GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA December 2019

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso February 3 va se ɖe March 1, 2020 la le tata sia me.

“Ɣeyiɣi Li Na” Dɔwɔwɔ Kple Ðiɖiɖeme

Le nyati sia me la, woatsɔ kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Sabat ƒe ɖoɖo si wowɔ na Israel-viwo la awɔ kpɔɖeŋu si akpe ɖe mía ŋu míalé ŋku ɖe nɔnɔme si le mía si ɖe dɔwɔwɔ kple ɖiɖiɖeme ŋu la ŋu.

Yehowa Naa Ablɔɖe Wò

Ablɔɖeƒea ɖoa ŋku ɖoɖo aɖe si Yehowa wɔ be yeana ablɔɖe mí la dzi na mí.

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Le Sea te la, ne ŋutsu aɖe dɔ ɖetugbui aɖe gbɔ sesẽe ‘le gbe me’ eye wòdo ɣli la, meɖi fɔ o, ke ŋutsua ya ɖi fɔ. Nu ka tae?

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Esi Satana gblɔ na Xawa be ne eɖu sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe atia la, maku o la, ɖe Satana di be Xawa nasusui be luʋɔ makumaku le amegbetɔwo me, abe ale si ame geɖewo xɔe se egbea enea?

Aleke Gbegbee Nènya Yehowae?

Nu kae wòfia be woanya Yehowa, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Mose kple Fia David ƒe kpɔɖeŋua me ku ɖe ale si míawɔ be ƒomedodo kplikplikpli nava nɔ mía kple Yehowa dome la ŋu?

Dzilawo—Mina Hehe Mia Viwo Be Woalɔ̃ Yehowa

Aleke dzilawo ate ŋu ahe wo viwo be woalɔ̃ Yehowa ahasubɔe?

“Mida Akpe Ðe Nu Sia Nu Ta”

Susu geɖewo li siwo tae kutrikuku be míanye akpedalawo nyo na mí.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe nèkpɔ dzidzɔ ɖe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa la xexlẽ ŋua? Kpɔ nu siwo dzi nèɖo ŋkui la ɖa.

Gbetakpɔxɔ Kple Nyɔ! Siwo Do Le Ƒe 2019 Me Ƒe Nyawo Diƒe

Nyati siwo katã wota le Gbetakpɔxɔ Kple Nyɔ! magazineawo me le ƒe 2019 me, siwo woɖo ɖe woƒe hatsotso vovovoawo me la ƒe nyawo diƒe.