Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Nunya Le Ðokuibɔbɔlawo Si’

‘Nunya Le Ðokuibɔbɔlawo Si’

‘Nunya Le Ðokuibɔbɔlawo Si’

“Nusi ko dim Yehowa le tso asiwò la, enye be . . . nabɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi ahazɔ le wò Mawu ŋku me.”—MIXA 6:8.

1, 2. Nukae nye ɖokuibɔbɔ, eye aleke wòto vovo na ɖokuidodoɖedzii?

APOSTOLO xɔŋkɔ aɖe gbe susu hehe va eɖokui dzi. Israel ʋɔnudrɔ̃la kalẽtɔ aɖe yɔ eɖokui be yenye suetɔ le ye fofo ƒeme. Ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ gblɔ be yeƒe ŋusẽ meƒo ɖesiaɖe ta o. Ŋutsu siawo dometɔ ɖesiaɖe ɖe ɖokuibɔbɔ fia.

2 Ðokuibɔbɔ to vovo na ɖokuidodoɖedzi. Ðokuibɔbɔla bua eƒe ŋutetewo kple bubu si le eŋu be mede ŋgɔ akpa o eye medzea eɖokui ŋu alo kpɔa eɖokui o. Le esi teƒe be ɖokuibɔbɔla nanye dadala, adegbeƒola, alo ɖoƒekɔkɔdila la, enya eƒe ŋutetewo seƒe. Eyata edea bubu ame bubuwo ƒe seselelãmewo kple nukpɔsusuwo ŋu.

3. Mɔ ka nue nunya le ‘ɖokuibɔbɔlawo’ sii?

3 Susu nyui aɖe tae Biblia gblɔ be: “Amesiwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe [anyi] la, si me nunya le.” (Lododowo 11:2) Ðokuibɔbɔla dze nunya elabena ewɔa nusi dzea Mawu ŋu, eye wòtsria ɖokuidodoɖedzi si kloa bubu le ame ŋu. (Lododowo 8:13; Petro I, 5:5) Mawu subɔla geɖe ƒe agbenɔnɔ ɖo kpe nunya si le ɖokuibɔbɔ me dzi. Mina míalé ŋku ɖe kpɔɖeŋu etɔ̃ siwo míeyɔ le memama gbãtɔa me ŋu.

Paulo—‘Ametevi’ Kple ‘Xɔnuvi’

4. Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ kawoe su Paulo si?

4 Paulo nye ameŋkuta le Kristotɔ gbãtɔwo dome, eye eme kɔ be wòle nenema. Le eƒe subɔsubɔdɔ wɔwɔ me la, ezɔ mɔ kilometa akpe geɖe le ƒu kple anyigba ƒuƒui dzi, eye eɖo hame geɖe. Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa yra Paulo be wòkpɔ ŋutegawo eye wòna wògblɔ dutagbewo. (Korintotɔwo I, 14:18; Korintotɔwo II, 12:1-5) Azɔ hã eʋã Paulo wòŋlɔ lɛta 14 siwo nye Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖe fifia. Eme kɔ ƒã be míate ŋu agblɔ be Paulo wɔ dɔ geɖe wu apostolo bubuawo katã.—Korintotɔwo I, 15:10.

5. Aleke Paulo ɖee fia be yebɔbɔ ye ɖokui?

5 Le esi Paulo nɔ ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe dɔwɔna ta la, ame aɖewo akpɔ mɔ be ameŋkutanyenye avivi enu, eye wòanɔ eɖokui wɔm amegãe gɔ̃ hã. Gake Paulo mewɔ nu nenema kura o, elabena enye ɖokuibɔbɔla. Eyɔ eɖokui be yenye “suetɔ le apostoloawo dome,” eye wògblɔ kpee be: ‘Nyemedze be woayɔm be apostolo o, elabena meti Mawu ƒe hame la yome.’ (Korintotɔwo I, 15:9) Esi Paulo nye Kristotɔwo yometila tsã ta la, meŋlɔ be kpɔ gbeɖe be amenuveve ta koe ƒomedodo le ye kple Mawu dome, kaka wòazu be yeaxɔ subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ tɔxɛwo gɔ̃ hã o. (Yohanes 6:44; Efesotɔwo 2:8) Eyata Paulo mese le eɖokui me be nu tɔxɛ siwo yete ŋu wɔ le subɔubɔdɔa me na yede ŋgɔ wu ame bubuawo o.—Korintotɔwo I, 9:16.

6. Aleke Paulo ɖe ɖokuibɔbɔ fia le nuwɔwɔ kple Korintotɔwo mee?

6 Paulo ƒe ɖokuibɔbɔ dze vevietɔ le alesi wòwɔ nu kple Korintotɔwo me. Edze ƒã be amesiwo wobu be wonye dzikpɔla ŋkutawo abe Apolo, Kefa, kple Paulo ŋutɔ ene la ƒe nu léa dzi na wo. (Korintotɔwo I, 1:11-15) Gake Paulo mewɔ nu be Korintotɔwo nakafui o eye mewɔ bubu si wodea eŋu ŋudɔ tsɔ wɔ nusi dze eŋu o. Ne eyi wo gbɔ la, ‘meva gblɔa nya gãwo alo ɖenɛ fiana be yenye nunyala gã o.’ Ke boŋ Paulo gblɔ le eya ŋutɔ kple eƒe zɔhɛwo ŋu be: ‘Ale wòle be woabu mí enye esi, be míenye Kristo teviwo kple Mawu ƒe nya ɣaɣlawo ƒe xɔnuviwo.’ *Korintotɔwo I, 2:1-5; 4:1.

7. Aleke Paulo bɔbɔ eɖokui esi wònɔ nu xlɔ̃m gɔ̃ hã?

7 Paulo ɖe ɖokuibɔbɔ fia esi wòhiã be wòana nuxlɔ̃ame sesẽ kple mɔfiame gɔ̃ hã. Exlɔ̃a nu ehati Kristotɔwo ‘to Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ me’ kple le “lɔlɔ̃ ta,” tsɔ wu be wòanɔ te ɖe eƒe apostolonyenye dzi aɖe gbe. (Romatɔwo 12:1, 2; Filemon 8, 9) Nukatae Paulo wɔe nenema? Elabena ebua eɖokui le nyateƒe me be yenye ‘hadɔwɔla’ na ye nɔviwo, ke menye ‘aƒetɔ ɖe woƒe xɔse dzi’ o. (Korintotɔwo II, 1:24) Ðikeke mele eme o be Paulo ƒe ɖokuibɔbɔe na eƒe nu nyoa ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-hamewo ŋu nenema gbegbe.—Dɔwɔwɔwo 20:36-38.

Ðokuibɔbɔ Nukpɔsusu Tsɔtsɔ Kpɔ Míaƒe Mɔnukpɔkpɔwoe

8, 9. (a) Nukatae wòle be míabu mía ɖokui ŋu ɖokuibɔbɔtɔe? (b) Aleke amesiwo si agbanɔamedzi aɖe le abɔbɔ wo ɖokui?

8 Paulo ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe na egbe Kristotɔwo. Agbanɔamedzi ka kee wona mí o, mele be mía dometɔ aɖeke nasusu be yede ŋgɔ wu ame bubuwo o. Paulo ŋlɔ be: “Ne ame aɖe bu bena, yenye nane, evɔ menye naneke o la, ye ŋutɔ ɖokui blem wòle.” (Galatiatɔwo 6:3) Nukatae? Elabena ‘mí katã míewɔ nuvɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã mí.’ (Romatɔwo 3:23; 5:12) Ẽ, mele be míaŋlɔ be akpɔ gbeɖe o be mí katã míenyi nuvɔ̃ kple ku ƒe dome tso Adam gbɔ. Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛwo mena míedo le nuvɔ̃ ƒe kluvinyenye te o. (Nyagblɔla 9:2) Abe alesi wònɔ le Paulo gome ene la, amenuveve ta koe ƒomedodo ate ŋu ava nɔ amegbetɔwo kple Mawu dome, kaka wòazu be mɔnukpɔkpɔ nasu mía si míanɔ ɖoƒe aɖe asubɔe.—Romatɔwo 3:12, 24.

9 Esi ɖokuibɔbɔla dze si nusia ta la, eƒe mɔnukpɔkpɔwo mena wònɔa eɖokui kpɔm o eye metsɔa nusiwo wòte ŋu wɔ ƒoa adegbee hã o. (Korintotɔwo I, 4:7) Ne ele aɖaŋu ɖom alo le mɔfiame aɖe nam la, ewɔnɛ abe hadɔwɔla ene—ke menye abe aƒetɔ ene o. Ðikeke mele eme o be manyo be amesi bi ɖe dɔ aɖewo wɔwɔ me nawɔ nu be ye hati xɔsetɔwo nakafu ye loo alo be wòanɔ te ɖe bubu si wodea eŋu dzi awɔ nusi dze eŋu o. (Lododowo 25:27, NW; Mateo 6:2-4) Kafukafu si ŋu viɖe le wu ɖesiaɖee nye esi tso ame bubuwo gbɔ—eye mele be woabiae hafi o. Ne wokafu mí la, mele be wòana míabu mía ɖokui gã wu alesi dze o.—Lododowo 27:2; Romatɔwo 12:3.

10. Ƒo nu tso alesi amesiwo adze abe womenye ameŋkutawo o ene ate ŋu anye “kesinɔtɔwo le xɔse me” ŋu.

10 Ne wona agbanɔamedzi aɖe mí la, ɖokuibɔbɔ akpe ɖe mía ŋu be míanɔ mía ɖokui bum akpa wòawɔ abe míaƒe agbagbadzedze kple ŋutetewo tae hamea le afɔ tsɔm ene o. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ míebi le nufiafia me. (Efesotɔwo 4:11, 12) Gake ne míebɔbɔa mía ɖokui la, ele be míadze sii be nufiame vevitɔ siwo míesrɔ̃na le hamea ƒe kpekpewo me dometɔ aɖewo menye esi wogblɔ le nuƒolanɔƒea o. Le kpɔɖeŋu me, ɖe medea dzi ƒo na wò ne èkpɔ dzilaɖekɛ si kplɔa viawo ɖe asi vaa Fiaɖuƒe Akpataa me ɣesiaɣi oa? Ke blanuiléla si vaa kpekpeawo nuteƒewɔwɔtɔe togbɔ be esenɛ le eɖokui me ɣesiaɣi be yemeɖi naneke o hã ɖe? Ke sɔhɛ si le gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔm vivivi togbɔ be ŋusẽkpɔɖeamedzi gblẽkuwo ɖea kpe nɛ le suku kple teƒe bubuwo ya ɖe? (Psalmo 84:11) Amewo ƒe susu manya nɔ amesiawo dzi o. Ame bubuwo mekpɔa nuteƒewɔwɔ ƒe dodokpɔ siwo me wotona ƒe akpa gãtɔ o. Ke hã ɖewohĩ woawo hã wonye “kesinɔtɔwo le xɔse me” abe amesiwo nye ameŋkutawo ke ene. (Yakobo 2:5) Ne èbu eŋu kpɔ la, àkpɔ be le nuwuwua la, nuteƒewɔwɔe dzea Yehowa ŋu.—Mateo 10:22; Korintotɔwo I, 4:2.

Gideon—Amesi Nye “Dɔmlɔea” le Fofoa Ƒeme

11. Mɔ ka nue Gideon ɖe ɖokuibɔbɔ fia le esime wònɔ nu ƒom kple Mawu ƒe dɔla?

11 Gideon, amesi nye ɖekakpui sesẽ tso Manase-toa me la nɔ agbe le ɣeyiɣi madeamedzi ŋutɔ aɖe me le Israel ƒe ŋutinya me. Mawu ƒe amewo kpe fu ƒe adre sɔŋ le Midiantɔwo ƒe ameteteɖeanyi te. Gake ɣeyiɣi de azɔ be Yehowa naɖe eƒe amewo. Eyata mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Gideon gblɔ nɛ be: “Yehowa li kpli wò, wò ŋutsu kalẽtɔ!” Gideon nye ɖokuibɔbɔla, eyata esi menɔ mɔkpɔkpɔ me o eye wokafui alea la, eƒe ta mete o. Ke boŋ egblɔ na mawudɔla la bubutɔe be: “Tsoo, nye aƒetɔ! Ne Yehowa li kpli mí ɖe, nukaŋuti nusiawo katã dzɔ ɖe mía dzi?” Mawudɔlaa ɖe nu me na Gideon hegblɔ nɛ be: “[Àɖe] Israel tso Midiantɔwo si me.” Aleke Gideon wɔ nui? Le esi teƒe be Gideon natsi dzi abu dɔdasia be enye mɔnukpɔkpɔ si fia be ye koe nye kalẽtɔ le dukɔa me la, eɖo eŋu be: “Taflatse, nye aƒetɔ! Nuka tsɔ ge mala aɖe Israel? Kpɔ ɖa, nye ƒome enye suetɔ le Manase, eye nyee nye dɔmlɔea le fofonye ƒe me!” Ðokuibɔbɔ ka gbegbee nye si!—Ʋɔnudrɔ̃lawo 6:11-15.

12. Aleke Gideon dze aɖaŋu le eƒe dɔdasia wɔwɔ mee?

12 Hafi Yehowa naɖo Gideon ɖe aʋagbea dzi la, edoe kpɔ. Le mɔ ka nu? Wogblɔ na Gideon be wòagbã fofoa ƒe vɔsamlekpui si wòli na Baal eye wòalã aserati siwo le exa ɖa. Dɔ sia wɔwɔ abia dzinɔameƒo, gake Gideon ɖe ɖokuibɔbɔ kple aɖaŋudzedze fia le alesi wòwɔe me. Le esi teƒe be Gideon nawɔe hoo amewo nakpɔe la, zã mee wòwɔe, eye ele eme kokoko be amewo makpɔe ne eva yina ɣemaɣi o. Gakpe ɖe eŋu la, Gideon wɔ eƒe dɔdasia le ŋuɖɔɖo blibo me. Ekplɔ dɔla ewo ɖe asi—anye ewɔe kple susu be wo dometɔ aɖewo nanɔ mɔ dzi kpɔm eye kpɔtɔeawo nakpe ɖe eŋu wòagblẽ vɔsamlekpuia kple aseratiawo dome. * Aleke ke nyaa le o, Yehowa kpe ɖe Gideon ŋu wòwɔ eƒe dɔdasia, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Mawu zãe wòɖe Israel-viwo tso Midiantɔwo si me.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 6:25-27.

Nuwɔwɔ le Ðokuibɔbɔ Kple Aɖaŋudzedze Me

13, 14. (a) Aleke míaɖe ɖokuibɔbɔ afia ne wona subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ aɖe mí? (b) Aleke Nɔviŋutsu A. H. Macmillan ɖo ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖee?

13 Nu geɖe li míate ŋu asrɔ̃ tso Gideon ƒe ɖokuibɔbɔa me. Le kpɔɖeŋu me, aleke míewɔa nui ne wotsɔ subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ aɖe na mí? Ðoƒe kɔkɔ si wòada mí ɖo alo bubu si ava nɔ mía ŋu ŋue míebuna gbã? Alo ɖe míebɔbɔa mía ɖokui hebua eŋu gbedodoɖatɔe akpɔ ne míate ŋu awɔ nusiwo dɔa abia? Nɔviŋutsu A. H. Macmillan, amesi wu eƒe anyigbadzigbenɔnɔ nu le ƒe 1966 me, ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe le nya sia gome. Gbeɖeka C. T. Russell, amesi nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla gbãtɔ, bia Nɔviŋutsu Macmillan ƒe susu le amesi wòsusu be ate ŋu anɔ dɔa nu ne yemeli o ŋu. Le dzeɖoɖo si kplɔe ɖo me la, Nɔviŋutsu Macmillan mekafu eɖokui zi ɖeka teti hã o, togbɔ be anɔ bɔbɔe nɛ be wòawɔ nenema hã. Mlɔeba la, Nɔviŋutsu Russell doe ɖe Nɔviŋutsu Macmillan gbɔ be wòabu dɔdasia xɔxɔ ŋu. Nɔviŋutsu Macmillan ŋlɔ le ƒe geɖe megbe be: “Ðeko metsi tre ɖi nɔ nu kpɔm gãa. Megbugbɔ bu eŋu vevie, eye medo gbe ɖa tso eŋu ɣeyiɣi aɖe hafi mlɔeba megblɔ nɛ be adzɔ dzi nam be mawɔ nusianu si mate ŋui atsɔ akpe ɖe eŋu.”

14 Le ema megbe kpuie la, Nɔviŋutsu Russell ku, ale be Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla ƒe nɔƒea tsi anyi. Esi wònye be Nɔviŋutsu Macmillan ye nɔ dɔa nu le Nɔviŋutsu Russell ƒe mɔzɔɣi mamlɛa ta la, nɔvi aɖe doe ɖe egbɔ be: “Mac, zia me nɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ de dziwò wu amesiame. Wòe nye Nɔviŋutsu Russell teƒenɔla tɔxɛ esime wòzɔ mɔ, eye wògblɔ na mí be míawɔ nusi nègblɔ. Nyaa enye be, edzo eye megatrɔ gbɔ o. Ewɔ abe wòe nye amesi ayi edzi ene.” Nɔviŋutsu Macmillan ɖo eŋu be: “Nɔvi, menye nenemae wòle be míabu nya siae o. Aƒetɔ la ƒe dɔe nye dɔa, eye ɖoƒe si ko asu asiwò le Aƒetɔ la ƒe habɔbɔa mee nye esi Aƒetɔ la kpɔ be edze ye ŋu yeana wò; eye meka ɖe edzi be menye nyee dze na dɔa o.” Emegbe Nɔviŋutsu Macmillan kafu ame bubu be wòanɔ zia me. Abe Gideon ene la, esusu be yemedze o—nukpɔsusu siae anyo be wòanɔ mía si.

15. Mɔ nyui kawo nue míate ŋu azã nugɔmesese le ne míele gbeƒã ɖem na amewo?

15 Ele be míawo hã míaɖe ɖokuibɔbɔ afia le alesi míewɔa míaƒe dɔdasiwoe me. Gideon dze aɖaŋu, eye edze agbagba be yemado dziku na yeƒe futɔwo dzodzro o. Nenema ke le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me la, ele be míabɔbɔ mía ɖokui adze aɖaŋu le alesi míeƒoa nu na amewoe me. Nyateƒe wònye be míele gbɔgbɔmeʋa wɔm be míatrɔ ‘nusiwo ƒo ke ɖe to’ kpakple “tamebubuwo” abu anyi. (Korintotɔwo II, 10:4, 5) Gake mele be míada amewo ɖe anyi alo awɔ nusi ana woado dziku ɖe míaƒe gbedasia ŋu o. Ke boŋ ele be míade bubu woƒe nukpɔsusuwo ŋu, aɖe nusiwo me mía kple woƒe susu sɔ le agblɔ, eye emegbe míahe susu yi míaƒe gbedasia ƒe akpa siwo léa dzi na ame dzi.—Dɔwɔwɔwo 22:1-3; Korintotɔwo I, 9:22; Nyaɖeɖefia 21:4.

Yesu—Ðokuibɔbɔ ƒe Kpɔɖeŋu si Ƒo Ðesiaɖe Ta

16. Aleke Yesu ɖee fia be yemebua ye ɖokui gãe o?

16 Ðokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖolae nye Yesu Kristo. * Togbɔ be tsi metoa Yesu kple Fofoa dome o hã la, egblɔe be nanewo li siwo ƒe ŋusẽ mele ye si me o. (Yohanes 1:14) Le kpɔɖeŋu me, esi Yakobo kple Yohanes dada bia be ye viŋutsu eveawo nanɔ Yesu xa le eƒe fiaɖuƒea me la, Yesu gblɔ be: “Anyinɔnɔ ɖe nye nuɖusi me kple mia me la, eya menye tɔnye be, mana o.” (Mateo 20:20-23) Ɣebubuɣi la, Yesu gblɔ faa be: “Nyemele naneke wɔm le ɖokuinye si o; . . . nyemedia nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ amesi dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu ko.”—Yohanes 5:30; 14:28; Filipitɔwo 2:5, 6.

17. Aleke Yesu bɔbɔ eɖokui le nuwɔwɔ kple amewo mee?

17 Yesu de ŋgɔ wu amegbetɔ madeblibowo le nusianu me, eye ɖoƒe si Fofoa, Yehowa, nae la ƒo amesiame tɔ ta. Ke hã la, Yesu bɔbɔ eɖokui le nuwɔwɔ kple eyomedzelawo me. Metsɔ nusi gbegbe wònya tɔtɔ wo o. Ebua woƒe seselelãmewo ŋu eye eƒe dɔme trɔna wòhebua amegbetɔ si wonye ƒe nuhiahiãwo ŋu. (Mateo 15:32; 26:40, 41; Marko 6:31) Eyata togbɔ be Yesu de blibo hã la, mebia blibodede tso amewo gbɔ o. Mebia nusi nusrɔ̃lawo mate ŋu awɔ o tso wo si kpɔ gbeɖe o, eye meda agba ɖe wo dzi wòwu tsɔtsɔ na wo kpɔ gbeɖe o. (Yohanes 16:12) Mewɔ nuku o be ame geɖe kpɔe be enaa dzidzeme ame!—Mateo 11:29.

Srɔ̃ Yesu ƒe Ðokuibɔbɔ ƒe Kpɔɖeŋu

18, 19. Aleke míasrɔ̃ Yesu ƒe ɖokuibɔbɔ le (a) alesi míebua mía ɖokuii me, kple (b) alesi míewɔa nu ɖe amewo ŋui me?

18 Ne ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ la bɔbɔa eɖokui la, aleke gbegbe wòbia be míawɔe wu enye si. Zi geɖe la, amegbetɔ madeblibowo medina kura be yewoalɔ̃ be yewomekpɔ ŋusẽ ɖe nusianu dzi o. Gake le Yesu sɔsrɔ̃ me la, Kristotɔwo dzea agbagba be yewoabɔbɔ yewo ɖokui. Womedaa wo ɖokui hegbea agbanɔamedzi tsɔtsɔ na amesiwo dze nɛ o; eye womedoa wo ɖokui ɖe dzi hegbea mɔfiafia xɔxɔ tso amesiwo wona ŋusẽe be woafiae wo gbɔ o. Le alesi wowɔa nu aduadu ta la, wona nusianu tsɔa afɔ le hamea me “alesi dze ɖe eteƒeteƒe.”—Korintotɔwo I, 14:40.

19 Azɔ hã ɖokuibɔbɔ aʋã mí be míanye nugɔmeselawo le nusiwo míekpɔa mɔ be amewo nawɔ me eye míabu woƒe hiahiãwo ŋu. (Filipitɔwo 4:5) Ðewohĩ ŋutete aɖewo anɔ mía si evɔ manɔ ame bubuwo si o eye míate ŋu ade ŋgɔ wu wo le nanewo me. Ke hã ne míebɔbɔa mía ɖokui la, míakpɔ mɔ ɣesiaɣi be amewo nawɔ nu abe alesi míedii ene o. Ne míenya be amesiame kple eƒe ŋutete la, míaɖe mɔ ɖe amewo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu le ɖokuibɔbɔ blibo me. Petro ŋlɔ be: “Ke vevietɔ la mitsɔ lɔlɔ̃ lɔ̃ mia nɔewo vevie; elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nuvɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔ dzi.”—Petro I, 4:8.

20. Nukae míawɔ be míaɖu ɖokuidodoɖedzi ƒe gbɔgbɔ dzi?

20 Abe alesi míesrɔ̃e ene la, ɖokuibɔbɔlawo sie nunya le nyateƒe. Ke ne èkpɔe be yelɔ̃a ye ɖokui dodo ɖe dzi ya ɖe? Dzi megaɖe le ƒowò o. Srɔ̃ Dawid ƒe kpɔɖeŋua, amesi do gbe ɖa be: “Dzra wò dɔla ɖo tso [ɖokuidodoɖedzi nuwɔnawo] me, ne womagaɖu aƒetɔ ɖe nunye o.” (Psalmo 19:14) Ne míesrɔ̃ nuteƒewɔlawo abe Paulo, Gideon, kple—ƒo wo katã ta—Yesu Kristo, ƒe xɔse la, mía ŋutɔwo míakpɔ nya siawo ƒe nyateƒenyenye teƒe be: “Amesiwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe [anyi] la, si me nunya le.”—Lododowo 11:2.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 6 Helagbe me nya si gɔme woɖe be “teviwo” ate ŋu afia kluvi si le tɔdziʋukula etetɔwo dome le tɔdziʋu gã me. Gake woate ŋu ade dɔ geɖe asi na “xɔnuviwo,” ɖewohĩ woate ŋu akpɔ aƒe alo anyigba dzi. Ke hã le aƒetɔ akpa gãtɔ ƒe nukpɔkpɔ nu la, ɖeko xɔnuvi sɔ kple kluvi si le tɔdziʋu gã me.

^ mm. 12 Mele be míasusu be Gideon ƒe aɖaŋudzedze kple ŋuɖɔɖoa fia be enɔ vɔvɔ̃m o. Ke boŋ woɖo kpe eƒe dzinɔameƒo dzi le Hebritɔwo 11:32-38, afisi woyɔ Gideon kpe ɖe amesiwo ‘wona ŋusẽe’ eye ‘wowɔ kalẽ le aʋawɔwɔ me’ ŋu le.

^ mm. 16 Esi ɖokuibɔbɔ bia be ame nanya afisi eƒe ŋutete se ɖo ta la, masɔ be woagblɔ le Yehowa ŋu be enye ɖokuibɔbɔla o. Gake efa tu.—Psalmo 18:36.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukae nye ɖokuibɔbɔ?

• Aleke míasrɔ̃ Paulo ƒe ɖokuibɔbɔe?

• Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso ɖokuibɔbɔ ŋu le Gideon ƒe kpɔɖeŋua me?

• Aleke Yesu ɖo ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu si ƒo ɖesiaɖe tae?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Paulo ƒe ɖokuibɔbɔ na eƒe nu lé dzi na ehati Kristotɔwo

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Gideon dze aɖaŋu le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Yesu, Mawu ƒe Vi la, bɔbɔa eɖokui le nusianu si wòwɔna me