Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ame kae nye “nyɔnu” si woyɔ le Yesaya 60:​1, eye aleke ‘wòtso’ eye ‘wòklẽ’?

Yesaya 60:1 xlẽ be: “Oo nyɔnu, tso nàklẽ, elabena wò kekeli do, Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe klẽ ɖe dziwò.” Nya siwo ƒo xlã kpukpui sia ɖee fia be “nyɔnu” lae nye Zion, alo Yerusalem, si nye Yuda ƒe fiadu ɣemaɣi. a (Yes. 60:14; 62:​1, 2) Fiadua le tsitre ɖi na dukɔ bliboa. Yesaya ƒe nyawo fɔ biabia eve ɖe te: Gbã, ɣekaɣie Yerusalem “tso” eye wòklẽ, eye aleke esia va emee? Evelia, ɖe Yesaya ƒe nyawo le eme vam le mɔ si lolo wu nu egbea?

Ɣekaɣie Yerusalem “tso” eye wòklẽ, eye aleke esia va emee? Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa zu aƒedo esime Yudatɔwo nɔ aboyo me le Babilon ƒe 70 sɔŋ. Gake esi Mediatɔwo kple Persiatɔwo ɖu Babilon dzi la, wona ablɔɖe Israel-vi siwo nɔ Babilon Fiaɖuƒea me be woate ŋu atrɔ ayi wo de eye woagbugbɔ aɖo tadedeagu dzadzɛa anyi. (Ezra 1:​1-4) Tso ƒe 537 D.Y. mea, Israel-vi wɔnuteƒe siwo tso to 12-awo katã me la dometɔ aɖewo trɔ yi. (Yes. 60:4) Wogava nɔ vɔwo sam na Yehowa, woɖua woƒe ŋkekenyuiwo, eye wodze gbedoxɔ gbugbɔgatudɔa gɔme. (Ezra 3:​1-4, 7-11; 6:​16-22) Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe gate keklẽ ɖe Yerusalem, si nye Mawu ƒe amewo siwo wògaɖo te la dzi ake. Esia wɔe be wova zu kekeli na dukɔ siwo nɔ gbɔgbɔmeviviti me.

Ke hã, Yesaya ƒe nyagblɔɖia meva eme bliboe ɖe blema Yerusalem dzi o. Nu si tae nye be, Israel-vi akpa gãtɔ meyi edzi ɖo to Mawu o. (Neh. 13:27; Mal. 1:​6-8; 2:​13, 14; Mat. 15:​7-9) Emegbe la, wogbe Yesu Kristo si nye Mesia la gɔ̃ hã. (Mat. 27:​1, 2) Mlɔeba le ƒe 70 K.Ŋ. me la, wogatsrɔ̃ Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa zi evelia.

Yehowa gblɔe ɖi be nu mae adzɔ. (Dan. 9:​24-27) Edze ƒãa be Yehowa meɖoe be Yerusalem si le anyigba dzi nana tadedeagu dzadzɛ gbugbɔgaɖoanyi ŋuti nyagblɔɖi si le Yesaya ta 60 lia ƒe akpa sia akpa nava eme o.

Ðe Yesaya ƒe nyagblɔɖia le eme vam le mɔ si lolo wu nu egbea? Ɛ̃, gake kpɔɖeŋunyɔnu bubu si nye “Yerusalem si le dzi” la dzie wòle eme vam ɖo. Apostolo Paulo gblɔ tso eŋu be: “Eyae nye mía dada.” (Gal. 4:26) Yerusalem si le dzi lae nye Mawu ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo, si me eƒe gbɔgbɔme nuwɔwɔwo le. Viawoe nye Yesu kple Kristotɔ amesiamina 144,000 siwo le mɔ kpɔm be yewoayi dziƒo, abe Paulo ke ene. Kristotɔ amesiaminawoe nye “dukɔ kɔkɔe,” “Mawu ƒe Israel” la.—1 Pet. 2:9; Gal. 6:16.

Aleke Yerusalem si le dzi “tso” eye ‘wòklẽ’? Ewɔ esia to via amesiamina siwo le anyigba dzi la dzi. Kpɔ ale si nu siwo me woto sɔ kple nya si Biblia gblɔ ɖi le Yesaya ta 60 lia ɖa.

Ehiã be Kristotɔ amesiaminawo ‘natso’ elabe wonɔ gbɔgbɔmeviviti me tso esime xɔsegbegbe si ŋu nya Biblia gblɔ ɖi la va keke ta le apostoloawo ƒe ku megbe. (Mat. 13:​37-43) Babilon Gã, si nye alakpasubɔsubɔhawo katã ƒe ƒuƒoƒo ɖe aboyo wo tso ɣemaɣi. Amesiaminawo nɔ aboyo me kaka va ɖo “nuɖoanyia ƒe nuwuɣi,” si dze egɔme tso ƒe 1914 me. (Mat. 13:​39, 40) Ema megbe kpuie le ƒe 1919 mea, wokpɔ ablɔɖe eye enumake wote keklẽ le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu esi wobiã ŋku ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. b Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, amewo tso dukɔwo katã me va kekelia me eye Mawu ƒe Israel, siwo woyɔ le Yesaya 60:3 be “fiawo” la me tɔ susɔewo hã le wo dome.—Nyaɖ. 5:​9, 10.

Le etsɔmea, Kristotɔ amesiaminawo ana Mawu ƒe kekeli naklẽ wòagaɖe dzesi wu. Le mɔ ka nu? Ne wowu woƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa nu la, woazu “Yerusalem Yeye” alo Kristo ƒe ŋugbetɔ si nye ame 144,000 me tɔ siwo anye fiawo kple nunɔlawo.—Nyaɖ. 14:1; 21:​1, 2, 24; 22:​3-5.

Yerusalem Yeyea awɔ akpa vevi aɖe be Yesaya 60:1 nava eme. (Tsɔ Yesaya 60:​1, 3, 5, 11, 19, 20 sɔ kple Nyaɖeɖefia 21:​2, 9-11, 22-26.) Ale si ko Yerusalem si nɔ anyigba dzi nye blema Israel ƒe fiadu la, nenema kee Yerusalem Yeye la kple Kristo woazu nuɖoanyi yeyea ƒe dziɖuɖu. Mɔ ka nue Yerusalem Yeyea le “ɖiɖim tso dziƒo gbɔna tso Mawu gbɔ” le? Eyae nye be etrɔ eƒe susu ɖe anyigbaa ŋu. Mawuvɔ̃la siwo tso dukɔwo katã mea “azɔ le eƒe kekeli me.” Woavo tso nu vɔ̃ kple ku gɔ̃ hã si me. (Nyaɖ. 21:​3, 4, 24) “Woaɖɔ nuwo katã ɖo” bliboe, abe ale si Yesaya kple nyagblɔɖila bubuwo gblɔe ɖii ene. (Dɔw. 3:21) Nuwo ɖɔɖɔɖo ƒe dɔ gã sia dze egɔme esime Kristo zu Fia, eye awu enu le eƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu.

a Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia zã “nyɔnu” le Yesaya 60:​1, le esi teƒe be wòazã “Zion,” alo “Yerusalem,” elabe le Hebrigbea mea, wozãa dɔwɔnya siwo gɔme woɖe be “tso” kple “klẽ” wòfia be nyɔnue wole nyaa gblɔm na heyɔe be “wò.” Nya “nyɔnu” si wozã kpena ɖe Eʋegbedolawo ŋu wosea egɔme be kpɔɖeŋunyɔnu aɖee wole nyaa gblɔm na.

b Ezekiel 37:​1-14 kple Nyaɖeɖefia 11:​7-12 hã ƒo nu tso tadedeagu vavãtɔ gbugbɔgaɖoanyi si va eme le ƒe 1919 me ŋu. Ezekiel gblɔe ɖi be Kristotɔ amesiaminawo katã akpɔ ablɔɖe tso alakpanufiafia ƒe aboyo si me wonɔ ɣeyiɣi didi aɖe la me eye woagasubɔ Mawu le mɔ nyuitɔ nu ake. Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ƒo nu tso ale si woagaɖo nɔviŋutsu amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo sue si nɔ ŋgɔ xɔm anyi la ŋu. Wolé wo de gaxɔ me madzemadzee, gake wogate dɔwɔwɔ ake le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe. Le ƒe 1919 mea, woɖo wo “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela.”—Mat. 24:45; kpɔ Yehowa Ƒe Tadedeagu Dzadzɛa—Wogbugbɔe Ðo Anyi Mlɔeba!, axa 118.