“Eƒe Gaƒoƒo Mede Haɖe O”
“Eƒe Gaƒoƒo Mede Haɖe O”
“Ame aɖeke medo asi ɖe egbɔ o; elabena eƒe gaƒoƒo mede haɖe o.”—YOHANES 7:30.
1. Nu eve kawoe kpɔ ŋusẽ ɖe Yesu ƒe nuwɔna dzi?
YESU KRISTO gblɔ na eƒe apostolowo be: “Amegbetɔvi la meva bena, woasubɔ ye o, ke boŋ bena yeasubɔ, eye yeatsɔ eƒe agbe la ana ɖe ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta.” (Mateo 20:28) Egblɔ na Roma-mɔ̃mefia Pontio Pilato be: “Esia ta wodzim ɖo, eye esia ta meva xexeame ɖo, bena maɖi ɖase na nyateƒe la.” (Yohanes 18:37) Yesu nya nusi tututu ta wòaku kple dɔ si wòle be wòawɔ hafi aku. Ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si wòatsɔ awɔ eƒe dɔa awu enu hã le nyanya nɛ. Ƒe etɔ̃ kple afã koe wòatsɔ awɔ eƒe Mesianyenye ƒe dɔae le anyigba dzi. Edze egɔme esime wòxɔ nyɔnyrɔ ɖe tsi me le Yordan Tɔsisia me (le ƒe 29 M.Ŋ. me) le kpɔɖeŋu ƒe kwasiɖa 70 lia si wogblɔ ɖi la ƒe gɔmedzedze eye wòwu enu esime wòku ɖe fuwɔameti ŋuti le kwasiɖa ma ƒe domedome (le ƒe 33 M.Ŋ. me). (Daniel 9:24-27; Mateo 3:16, 17; 20:17-19) Eyata nu eve koŋue kpɔ ŋusẽ ɖe nusiwo katã Yesu wɔ le anyigba dzi la dzi: woawoe nye tameɖoɖo si ta wòva kple ɣeyiɣi si woɖo ɖi nɛ si le nyanya nɛ.
2. Aleke woƒo nu tso Yesu Kristo ŋu le Nyanyuigbalẽawo mee, eye aleke wòɖee fia be yenya dɔ si wɔ ge yeva?
2 Nyanyuigbalẽawo me nuŋlɔɖiwo ƒo nu tso Yesu Kristo ŋu be enye amesi biã ŋku ɖe dɔ ŋu hetsa le Palestina-nyigba bliboa katã dzi, eye wòɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia hewɔ nukudɔ geɖe. Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔ si me dzo nɔ ƒe gɔmedzedze la, wogblɔ le eŋu be: “Eƒe gaƒoƒo mede haɖe o.” Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Nye azãgbe la mede vɔ haɖe o.” Esi eƒe subɔsubɔdɔa nɔ nuwuwu gogom la, ezã nyagbe Yohanes 7:8, 30; 12:23) Gaƒoƒo, alo ɣeyiɣi si woɖo ɖe dɔ si wode asi na Yesu, kple eƒe vɔsakua ŋu, si le nyanya nɛ anya kpɔ ŋusẽ ɖe nusi wògblɔ kple nusi wòwɔ dzi. Nusia gɔmesese ate ŋu ana míanya nu tso eƒe nɔnɔme kple tamesusu ŋu, eye wòakpe ɖe mía ŋu be “miadze eƒe afɔɖoƒewo yome” nyuie wu.—Petro I, 2:21.
sia be “gaƒoƒo la ɖo vɔ.” (Eɖoe Kplikpaa be Yeawɔ Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu
3, 4. (a) Nukae dzɔ le srɔ̃kpeƒe aɖe le Kana? (b) Nukatae Mawu ƒe Vi la gbe toɖoɖo Maria ƒe susu be wòawɔ nane tso wein ƒe vɔvɔ ŋu, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso esia me?
3 Ƒe 29 M.Ŋ. mee. Ŋkeke ʋɛ aɖewo koe nye ma va yi esi Yesu ŋutɔ tia eƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo vɔ. Ðeko wo katã wova srɔ̃kpeƒe aɖe le Kana, le Galilea nuto me koe nye ma. Yesu dada, Maria, hã nɔ afima. Wein vɔ le srɔ̃ɖelaawo si. Esi Maria nɔ edom ɖe via gbɔ be wòawɔ nane la, egblɔ nɛ be: “Wein mele wo si o.” Gake Yesu ɖo eŋu be: “Nyɔnu, nya kae le mía kple wò dome mahã? Nye gaƒoƒo meɖo haɖe o.”—Yohanes 1:35-51; 2:1-4.
4 Alesi Yesu ɖo nya ŋui be, “Nyɔnu, nya kae le mía kple wò dome mahã?” la nye alesi blematɔwo biaa nya tsɔ ɖenɛ fiana be yewomeda asi ɖe ame aɖe ƒe susu alo nuɖoɖo dzi o. Nukatae Yesu meda asi ɖe Maria ƒe nyawo dzi o? Ðeko wòxɔ ƒe 30 koe nye ma. Kwasiɖa ʋɛ aɖewo koe nye ema va yi esime wòxɔ nyɔnyrɔ, wosi ami nɛ kple gbɔgbɔ kɔkɔe, eye Yohanes Amenyrɔɖetsimela ɖee fia be enye “Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina.” (Yohanes 1:29-34; Luka 3:21-23) Fifia la, ele kokoko be eƒe mɔfiamewo natso Ŋusẽkatãtɔ si dɔe ɖa la gbɔ. (Korintotɔwo I, 11:3) Womaɖe mɔ be ame aɖeke, eɖanye eƒe ƒometɔ kplikplikpli gɔ̃ hã, natrɔ dɔ si wɔ ge Yesu va le anyigba dzi o. Aleke gbegbe Yesu ɖee fiae le alesi wòɖo nya ŋui na Maria me be yeɖoe kplikpaa be yeawɔ ye Fofo ƒe lɔlɔ̃nue nye si! Neva eme be míawo hã míaɖoe kplikpaa nenema be míawɔ ‘nusiwo katã Mawu ɖo na mí’ la dzi.—Nyagblɔla 12:13.
5. Nukunu kae Yesu Kristo wɔ le Kana, eye dɔ kae wòwɔ ɖe amewo dzi?
5 Esi Maria se nusita via gblɔ nya mawo ɖo gɔme ta la, edzo le egbɔ enumake hegblɔ na subɔlaawo bena: “Nusi ke wòagblɔ na mi la, miwɔe.” Eye Yesu kpɔ kuxia gbɔ. Ena subɔlaawo du tsi ɖe zɔawo me woyɔ, eye wòtrɔ tsia zu wein nyuitɔ kekeake. Nudzɔdzɔ sia nye nukunuwɔwɔ ƒe ŋusẽ si le Yesu si la ƒe gɔmedzedze si ɖee fia be Mawu ƒe gbɔgbɔ le edzi. Esi nusrɔ̃la yeyeawo kpɔ nukunu sia la, ŋusẽ ɖo woƒe xɔse ŋu.—Yohanes 2:5-11.
Ŋuʋaʋã Ðe Yehowa ƒe Aƒe Ŋu
6. Nukatae dzi ku Yesu ɖe nusi wòkpɔ le gbedoxɔa me le Yerusalem ŋu, eye afɔ kae wòɖe?
6 Eteƒe medidi o ƒe 30 M.Ŋ. ƒe adame ɖo, eye Yesu kple etɔwo dze mɔ yina Yerusalem be woava ɖu Ŋutitotoŋkekenyuia. Esi wonɔ afima la, eƒe nusrɔ̃lawo kpɔ woƒe Ŋgɔnɔla wòwɔ nu le mɔ aɖe nu si ɖewohĩ womekpɔe wòwɔ nenema kpɔ o. Yudatɔ asitsala ŋuklẽlawo le vɔsalã kple xewo dzram le gbedoxɔa me tututu. Eye wole ga gã xɔm le Yudatɔ tadeagula wɔnuteƒewo si. Esi dzi ku Yesu la, eɖe afɔ. Etsɔ kawo tro atam, eye wònyã nudzralaawo do goe. Etrɔ gaɖuɖɔlawo ƒe ga kɔ ɖe anyi, eye wòtu asi woƒe kplɔ̃wo ƒu anyi. Egblɔ na amesiwo le akpakpawo dzram la bena: “Mitsɔ nusiawo dzoe le afisia”! Esi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo kpɔe wòwɔ nu kple dzonɔameme ma gbegbe la, woɖo ŋku nya si wogblɔ ɖi ɖe Mawu ƒe Via ŋu la dzi be: “Ŋuʋaʋã ɖe wò aƒe ŋu mim.” (Yohanes 2:13-17; Psalmo 69:10) Ele be míawo hã míatsɔ dzonɔameme anɔ ŋudzɔ ɖe mɔɖeɖe ɖe xexeame ƒe nɔnɔmewo ŋu be womagaƒo ɖi míaƒe subɔsubɔ o.
7. (a) Nukae ʋã Nikodemo be wòayi Mesia la gbɔ? (b) Nukae míesrɔ̃ tso Yesu ƒe ɖaseɖiɖi na Samaria-nyɔnua me?
7 Esi Yesu nɔ Yerusalem la, ewɔ dzesi gãwo, eye ame geɖe xɔ edzi se. Nikodemo, amesi nye Sanhedrin, alo Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ, la me tɔ gɔ̃ hã kpɔ ŋudzedze ɖe Yesu ŋu eye Yohanes 2:23; 3:1-22; 4:1-42; Marko 1:14.
wòvaa egbɔ le zã me va srɔ̃a nu geɖe. Emegbe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ “Yuda-nutowo me” ɣleti enyi aɖewo eye wonɔ gbeƒã ɖem henɔ nusrɔ̃lawo wɔm. Gake esi wode Yohanes Amenyrɔɖetsimela gaxɔ me la, wodzo le Yudea heyi Galilea. Esi wozɔ to Samaria-nutowo me la, Yesu wɔ mɔnukpɔkpɔ aɖe ŋudɔ tsɔ ɖi ɖase na Samaria-nyɔnu aɖe tsitotsito. Esia ʋu mɔ na Samariatɔ geɖe wova zu xɔsetɔwo. Mina míawo hã míanɔ ŋudzɔ awɔ mɔnukpɔkpɔwo ŋudɔ aƒo nu tso Fiaɖuƒea ŋu.—Nufiafia Tsitotsito le Galilea
8. Dɔ ka gɔmee Yesu dze le Galilea?
8 Hafi ‘gaƒoƒoa’ nade na Yesu wòaku la, nu geɖe li wòawɔ le eƒe Dziƒofofoa ƒe subɔsubɔdɔa me. Yesu dze subɔsubɔdɔ geɖe wɔwɔ gɔme le Galilea wu esi wòwɔ le Yudea kple Yerusalem gɔ̃ hã. Eyi “ɖatsa le Galilea katã, le nu fiam amewo le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wòle gbeƒã ɖem fiaɖuƒe la ƒe nyanyui, eye wòle dɔlélewo katã kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖem ɖa le dukɔ la dome.” (Mateo 4:23) Eƒe nuxlɔ̃amenyawo ɖi le nuto bliboa katã me be: “Mitrɔ le miaƒe dzi me, elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ!” (Mateo 4:17) Le ɣleti ʋɛ aɖewo megbe, esi Yohanes Amenyrɔɖetsimela ƒe nusrɔ̃la eve va be yewoaxɔ nyatakaka tso Yesu ŋutɔ gbɔ la, egblɔ na wo bena: “Miheyi ɖagblɔ nusi miekpɔ kple nusi miese la, fia Yohanes bena: Ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm; tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsitre tsim, eye wole nyanyui la gblɔm fia ame dahewo. Eye woayra amesi mekpɔ nuɖiaɖia le ŋutinye o.”—Luka 7:22, 23.
9. Nukatae ameha geɖe dze Kristo Yesu yome ɖo, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nusia me?
9 ‘Woƒo nu nyui le Yesu ŋu le nuto siwo katã ƒo xlã wo me godoo,’ eye ameha geɖewo dze eyome—tso Galilea, Dekapoli, Yerusalem, Yudea, Luka 4:14, 15; Mateo 4:24, 25) Menye eƒe nukudɔdadawo ta koe wole egbɔ vam ɖo o, ke boŋ le eƒe nufiafia wɔnuku la hã ta. Eƒe gbedasia nya sena hedea dzi ƒo. (Mateo 5:1–7:27) Yesu ƒe nyawo nye amenuvevenyawo. (Luka 4:22) “Kuvia ɖo amehawo le eƒe nufiafia la ŋuti” elabena eƒoa nu tso Ŋɔŋlɔawo me kple ŋusẽ. (Mateo 7:28, 29; Luka 4:32) Amekae madi be yeate ɖe ŋutsu sia tɔgbe ŋu o? Mina míawo hã míatu nufiafiaŋutete ɖo ale be míate ŋu ahe dzianukwaretɔwo ava nyateƒea gbɔe.
kple Yordan Tɔsisia godo. (10. Nukatae Nazarettɔwo te kpɔ be yewoawu Yesu, eye nukatae womete ŋu wui o?
10 Gake menye Yesu ƒe nyaselawo katãe xɔ nyaa o. Esi wònɔ nu fiam le gbedoxɔ me le wo dedu Nazaret me le eƒe subɔsubɔdɔa ƒe gɔmedzedze gɔ̃ hã la, wote kpɔ be yewoawui. Togbɔ be eƒe ‘amenuvevenyawo’ wɔ mo yaa na duametɔwo hã la, wodi be yewoakpɔ nukunuwo. Gake le esi teƒe be Yesu nawɔ ŋusẽdɔwo le afima la, eklo nu le woƒe ɖokuitɔdidi kple xɔsemanɔamesi dzi. Esi dɔme ve amesiwo le gbedoxɔa me ta la, wotsi tre, lé Yesu, eye wotu asi ʋume nɛ do go le dua me yi to aɖe ƒe abunu be woatutui aƒu abu la me. Gake edo le wo si me hesi le wo gbɔ dedie. “Gaƒoƒo” mede haɖe be wòaku o.—Luka 4:16-30.
11. (a) Nukatae subɔsubɔhakplɔla aɖewo va sea Yesu ƒe nyawo ɖo? (b) Nukatae wotso Yesu nu be eda le Sabat la dzi?
11 Zi geɖe la, subɔsubɔhakplɔlawo—agbalẽfialawo, Farisitɔwo, Zadukitɔwo, kple ame bubuwo—hã nɔa eteƒe ne Yesu le nu fiam. Wo dometɔ geɖe meva afima be yewoaɖo to ahasrɔ̃ nu o, ke boŋ be yewoadi vodada le eŋu ahadi nya nɛ. (Mateo 12:38; 16:1; Luka 5:17; 6:1, 2) Le kpɔɖeŋu me, esime Yesu yina Ŋutitotoŋkekenyui ɖu ge le Yerusalem le ƒe 31 M.Ŋ. me la, eda gbe le ŋutsu aɖe si nɔ dɔ lém ƒe 38 sɔŋ la ŋu. Yudatɔ subɔsubɔhakplɔlawo tso Yesu nu be eda le Sabat la dzi. Eɖo eŋu be: “Fofonye le dɔ wɔm vaseɖe fifi, eye nye hã mele dɔ wɔm.” Azɔ Yudatɔwo tsɔ nya ɖe eŋu be egblɔ busunya esi wòbe Mawu Vi yenye heyɔe be ye Fofo ta. Wodi be yewoawu Yesu, gake eya kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le Yerusalem yi Galilea. Nenema ke nunya anɔ eme be míaƒo asa na nyahehe kple tsitretsiɖeŋulawo madzemadzee esi míetsɔ míaƒe ŋusẽ le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa wɔmee.—Yohanes 5:1-18; 6:1.
12. Aleke gbegbee Yesu wɔ dɔ tsitotsito le Galilea nuto mee?
12 Yesu tsɔ ƒe ɖeka kple afã alo wu nenema wɔ eƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa gãtɔ le Galilea ko, eye Yudatɔwo ƒe ŋkekenyui si woɖuna zi etɔ̃ ƒe sia ƒe ɖuƒe koe wòyina le Yerusalem. Le wo katã me la, ezɔ mɔ zi etɔ̃ yi Galilea ɖaɖe gbeƒã: woa kple nusrɔ̃la yeye 4 ye yi zi gbãtɔ, eyi kple apostolo 12 la zi evelia, eye gãtɔ enye esi wòyi kple apostolo siwo wòna hehee eye wòdɔ wo ɖa hã. Aleke gbegbe woɖi ɖase tsitotsito le nyateƒea ŋuti le Galilea enye si!—Mateo 4:18-25; Luka 8:1-3; 9:1-6.
Ðaseɖiɖi le Yudea Kple Perea Dzideƒotɔe
13, 14. (a) Ŋkeke ka dzie Yudatɔwo nɔ didim be yewoalé Yesu le? (b) Nukatae atikplɔtɔawo mete ŋu lé Yesu o?
13 Ƒe 32 M.Ŋ. ƒe kelemee, eye Yesu ƒe ‘gaƒoƒoa’ gakpɔtɔ nɔ ŋgɔ. Agbadɔŋkekenyui la gogo. Yesu dadaviwo gblɔ nɛ azɔ be: “Dzo le afisia, eye nàyi Yudea.” Wodi be Yesu naɖe eƒe nukunuwɔwɔ ƒe ŋusẽa afia amesiwo katã ƒo ƒu ɖe ŋkekenyuia ɖuƒe le Yerusalem. Gake Yesu nya afɔku si le eme. Eyata egblɔ na nɔviawo bena: “Nyemeyina ŋkekenyui sia ɖuƒe o; elabena nye azãgbe la mede vɔ haɖe o.”—Yohanes 7:1-8.
14 Yesu tsi Galilea vie, emegbe wòva yi Yerusalem, menye le “gaglãgbe o, ke boŋ le adza me.” Le nyateƒe me la, Yudatɔwo nɔ edim le ŋkekenyuia ɖuƒe, nɔ gbɔgblɔm be: “Afika ame ma le?” Esi ŋkekenyuia ƒe afã nu yi la, Yesu yi ɖe gbedoxɔ la me hete nufiafia kple dzideƒo. Wodi be yewoalée, ɖewohĩ be yewoadee gaxɔ me loo alo awui. Gake womete ŋui o, elabena “eƒe gaƒoƒo mede haɖe o.” Ame geɖe xɔ Yesu dzi se azɔ. Atikplɔtɔ siwo Farisitɔwo dɔ be woaɖalée vɛ gɔ̃ hã gbɔ asiƒuƒlu gblɔ bena: “Ame aɖeke meƒo nu Yohanes 7:9-14, 30-46.
ale, abe alesi amesia ƒo nui ene kpɔ o.”—15. Nukatae Yudatɔwo fɔ kpe be yewoaƒu Yesu, eye gbeƒãɖeɖedɔ kae wòwɔ emegbe?
15 Yesu kple eƒe tsitretsiɖeŋula Yudatɔwo dome nyaʋiʋlia yi edzi esi wònɔ nu fiam tso Fofoa ŋu le gbedoxɔa me le ŋkekenyuia ɖuɣi. Le ŋkekenyuia ƒe ŋkeke mamlɛa dzi esi nya si Yesu gblɔ tso eƒe anyinɔnɔ do ŋgɔ na amegbetɔzuzu ŋu ve dɔme na Yudatɔawo la, wofɔ kpewo be yewoaƒui. Gake eɣla eɖokui hesi dzo eye nuvevi aɖeke mewɔe o. (Yohanes 8:12-59) Esi Yesu dzo le Yerusalem dua me la, eyi ɖawɔ ɖaseɖiɖidɔ gã aɖe le Yudea. Etia nusrɔ̃la 70, eye esi wòna mɔfiame wo vɔ la, edɔ wo ɖa eveve be woaɖawɔ dɔ le nutoa me. Woyi ɖe du kple kɔƒe, siwo katã me Yesu le ɖoɖo wɔm be ye kple yeƒe apostolowo yewoayi la me.—Luka 10:1-24.
16. Le Ðɔɖɔɖoŋkekenyuia ɖuɣi la, afɔku ka nue Yesu si le, eye dɔ ka wɔmee wòganɔ kple ŋkubiã ake?
16 Le ƒe 32 M.Ŋ. ƒe vuvɔŋɔli me la, Yesu ƒe ‘gaƒoƒoa’ nɔ ɖoɖom. Eva Ðɔɖɔɖoŋkekenyui ɖuƒe le Yerusalem. Yudatɔwo gale didim kokoko be yewoawui. Esi Yesu le tsa ɖim le gbedoxɔa ƒe akpatawo me la, wova ƒo xlãe. Wogatso enu ake be egblɔ busunya, eye wofɔ kpe be yewoaƒui. Gake abe alesi Yesu wɔe va yi ene la, eɣla eɖokui. Eteƒe medidi o wokpɔe wòle nu fiam le mɔ dzi, fifia ya eto Yudea yi Perea nuto si le Yordan godo me eye wòle yiyim tso du me yi du me kple kɔƒe me yi kɔƒe me. Eye ame geɖe xɔ edzi se. Gake wodɔ ame ɖee tso exɔlɔ̃ lɔlɔ̃tɔ Lazaro ŋuti si na wògbugbɔ trɔ yi Yudea.—Luka 13:33; Yohanes 10:20-42.
17. (a) Esi Yesu nɔ gbeƒã ɖem le Perea la, du kpata kae wòxɔ? (b) Nukae fia be Yesu nya tameɖoɖo si ta wòle be wòawɔ nane kple ɣeyiɣi si woɖo ɖe nudzɔdzɔwo ŋu?
17 Marta kple Maria, siwo nye Lazaro nɔvinyɔnu siwo le Betania si le Yudea lae ɖo du kpata la ɖee. Amedɔdɔa gblɔ be: “Aƒetɔ, kpɔ ɖa, amesi melɔ̃a nu egbɔ o la, le dɔ lém.” Yesu ɖo eŋu be: “Dɔ sia menye kudɔe o, ke boŋ hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe, bena woakɔ Mawuvi la ŋuti to eyama me.” Be Yesu nawɔ nusia la, eɖoe koŋ tsi megbe ŋkeke eve sɔŋ. Emegbe egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: “Mina, ne míagayi ɖe Yudea.” Ewɔ mo yaa na wo eye woɖo eŋu be: “Rabi, nyitsɔ laa Yudatɔwo di be, yewoaƒu kpe wò, eye nègale afima yi gea?” Gake Yesu nya be ‘gaƒoƒo si susɔ le ŋkekea me’ alo ɣeyiɣi si Mawu ɖo ɖe yeƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa ŋu la megasɔ gbɔ o. Enya nusi tututu wòle be wòawɔ kple nusita wòle be wòawɔe ɖo.—Yohanes 11:1-10.
Nukunu si Ŋu Ame Aɖeke Mate Ŋu Asẽ Nu Le O
18. Esi Yesu va ɖo Betania la, aleke nɔnɔmea nɔ le afima, eye le eƒe vava megbe la, nukae dzɔ?
18 Marta ye nye ame gbãtɔ va do go Yesu le Betania, eye wògblɔ be: “Aƒetɔ, ɖe nèle afisia la, ne nɔvinye meku o.” Maria kple amesiwo va woƒe aƒeame la kplɔe ɖo. Amesiame le avi fam. Yesu bia be: “Afika mietsɔe yi ɖamlɔ mahã?” Woɖo eŋu bena: “Aƒetɔ, va kpɔe.” Esi wova ɖo yɔdoa—si nye agado si nu wotsɔ kpe ɖoe—to la, Yesu gblɔ be: “Mikɔ kpe la ɖa!” Esi Marta mese nusi Yesu di be yeawɔ gɔme o ta la, etsi tre ɖe eŋu bena: “Aƒetɔ, eƒaƒã xoxo, elabena exɔ ŋkeke ene sɔŋ.” Gake Yesu bia be: “Ðe nyemegblɔ na wò bena, ne èxɔe se la, àkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la o mahã?”—Yohanes 11:17-40.
19. Nukatae Yesu do gbe ɖa gaglãa hafi fɔ Lazaro?
19 Esi woɖe kpe si xe Lazaro ƒe yɔdoa nu ɖa la, Yesu do gbe ɖa sesĩe bena ameawo nanya bena Mawu ƒe ŋusẽ yetsɔ le nusi yedi be yeawɔ la wɔ Yohanes 11:41-44.
gee. Emegbe edo ɣli kple gbe sesẽ bena: “Lazaro lee, do go!” Lazaro do go, eƒe afɔwo kple asiwo kpakple ŋkume le babla le ameɖivɔwo me. Yesu gblɔ be: “Mitui, eye mina wòayi.”—20. Aleke amesiwo kpɔ Yesu wòfɔ Lazaro la wɔ nui?
20 Esi Yudatɔ siwo va be yewoafa akɔ na Marta kple Maria kpɔ nukunu sia la, woxɔ Yesu dzi se. Bubuwo dzo yi ɖagblɔ nusi dzɔ la na Farisitɔwo. Nukae wowɔ? Enumake woa kple nunɔlagãwo na Sanhedrin la kpe ta kpata. Wotsɔ vɔvɔ̃ fa konyi be: “Nuka míawɔ? Elabena amesia le dzesi geɖewo wɔm. Ne míena mɔe alea la, ekema amewo katã le edzi xɔ ge ase, eye Romatɔwo ava, eye woaxɔ míaƒe anyigba kple míaƒe dukɔ le mía si.” Gake Nunɔlagã Kayafa gblɔ na wo bena: “Miedea ŋugble ɖe eme hã o bena, enyo na mí bena, ame ɖeka naku ɖe dukɔ la ta, eye bena dukɔ blibo la nagatsrɔ̃ o.” Eyata tso ŋkeke ma dzi la, woɖo bena woawu Yesu.—Yohanes 11:45-53.
21. Nukae dzɔ esi wofɔ Lazaro nukutɔe?
21 Eyata esi Yesu meyi Betania kaba o ta la, ete ŋu wɔ nukunu si ŋu ame aɖeke mate ŋu asẽ nu le o. Mawu na ŋusẽ Yesu wòfɔ ŋutsu si ku ŋkeke ene sɔŋ la ɖe tsitre. Esia ƒoe ɖe Sanhedrin si ŋu wodea bubui la nu gɔ̃ hã be wòalɔ̃ ɖe nukunua dzi ale woɖoe be yewoawu Nukunuwɔla la! Eyata nukunua va na tɔtrɔ vevi aɖe va Yesu ƒe subɔsubɔdɔa me—tɔtrɔ tso ɣeyiɣi si me “eƒe gaƒoƒo mede haɖe o” yi ɣeyiɣi si me “gaƒoƒo la ɖo” dzi.
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
• Aleke Yesu ɖee fiae be yenya dɔ si Mawu de ye si lae?
• Nukatae Yesu gbe dadaa ƒe didi be wòawɔ wein la dzi wɔwɔ?
• Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso alesi Yesu wɔ nu ɖe tsitretsiɖeŋulawo ŋui zi geɖe la me?
• Nukatae Yesu metso ɖe Lazaro ƒe dɔlényaa ŋu kpata o?
[Biabiawo]
[Nɔnɔmetata siwo le axa 12]
Yesu tsɔ eƒe ŋusẽ katã wɔ dɔ si Mawu de esi lae