖe kluviwo kple kosiviwo hã dzi ɣemaɣi. . . . Hafi Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la nava ɖo.”—Yoel 1:1; 3:1, 2, 4; Dɔwɔwɔwo 2:17, 18, 20.

5. Susu ka nue ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo gblɔ nya ɖi le? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

5 Ðe esia fia be Mawu aɖo nyagblɔɖilawo ƒe dzidzime aɖe, woanye ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa abe Dawid, Yoel, kple Debora ene, ahazã wo woagblɔ etsɔme ɖia? Ao. ‘Ŋutsuvi kple nyɔnuvi, kluvi kple kosivi’ Kristotɔwo agblɔ nya ɖi le susua nu be Yehowa ƒe gbɔgbɔ aʋã wo woaɖe gbeƒã ‘nu dzɔtsu’ siwo Yehowa wɔ va yi kple esiwo wòagawɔ la. Eyata woanye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nyanuɖelawo. * Gake aleke ameha la wɔ nui?—Hebritɔwo 1:1, 2.

6. Esi ameha la se Petro ƒe nuƒoa la, nukae wòʋã wo dometɔ geɖe wowɔ?

6 Esi amehaawo se Petro ƒe numeɖeɖea la, eʋã wo dometɔ geɖe wowɔ afɔɖeɖe. ‘Woxɔ eƒe nyaa eye wonyrɔ wo; eye le ŋkeke ma dzi wotsɔ luʋɔ siwo anɔ akpe etɔ̃ kpe ɖe wo ŋu.’ (Dɔwɔwɔwo 2:41) Esi dzɔdzɔme Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla zu Yudatɔwoe wonye ta la, wonya Ŋɔŋlɔawo me nya veviwo xoxo. Sidzedze ma tsɔ kpe ɖe Petro ƒe nufiafia si dzi woxɔ se ŋu dzie wonɔ te ɖo na nyɔnyrɔ wo ‘ɖe Fofo la, kple Vi la, kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me.’ (Mateo 28:19) Le woƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, ‘woyi edzi nɔ apostoloawo ƒe nufiafia xɔm.’ Le ɣeyiɣi ma ke me la, wote xɔse yeye si su wo si la ŋu nya gbɔgblɔ na ame bubuwo. Le nyateƒe me la, ‘wonɔa gbedoxɔ me gbesiagbe kple tame ɖeka, henɔa Mawu kafum,  eye wokpɔ amenuveve le dukɔ blibo la katã gbɔ.’ Emetsonue nye be ‘Yehowa yi edzi nɔ amesiwo woaxɔ ɖe agbe kpem ɖe ha la ŋu gbesiagbe.’ (Dɔwɔwɔwo 2:42, 46, 47) Woɖo Kristo-hame yeyewo le dukɔ siwo me xɔsetɔ yeye siawo nɔ la dometɔ geɖe me. Ðikeke mele eme o be le mɔ aɖe ya teti nu la, nusi gbɔ dzidziɖedzi sia tso enye alesi wodo vevie ɖe gbeƒã “nyanyuia” esime wotrɔ yi aƒe.—Kolosetɔwo 1:23.

Mawu ƒe Nya la Sẽa Ŋu

7. (a) Nukae hea dukɔwo katã me tɔwo vaa Yehowa ƒe habɔbɔa gbɔ egbea? (b) Nukae ɖee fia be dzidziɖedzi geɖe ava le miaƒe nutoa me kple le xexeame godoo? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

7 Ke amesiwo di be yewoazu Mawu subɔlawo egbea ya ɖe? Ehiã be woawo hã nasrɔ̃ Mawu ƒe Nyaa nyuie. Ne wole esrɔ̃m la, woava dze si Yehowa be enye Mawu ‘nublanuikpɔla kple amenuvela, amesi gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ.’ (Mose II, 34:6; Dɔwɔwɔwo 13:48) Wosrɔ̃a nu tso tafenaɖoɖo si Yehowa wɔ dɔmenyotɔe to Yesu Kristo dzi, amesi ƒe ʋu ate ŋu akɔ wo ŋu tso nuvɔ̃wo katã me la ŋu. (Yohanes I, 1:7) Mawu ƒe tameɖoɖo be ‘yeafɔ ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa ɖe tsitre’ hã va doa dzidzɔ na wo ale gbegbe. (Dɔwɔwɔwo 24:15) Lɔlɔ̃ na ‘nu dzɔtsu’ siawo Tsoƒe xɔa aƒe ɖe wo me vevie, eye wòʋãa wo be woaɖe gbeƒã nyateƒe xɔasi siawo. Emegbe wova zua Mawu subɔla ɖeadzɔgbe xɔnyɔnyrɔwo heyia edzi ‘tsina le sidzedze Mawu me.’ *Kolosetɔwo 1:11a; Korintotɔwo II, 5:14.

8-10. (a) Aleke nyɔnu Kristotɔ aɖe ƒe nuteƒekpɔkpɔ ɖo kpe edzi be Mawu ƒe Nya ‘sẽa ŋu’? (b) Nukae nuteƒekpɔkpɔa fia wò ku ɖe Yehowa kple alesi wòwɔa nu kple esubɔlawoe ŋu? (Mose II, 4:12)

8 Sidzedze si sua Mawu subɔlawo si to woƒe Biblia sɔsrɔ̃ me la menye sidzedze kpɔtsɔe o. Sidzedze ma ʋãa woƒe dzi, trɔa woƒe nukpɔsusu, heva nyea woƒe ameti bliboa ƒe akpa aɖe. (Hebritɔwo 4:12) Le kpɔɖeŋu me, woxɔ nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Camille wònye ame tsitsiwo dzikpɔla. Amesiwo dzi wòkpɔna dometɔ ɖekae nye Martha, si nye Yehowa Ðasefo. Esi wònye tagbɔdɔ sesẽ aɖe le Martha ŋu ta la, ehiã be ŋku nanɔ eŋu ɣesiaɣi. Ðe woɖoa ŋku edzi nɛ hafi wòɖua nu—alo ami nuɖuɖua gɔ̃ hã. Gake nu ɖeka aɖe ya tsi Martha ƒe susu me ɖikaa, abe alesi míakpɔe ene.

9 Gbeɖeka Martha kpɔe be nu te ɖe Camille dzi vevie wònɔ avi fam. Martha kpla asi kɔ na Camille hegblɔ nɛ be yeasrɔ̃ Biblia kplii. Gake ɖe ame abe Martha ene ate ŋu awɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kple amea? Ẽ, ete ŋui! Togbɔ be Martha ŋlɔ nusianu kloe be hã la, meŋlɔ eƒe Mawu, nu dzɔtsuwo wɔla la be o; eye meŋlɔ nyateƒe xɔasi si wòsrɔ̃ tso Biblia me hã be o. Le nua sɔsrɔ̃ me la, Martha biana tsoa Camille si be wòaxlẽ memama ɖesiaɖe, axlẽ Ŋɔŋlɔ siwo woyɔ, abia nyabiabia siwo le axaa te, ahaɖo wo ŋu. Aleae nusɔsrɔ̃a yi edzii hena ɣeyiɣi aɖe, eye togbɔ be Martha ƒe nɔnɔmea nɔ nenema hã la, Camille wɔ ŋgɔyiyi le Biblia me sidzedze gome. Martha de dzesii be ehiã be Camille nade ha kple amesiwo tsɔ ɖe le Mawu subɔsubɔ me. Le esia ta la, etsɔ awu kple afɔkpa na eƒe nusrɔ̃via, ale be Camille nakpɔ awu si sɔ ado atsɔ ayi eƒe kpekpe gbãtɔ le Fiaɖuƒe Akpata me.

10 Martha ƒe ɖetsɔleme, kpɔɖeŋu, kple dzixɔsea ʋã Camille ale gbegbe. Ekpɔe dze sii be nusi Martha nɔ agbagba dzem be yeafia ye le Biblia me le vevie ŋutɔ, elabena Martha ŋlɔ nusianu kloe be negbe nusi wòsrɔ̃ tso Ŋɔŋlɔawo me koe meŋlɔ be o. Emegbe esi woɖe Camille yi teƒe bubu la, ede dzesii be ɣeyiɣi de be yeawɔ afɔɖeɖe. Esi mɔnukpɔkpɔ gbãtɔ su esi la, edo awu kple afɔkpa si Martha  tsɔ nɛ la heyi Fiaɖuƒe Akpata me eye wòbia be woawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kpli ye. Camille wɔ ŋgɔyiyi nyuiwo eye wòxɔ nyɔnyrɔ.

Eʋã Wo Wowɔ Yehowa ƒe Dzidzenuwo Dzi

11. Tsɔ kpe ɖe veviedodo gbeƒãɖeɖedɔa ŋu la, aleke míate ŋu aɖee afia be Fiaɖuƒegbedasia ʋãa mí?

11 Egbea, Yehowa Ðasefo miliɔn ade kple edzivɔe li, amesiwo le gbeƒã ɖem ‘fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia’ le xexeame katã, abe Martha kple Camille ene. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Abe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ene la, “Mawu ƒe nu dzɔtsuwo” ʋãa wo vevie. Edzɔa dzi na wo be mɔnukpɔkpɔ su yewo si be Yehowa ƒe ŋkɔ le yewo ŋu eye be ekɔa eƒe gbɔgbɔa ɖe yewo dzi. Eyata wodzea agbagba ɖesiaɖe be ‘yewoazɔ alesi dze Yehowa ahawɔ nu wòadze eŋu ɣesiaɣi,’ ahatsɔ eƒe dzidzenuwo awɔ dɔe le woƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa. Nusiwo me wòle be woatsɔ Mawu ƒe dzidzenuwo awɔ dɔe le dometɔ aɖee nye awudodo kple dzadzraɖo.—Kolosetɔwo 1:10a; Tito 2:10.

12. Awudodo kple dzadzraɖo ŋuti nuxlɔ̃ame kae dze tẽ le Timoteo I, 2:9, 10?

12 Ẽ, Yehowa ɖo dzidzenuwo ɖi le alesi wòle be míaƒe dzedzeme nanɔ ŋu. Apostolo Paulo yɔ Mawu ƒe dzidzenuawo dometɔ aɖewo le go sia me. “Nyɔnuwo nado awu ɖe nɔnɔme nyui me, eye woawɔ leke na wo ɖokui le ŋukpekpe kple ɖokuidziɖuɖu me; menye kple ɖaƒoƒo vivivo kple sika alo adzagbawo alo awu xɔasi dodo o, ke nusi dze nyɔnu, siwo ʋua Mawu ƒe subɔsubɔ me la, enye be, woawɔ leke na wo ɖokui to dɔwɔwɔ nyuiwo me.” * Nukae míesrɔ̃ le nya siawo me?—Timoteo I, 2:9, 10.

13. (a) Nukae ‘awudodo ɖe nɔnɔme nyui me’ fia? (b) Nukatae míagblɔ be Yehowa ƒe dzidzenuwo mesẽ akpa o?

 13 Paulo ƒe nyawo fia be ele be Kristotɔwo “nado awu ɖe nɔnɔme nyui me.” Mele be woado awu ɖewoɖewoe, ɖekematsɔlemetɔe, alo ŋumaɖɔɖotɔe o. Amesiame kloe, amesiwo si nu mele boo o gɔ̃ hã ate ŋu aɖo dzidzenu sia si me nunya le la gbɔ eye woakpɔ egbɔ be yewoƒe nudodowo le dzadzɛ, le kɔkɔe, hesɔ ŋku. Le kpɔɖeŋu me, ƒe sia ƒe la, Ðasefo siwo le Anyiehe Amerika dukɔ aɖe me zɔa afɔ kilometa gbogbowo toa avewo me eye emegbe wonɔa akro me gaƒoƒo geɖe hafi yia woƒe nutome gã takpekpe. Le mɔa zɔzɔ me la, ame aɖewo gena dzea tɔ me zi geɖe alo ati vuvua woƒe awu. Eyata ne wova ɖo takpekpea wɔƒe la, woƒe dzedzeme menyakpɔna o. Eyata wogbɔa dzi ɖi dea awunugbui siwo tso, dzraa zip siwo gblẽ ɖo, eye wonyaa awu siwo woazã le takpekpea me heɖoa wo dzi. Wo kpekpe be woava ɖu nu le Yehowa ƒe kplɔ̃ ŋu dze wo ŋu ale gbegbe, eye wodina be yewoƒe nudodowo nasɔ.

14. (a) Nukae ‘lekewɔwɔ na ame ɖokui le ŋukpekpe kple ɖokuidziɖuɖu me’ fia? (b) Nukae wòlɔ ɖe eme be míadzra ɖo ‘wòasɔ na amesiwo gblɔna be yewodea bubu Mawu ŋu’?

14 Paulo yi edzi ɖee fia be ele be míadzra ɖo “le ŋukpekpe kple ɖokuidziɖuɖu me.” Esia fia be mele be míaƒe nudodowo nagbɔ eme, woatɔ ŋku, woanye esiwo dea gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro amewo me, esiwo me ametia dzena le alo awu sia awu si nya to ko míele egbɔ o. Gakpe ɖe eŋu la, ele be míaƒe nudodowo ‘nade bubu Mawu ŋu.’ Ðe mele be míade ŋugble le nya sia ŋu vevie oa? Menye be míadzra ɖo nyuie ne míeyina hamea ƒe kpekpewo gake miado nu ɖekematsɔlemetɔe ɣebubuɣiwo ƒe nyae wònye o. Ele be míaƒe dzedzeme naɖe bubudede nu ŋu ƒe nɔnɔme afia ɣesiaɣi elabena míenye Kristotɔwo kple subɔlawo gaƒoƒo 24 gbesiagbe. Ele eme baa be ele be míaƒe dɔwɔwuwo kple sukuwuwo nasɔ ɖe nusi wɔ ge míeyina nu ya. Ke hã ele be míado awu ɖe nɔnɔme nyui me eye bubu nanɔ eŋu. Ne míaƒe nudodowo ɖea míaƒe Mawu dzixɔsewo fiana ɣesiaɣi la, míaƒe dzedzeme mana míahe ɖe megbe le vomeɖaseɖiɖi ŋu gbeɖe o.—Petro I, 3:15.

‘Migalɔ̃ Xexeame O’

15, 16. (a) Nukatae wòle vevie be míaƒo asa na xexeame sɔsrɔ̃ le awudodo kple dzadzraɖo gome? (Yohanes I, 5:19) (b) Susu nyui ka tae wòle be míaƒo asa na awudodo kple lekewɔwɔ ƒe atsyã siwo gbɔ eme?

15 Aɖaŋuɖoɖo si le Yohanes I, 2:15, 16 hã nye míaƒe awudodo kple dzadzraɖo ŋuti mɔfiame. Míexlẽ be: “Migalɔ̃ xexeame kple nusiwo le eme o. Ne ame aɖe lɔ̃ xexeame la, Fofoa ƒe lɔlɔ̃ mele eme o. Elabena nusianu, si le xexeame: ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo la, metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexeame wotso.”

 16 Aleke gbegbe aɖaŋuɖoɖo ma sɔ ɖe ɣeyiɣia nui enye si! Le ɣeyiɣi sia si me hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu nu sẽ wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe la, mele be míaɖe mɔ xexeame nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nudodowo dzi o. Atsyã siwo me wole awu tɔm ɖo kple alesi wodzrana ɖoe yi to vevie le ƒe siawo me. Dɔwɔƒewo kple dɔnyala bibiwo ƒe nudidi le awudodo kple dzadzraɖo gome gɔ̃ hã menyea dzidzenu si dzi woate ŋu aka ɖo ɣesiaɣi le awudodo si sɔ na Kristotɔwo tiatia me o. Esia ganye susu bubu aɖe si ta wòle be míatsi dzi ɣesiaɣi ɖe alesi wòhiã be ‘míagana míaƒe anyinɔnɔ naɖi xexe sia me o’ ŋu ne míedi be míanɔ agbe ɖe Mawu ƒe nudidiwo nu ‘ahaɖo atsyɔ̃ na Mawu, mía xɔla ƒe nufiafia la le nuwo katã me.’—Romatɔwo 12:2; Tito 2:10.

17. (a) Biabia kawo ŋue míate ŋu ade ŋugble le ne míedi be míaƒle awu alo atia atsyã aɖe? (b) Nukatae wòle be ƒome ƒe tawo natsɔ ɖe le woƒe ƒomea me tɔwo ƒe nudodowo me vevie?

17 Hafi nàtso nya me be yeaƒle awu aɖe la, nunya le eme be nàbia ɖokuiwò be: ‘Nukatae atsyã sia dzɔ dzi nam? Modzakaɖela nyanyɛ aɖe—si ƒe nu dzɔa dzi nam—ŋue wònyae ɖoa? Gbevuviwo alo ƒuƒoƒo dzeaglã aɖe si doa ɖokuisinɔnɔ ƒe gbɔgbɔ ɖe ŋgɔ ƒe nudodo tɔgbeea? Ele be míalé ŋku ɖe awua ŋu nyuie hã. Ne awu legbe alo skɛt ye wònye la, aleke eƒe didime le? Alekee wotɔ awu bliboae? Ðe wònyo, hesɔ, eye bubu le eŋua, alo ɖe wòmĩa wò, nyɔa dzodzro ɖe ame me, alo le ɖewoɖewoea? Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe wòaɖia amewo nu ne medo awu sia?’ (Korintotɔwo II, 6:3, 4) Nukatae wòle be míatsɔ ɖe le nya sia me vevie? Elabena Biblia gblɔ be: “Kristo hã medze eɖokui ŋu o.” (Romatɔwo 15:3) Ele be Kristotɔwo ƒe ƒomewo ƒe tawo natsɔ ɖe le woƒe ƒomea me tɔwo ƒe nudodowo me vevie. Le bubudede Mawu kɔkɔe si subɔm wole ŋu ta la, mele be ƒome ƒe tawo nahe ɖe megbe le aɖaŋuɖoɖo sesẽ si me lɔlɔ̃ le nana ŋu ne ehiã o.—Yakobo 3:13.

18. Nukae ʋãa wò be nàlé ŋku ɖe wò nudodo kple dzadzraɖo ŋu?

18 Gbedasi si ƒe gbeƒã ɖem míele la tso Yehowa, amesi ƒe bubu kple kɔkɔenyenye ƒo ɖesiaɖe ta la gbɔ. (Yesaya 6:3) Biblia xlɔ̃ nu mí be míasrɔ̃ eyama “abe lɔlɔ̃viwo ene.” (Efesotɔwo 5:1) Míaƒe awudodo kple dzadzraɖo ate ŋu aƒo nu nyui alo vɔ̃a le míaƒe Dziƒofofoa ŋu. Ðikeke mele eme o be míedi be míado dzidzɔ na eƒe dzi!—Lododowo 27:11.

19. Viɖe kawoe dona tsoa gbeƒãɖeɖe ‘Mawu ƒe nu dzɔtsuwo’ na amewo me?

19 Aleke nèse le ɖokuiwò me le ‘Mawu ƒe nu dzɔtsu’ siwo ŋu nèsrɔ̃ nu tsoe la ŋu? Le nyateƒe me la, yayra ka gbegbee nye si wònye be míesrɔ̃ nyateƒea! Esi míexɔ Yesu Kristo ƒe ʋu si wòkɔ ɖe anyi la dzi se ta la, wotsɔa míaƒe nuvɔ̃wo kea mí. (Dɔwɔwɔwo 2:38) Esia na míete ŋu ƒoa nu faa le Mawu ŋkume. Míevɔ̃a ku abe amesiwo si mɔkpɔkpɔ aɖeke mele ene o. Ke boŋ Yesu na kakaɖedzi mí be gbeɖeka ‘amesiwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me ase eƒe gbe ahado go.’ (Yohanes 5:28, 29) Yehowa kɔ dɔme ɖe nusiawo katã fia mí. Gakpe ɖe eŋu la, ekɔa eƒe gbɔgbɔa ɖe mía dzi. Eyata ele be ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nunana nyui siawo katã ŋu naʋã mí míade bubu eƒe dzidzenu kɔkɔwo ŋu ahatsɔ veviedodo geɖe akafui, eye míanɔ gbeƒã ɖem ‘nu dzɔtsu’ siawo na ame bubuwo.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 5 Esi Yehowa tia Mose kple Aron be woaɖaƒo nu na Farao ɖe eƒe amewo nu la, Egblɔ na Mose be: “Mana nànye Mawu ɖe Farao nu, eye nɔviwò Aron azu wò nyagblɔɖila.” (Mose II, 7:1, NW ) Aron nye nyagblɔɖila, menye kple susu be wòagblɔ nusiwo ava dzɔ le etsɔme ɖi o, ke boŋ eva zu Mose ƒe nyanuɖela.

^ mm. 7 Ame gbogbo siwo va Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu ƒe ŋkuɖodzi si míeɖuna ƒe sia ƒe ɖuƒe le March 28, 2002 dzi la dometɔ miliɔn geɖe mekpɔ nye Yehowa subɔlawo haɖe o. Míele gbe dom ɖa be eteƒe madidi o ɖetsɔlemetɔ siawo dometɔ geɖe ƒe dzi aʋã wo woava nye nyanyuigbeƒãɖelawo.

^ mm. 12 Togbɔ be Kristotɔ nyɔnuwoe Paulo ŋlɔ eƒe nyawo na hã la, gɔmeɖose ma ke ku ɖe ŋutsu Kristotɔwo kple sɔhɛwo hã ŋu.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• ‘Nu dzɔtsu’ kawo ŋu nyae amewo se le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi, eye aleke wowɔ nui?

• Aleke ame wɔna va nyea Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃la, eye nukae nusrɔ̃lanyenye lɔ ɖe eme?

• Nukatae wòle vevie be míalé ŋku ɖe míaƒe awudodo kple dzadzraɖo ŋu?

• Nukawo ŋue wòle be míade ŋugble le akpɔ ɖa be awu alo atsyã aɖe sɔ?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Petro ɖe gbeƒã be wofɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome

[Nɔnɔmetata siwo le axa 17]

Ðe wò dzedzeme ƒoa nu nyui tso Mawu si nèsubɔna ŋua?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

Ele be dzila Kristotɔwo natsɔ ɖe le woƒe ƒomea me tɔwo ƒe nudodowo me