Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒea le Fiji Ƒukpowo Dzi

Gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒea le Fiji Ƒukpowo Dzi

Míenye Amesiwo Si Xɔse Le

Gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒea le Fiji Ƒukpowo Dzi

YESU KRISTO ƒo nu tso mɔ eve aɖewo ŋu kpɔ. Ðeka le gbadzaa gake ekplɔa ame yia ku me. Evelia xaxa gake ekplɔa ame yia agbe me. (Mateo 7:13, 14) Be amewo nate ŋu atia mɔ nyuitɔ la, Yehowa Mawu ɖoe be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒenyanyuia le xexe bliboa me. (Mateo 24:14) Ewɔe be amewo le to ɖom Fiaɖuƒegbedasia le afisiafi, eye wo dometɔ aɖewo le agbe tiam va le ‘amesiwo si xɔse le hena luʋɔ xɔxɔ ɖe agbe’ zum. (Hebritɔwo 10:39) Míekpe wò be nàxlẽ nu tso tiatia si ame aɖewo wɔ le Fiji kple Anyiehe Pasifik ƒukpo bubu siwo te ɖe eŋu dzi la ŋuti.

Woɖo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu

Sukuvi dzaa koe Mere nye esime wòse Fiaɖuƒegbedasia zi gbãtɔ le ƒe 1964 me. Esi wòsa ɖe aga le ƒukpo aɖe si gbɔ didi dzi ta la, medoa go Yehowa Ðasefowo boo o. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Biblia me sidzedze vavãtɔ va su esi. Ɣemaɣi la, eva ɖe ŋutsu aɖe si nye fia le kɔƒe si ŋutsua tso me. Le esi Mere tia be yeanɔ agbe ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu ta la, srɔ̃aŋutsu kple eƒe ƒometɔwo wɔa anyra le eŋu, eye kɔƒea me tɔwo medea nu eme nɛ o. Ke hã exɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1991 me.

Le ema megbe kpuie la, Mere srɔ̃ŋutsua, Josua, va ɖe asi le adãwɔwɔa ŋu eye wòva nɔa anyi ne Mere le Biblia me dzrom kple viawo. Josua va dzudzɔ Methodist Sɔleme dede. Gake esi wònye fia ta la, eganɔa zi me le kɔƒea ƒe kwasiɖa sia kwasiɖa kpekpewo me. Le kɔƒea me tɔwo ƒe nukpɔkpɔ nu la, Josua nye nuteƒemawɔla, elabena Methodist Sɔlemeha la wɔa akpa vevi aɖe le Fiji-kɔƒea me nɔlawo ƒe agbe me. Eyata osɔfo si le afima xlɔ̃ nu Josua be wòatrɔ va haa me.

Josua gblɔ dzinɔameƒotɔe be ye kple yeƒe ƒomea wɔ tiatia eye yewoɖoe kplikpaa be yewoasubɔ Yehowa Mawu “le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.” (Yohanes 4:24) Le kɔƒea ƒe kpekpe si gakplɔe ɖo me la, fiagã la tso nya me be yewonyã Josua kple eƒe ƒomea le yewo dome eyata woadzo le kɔƒea me. Wona ŋkeke adre wo be woadzo le ƒukpoa dzi kple le woƒe aƒe, anyigba, kple agblemenuwo gbɔ—ẽ, le nusianu si dzi woƒe agbe nɔ te ɖo gbɔ.

Gbɔgbɔmenɔvi siwo le ƒukpo bubu dzi va kpe ɖe Josua kple eƒe ƒomea ŋu, eye wokpe ɖe wo ŋu na nɔƒe wo be woanɔ kple anyigba wo be woade agble ɖe edzi. Josua kple viaŋutsu tsitsitɔ xɔ nyɔnyrɔ fifia, eye viaŋutsu bubu nye nyanyui gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ. Nyitsɔ laa la, Mere zu gbesiagbe mɔɖela (ɣeyiɣiawo katã ƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖela). Tiatia si wowɔ be yewoasubɔ Yehowa wɔe be nɔƒe ge le wo si eye wobu ŋutilãmenuwo, gake abe apostolo Paulo ene la, wobu nusia be meɖi naneke o ne wotsɔe sɔ kple nusi va su wo si ɖe eteƒe.—Filipitɔwo 3:8.

Tiatia si Lɔ Dzitsinya Ðe Eme

Ebia xɔse kple dzinɔameƒo be woatia be woawɔ nu ɖe dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee nu. Ðikeke mele eme o be aleae wònɔ le Suraang, si nye ɖetugbi le Tarawa, si nye Kiribati ƒukpoawo dometɔ ɖeka dzi, amesi xɔ nyɔnyrɔ eteƒe medidi o gome. Suraang bia be woaɖe ye le dɔnɔdzikpɔdɔ si wɔm wònɔ le kɔdzi ƒe dɔwɔna aɖe me. Womexɔ eƒe biabiaa nɛ o, eye ewɔe be woɖoe ɖe atikewɔƒe sue aɖe dzikpɔƒe le ƒukpo saɖeaga aɖe dzi afisi kadodo meganɔ wo kple eƒe hametɔwo dome o.

Nusi wolɔ̃a wɔwɔ le ƒukpo ma dzi enye be amesiwo va yeyee la nasa vɔ na afima ƒe “gbɔgbɔ.” Ameawo xɔe se be nusia mawɔmawɔ akplɔ ame ayi ku mee. Esi Suraang gbe be womawɔ trɔ̃subɔsubɔ nuwɔna sia na ye kple ye ŋu mewo o ta la, kɔƒea me nɔlawo nɔ mɔ kpɔm be gbɔgbɔa ado dziku alé ve nɛ wòaku. Esi nuvevi aɖeke mewɔ Suraang alo eŋumewo o ta la, mɔnukpɔkpɔ geɖe ʋu ɖi nɛ be wòɖi ɖase nyui aɖe.

Gake Suraang ƒe dodokpɔawo mese ɖe afima o. Ðekakpui siwo le ƒukpoa dzi dometɔ aɖewo bunɛ hoʋiʋlii be yewoable ɖetugbi siwo nye amedzro le afima nu adɔ kpli wo. Gake Suraang tsi tre ɖe woƒe ahiãnyaawo ŋu eye wòyi edzi wɔ nuteƒe na Mawu. Le nyateƒe me la, ete ŋu wɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa, togbɔ be gaƒoƒo 24 ye wòwɔa dɔnɔdzikpɔdɔa gbesiagbe hã.

Do ŋgɔ na kplɔ̃ɖoɖo na Suraang esi wògbɔna dzodzo ge le ƒukpoa dzi la, kɔƒea me me tsitsiwo gblɔ be eyae nye dutanyanyuigblɔla vavã gbãtɔ si va yewo gbɔ kpɔ. Le alesi wòlé Biblia ƒe gɔmeɖosewo me ɖe asi goŋgoŋ ta la, ame bubu siwo le ƒukpoa dzi xɔ Fiaɖuƒegbedasia nyuie.

Ŋutilã me Kuxiwo

Alesi kɔƒe aɖewo sa ɖe agae fia be ele na Yehowa ƒe amewo be woadze agbagba geɖe ŋutɔ hafi ate ŋu akpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔ kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo me. Bu Ðasefo xɔnyɔnyrɔ ene—ŋutsu ɖeka kple nyɔnu etɔ̃—amesiwo zɔa mɔ gaƒoƒo geɖe yina kpekpewo gagbɔna ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Wozɔa afɔ tsoa tɔsisi etɔ̃ le yiyi kple gbɔgbɔ me. Ne tsia ɖɔ la, nɔviŋutsua ƒua tsia tsonɛ gbã, eye ehea nuɖaze gã aɖe si me woƒe akplowo, agbalẽwo, kple kpekpeyiwuwo le tsɔ tsonɛ. Emegbe egaƒua tsia va kpena ɖe nɔvinyɔnu etɔ̃awo ŋu.

Ƒuƒoƒo sue bubu si dea kpekpeawo le Nonouti ƒukpo si sa ɖe aga dzi le Kiribati la doa go kuxi vovovo. Ame adre alo enyi koe te ŋu nɔa xɔ si me wokpena le me. Vavala bubuwo nɔa xexe eye wokpɔa nu toa gakpɔawo me. Kpekpea wɔƒe le afisi kɔƒea me tɔ bubuwo te ŋu kpɔnɛ nyuie le ne wotso woƒe sɔlemexɔ gãawo me gbɔna alo yina. Gake Yehowa subɔlawo nya be amewoe nye nu nyoameŋuwo ŋutɔŋutɔ le Mawu ƒe nukpɔkpɔ nu ke menye xɔwoe o. (Xagai 2:7) Nɔvinyɔnu si ɖeka koe xɔ nyɔnyrɔ le ƒukpoa dzi la tsi eye mete ŋu zɔna yia didiƒe o. Gake ɖetugbivi aɖe si nye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔe tutunɛ le keke me tsɔ naa kpekpeɖeŋui le subɔsubɔdɔa me. Ŋudzedzekpɔkpɔ ka gbegbee nye si woɖena fiana ɖe nyateƒea ŋu!

Gbeƒãɖela 2,100 kple edzivɔ siwo le subɔsubɔm le Fiji ƒukpoawo dzi ɖoe kplikpaa be yewoayi edzi aɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea. Eye woka ɖe edzi be ame bubu geɖe gagbɔna “amesiwo si xɔse le hena luʋɔ xɔxɔ ɖe agbe la dometɔwo” zu ge.

[Anyigbatata si le axa 8]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Australia

Fiji