Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Bubudede Tatɔwo Ŋu—Nukata Megali o?

Bubudede Tatɔwo Ŋu—Nukata Megali o?

Bubudede Tatɔwo Ŋu—Nukata Megali o?

“Le alesi wòva bɔ be wotsia tre ɖe tatɔ siwo woɖo ŋu, eɖanye le subɔsubɔhawo me alo le dɔwɔƒewo o, le hadome alo le dunyahehe me o ta la, ate ŋu adzɔ gbeɖeka be woabui be eyae nye nudzɔdzɔ si ɖe dzesi wu le ƒe ewo siwo va yi me.”

ƑE GEÐE va yi tso esime Hannah Arendt, si nye ŋutinyaŋlɔla kple xexemenunyala, gblɔ nya siawo tso ƒe 1960 ƒe ƒeawo ŋu. Egbea bubumademade tatɔwo ŋu gale fievo dom ɖe edzi kura wu tsã.

Le kpɔɖeŋu me, nyatakaka aɖe si dze le London ƒe The Times me nyitsɔ laa gblɔ be: “Dzila aɖewo gbe ŋusẽ si nufialawo kpɔ ɖe wo viwo dzi eye wotoa nyatoƒoe ne wote kpɔ be woahe to na wo viwo.” Enuenu ne wohe to na wo viwo le suku la, dzilawo yia sukua, menye be woado ŋɔdzi na nufialawo ko evɔ o ke be woadze wo dzi hã.

Wogblɔ be Britain Dukɔ ƒe Nufialawo ƒe Tatɔwo ƒe Habɔbɔ ƒe nyanuɖela aɖe gblɔ be: “Amehawo le gbɔgblɔm be ‘gomenɔamesiwo le asinye’ le esi teƒe be woagblɔ be ‘wonye nye agbanɔamedziwo.’” Tsɔ kpe ɖe alesi dzilawo do kpo nufiafia wo viwo be woade bubu tatɔwo ŋu ŋuti la, wo dometɔ aɖewo meɖɔa wo viwo ɖo o—eye womeɖea mɔ be ame bubuwo naɖɔ wo ɖo hã o. Woɖe mɔ na ɖevi siwo tea tɔ ɖe woƒe “gomenɔamesiwo” dzi ŋu be woado vlo wo dzilawo kple nufialawo siaa ƒe tanyenye, eye míate ŋu agblɔ nusi ado tso eme—eya ŋue nyadzɔdzɔŋlɔla Margarette Driscoll ŋlɔ nu tsoe be enye “dzidzime yeye si medea bubu aɖeke kura tatɔwo ŋu o eye womenya nu boo aɖeke le vovototo si le nyui kple vɔ̃ dome ŋu o.”

Time magazine tɔ asi alesi dzi ɖe le Russia sɔhɛ geɖe ƒo dzi le eƒe nyati si nye “Dzidzime Búbu” me esi wòyɔ nya tso rap-hadzila xɔŋkɔ aɖe ƒe nyawo me be: “Aleke wɔ ame aɖe si wodzi ɖe xexe sia me, afisi naneke menɔa anyi didina le o eye womewɔa naneke le dzɔdzɔenyenye me o la, aka ɖe amegbetɔƒomea dzi?” Hadomegbenɔnɔŋutinunyala Mikhail Topalov da asi ɖe nukpɔsusu sia dzi esi wògblɔ be: “Ðevi siawo metsi bome o. Wokpɔ alesi dukɔa ble wo dzilawoe, wokpɔ alesi ga si wodzra ɖo bu na wo kple alesi dɔ gblẽ na woe teƒe. Ðe míate ŋu akpɔ mɔ be woabu tatɔwoa?”

Gake masɔ be míaƒo nya ta be sɔhɛwo koe megakana ɖe tatɔwo dzi o. Ðeviwo kple tsitsiawo siaa megakana ɖe tatɔ ƒomevi aɖeke dzi o, eye womegadea bubu wo ŋu gɔ̃ hã o. Ðe esia fia be womate ŋu aka ɖe ŋusẽ aɖeke dzi oa? Ne wozã tanyenye si gɔme woɖe be “ŋusẽ alo gomenɔamesi si woatsɔ aɖu ame dzi, adrɔ̃ ʋɔnu, alo axe mɔ ɖe ame bubuwo ƒe nuwɔnawo nu” nyuie la, ate ŋu ana woawɔ nu nyui. Ate ŋu aɖe vi na ame ɖekaɖekawo kple nutowo siaa. Nyati si kplɔe ɖo adzro alesi esia ate ŋu adzɔe me.