Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NUSƆSRƆ̃NYATI 52

Dzilawo—Mina Hehe Mia Viwo Be Woalɔ̃ Yehowa

Dzilawo—Mina Hehe Mia Viwo Be Woalɔ̃ Yehowa

“[Ðeviwo] nye domenyinu tso Yehowa gbɔ.”—PS. 127:3.

HADZIDZI 134 Ðeviwo Nye Domenyinu Tso Yehowa Gbɔ

NYA VEVIAWO *

1. Dɔ kae Yehowa de asi na dzilawo?

ESI Yehowa wɔ atsu kple asi gbãtɔa la, ede didia wo me be woadzi vi. Biblia gblɔe wòsɔ nyuie be: “[Ðeviwo] nye domenyinu tso Yehowa gbɔ.” (Ps. 127:3) Nu kae nya siawo fia? Tsɔe be xɔ̃wò vevi aɖe tsɔ ga gbogbo aɖe na wò be nàdzra ɖo na ye. Aleke nàse le ɖokuiwò me? Ðikeke mele eme o be, dzi adzɔ wò be xɔ̃wòa ka ɖe dziwò alea. Ke hã, àtsi dzi ɖe ale si nàwɔ akpɔ egbɔ be ga gbogbo sia le dedie la ŋu. Yehowa, si nye mía Xɔlɔ̃ vevitɔ kekeake la, na nane si ŋu asixɔxɔ le sãsãsã wu ga la dzilawo, eye edi tso wo si be woalé be na nunana xɔasi sia. Ɛ̃, Yehowa de dɔ asi na dzilawo be woakpɔ wo viwo dzi nyuie ahakpɔ egbɔ be wole dzidzɔ kpɔm.

2. Biabia kawo mee míadzro?

2 Ame kae wòle be wòatso nya me nenye be atsu kple asi aɖe adzi vi loo alo womadzi vi o, eye ame kae wòle be wòatso nya me le ɣeyiɣi si me wòle be woadzi vi la ŋu? Eye nu kawoe dzilawo ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo viwo ŋu be woakpɔ dzidzɔ le agbe me? Bu aɖaŋuɖoɖo siwo le Mawu ƒe Nyaa me siwo ate ŋu akpe ɖe Kristotɔ atsu kple asiwo ŋu woatso nya me nyuie la dometɔ ʋɛ aɖewo ŋu kpɔ.

DE BUBU ATSU KPLE ASIA ƑE NYAMETSOTSO ŊU

3. (a) Ame kae wòle be wòatso nya me nenye be atsu kple asi aɖe adzi vi loo alo womadzi vi o? (b) Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo kae wòle be wòanɔ susu me na atsu kple asia xɔlɔ̃wo kple woƒe ƒometɔwo?

3 Le dukɔ aɖewo me la, amewo kpɔa mɔ be ne atsu kple asia nya ɖe wo nɔewo vɔ teti ko la, ele be woate vidzidzi. Woƒe ƒometɔwo kple ame bubuwo ate ŋu aƒoe ɖe wo nu gɔ̃ hã be woadzi  vi kaba. Nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Jethro, si le Asia, la gblɔ be, “Le hamea me la, srɔ̃tɔ aɖewo siwo si viwo le la ƒonɛ ɖe atsu kple asi siwo si vi mele o la nu be woadzi vi.” Nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Jeffrey, si hã le Asia la, gblɔ be, “Ame aɖewo gblɔna na atsu kple asi siwo si vi mele o la be womakpɔ ame aɖeke wòakpɔ wo dzi ne wotsi o.” Ke hã, ele be atsu kple asia ŋutɔ natso nya me na wo ɖokui nenye be woadzi vi loo alo womadzi vi o. Woawo ŋutɔwo ƒe nyametsotsoe wòanye; woawo ŋutɔwo ƒe agbanɔamedzie. (Gal. 6:5, etenuŋɔŋlɔ) Ele eme be, srɔ̃tɔ yeyeawo xɔlɔ̃wo kple woƒe ƒometɔwo ƒe didie nye be srɔ̃tɔawo nakpɔ dzidzɔ ya. Gake ele be woaɖo ŋku edzi be atsu kple asia ŋutɔe wòle na be woatso nya me nenye be woadzi vi loo alo womadzi vi o.—1 Tes. 4:11.

4-5. Biabia vevi eve kawo mee wòle be atsu kple asiwo nadzro, eye ɣekaɣie asɔ wu be woadzro biabia siawo me? Ðe eme.

4 Anyo be atsu kple asi siwo tso nya me be yewoadzi vi la nadzro biabia vevi eve siawo me: Gbã, ɣekaɣie woadi be yewoadzi vi? Evelia, vi nenie woadi be yewoadzi? Ɣekaɣie sɔ wu be atsu kple asia nadzro nya vevi siawo me? Eye nu ka tae biabia eve mawo le vevie nenema gbegbe?

5 Zi geɖe la, anyo be woaɖo dze tso vidzidzi ŋu hafi aɖe wo nɔewo. Susu ka tae wòle be woawɔe alea? Susu vevi ɖekae nye be, ele vevie be wo ame evea ƒe susu nawɔ ɖeka le nya sia ŋu. Azɔ hã, ehiã be woakpɔe ɖa be ɖe yewosu te nyuie na agbanɔamedzi sia tsɔtsɔ mahã. Atsu kple asi aɖewo tiae be yewoalala ƒe ɖeka alo eve le yewoƒe srɔ̃ɖeɖe megbe hafi adzi vi, elabena vidzidzi bia ɣeyiɣi kple kutrikuku geɖe. Wokpɔnɛ be ne yewolala vie la, esia awɔe be yewoawɔ ɣeyiɣia ŋu dɔ atsɔ atrɔ ɖe srɔ̃ɖegbenɔnɔ ŋu eye yewoagate ɖe yewo nɔewo ŋu kplikplikpli wu.—Ef. 5:33.

6. Nu kae srɔ̃tɔ aɖewo tiae be yewoawɔ le esi míele ɣeyiɣi sesẽwo me ta?

6 Kristotɔ aɖewo hã tiae be yewoasrɔ̃ Noa viŋutsu etɔ̃awo kple wo srɔ̃wo ƒe kpɔɖeŋua. Atsu kple asi etɔ̃ mawo medzi vi le woƒe srɔ̃ɖeɖe megbe teti o. (1 Mose 6:18; 9:18, 19; 10:1; 2 Pet. 2:5) Yesu gblɔ be míaƒe ɣeyiɣia anɔ abe “Noa ƒe ŋkekeawo” ene, eye ɖikeke mele eme o be, míele ‘ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ’ la me. (Mat. 24:37; 2 Tim. 3:1) Esia ta, srɔ̃tɔ aɖewo tiae be yewomadzi vi fifia o kple susu be yewoate ŋu akpɔ ɣeyiɣi awɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me.

Ne srɔ̃tɔwo le eŋu bum nenye be yewoadzi vi alo yewomadzi vi o, alo wole eŋu bum be vi nenie yewoadzi hã la, nunya anɔ eme be ‘woabu eŋu kɔnta’ (Kpɔ memama 7 lia) *

7. Aleke aɖaŋuɖoɖo siwo dze le Luka 14:28, 29 kple Lododowo 21:5 la ate ŋu akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu?

7 Ne srɔ̃tɔwo le eŋu bum nenye be yewoadzi  vi alo yewomadzi vi o, alo wole eŋu bum be vi nenie yewoadzi hã la, nunya anɔ eme be ‘woabu eŋu kɔnta.’ (Xlẽ Luka 14:28, 29.) Dzila kpɔnuteƒewo nyae be menye ɖeko vihehe bia ga geɖe ko o, ke ebia ɣeyiɣi kple agbagbadzedze geɖe hã. Eya ta, ehiã vevie be srɔ̃tɔawo nadzro biabia siawo tɔgbi me: ‘Ðe wòahiã be mí ame evea siaa míawɔ dɔ atsɔ akpɔ ƒomea ƒe nuhiahiã veviwo gbɔa? Ðe mí ame evea ƒe susu wɔ ɖeka le nu siwo míaƒe ƒomea hiã ŋutɔŋutɔ la ŋua? Ne ahiã be mí ame evea siaa míawɔ dɔ la, ke ame kae akpɔ ɖeviawo dzi? Ame kae akpɔ ŋusẽ ɖe ɖeviawo ƒe nuŋububu kple nuwɔnawo dzi?’ Ne srɔ̃tɔwo dzro biabia siawo me dzigbɔɖitɔe la, ekema wole aɖaŋuɖoɖo si le Lododowo 21:5 la dzi wɔm.—Xlẽe.

Srɔ̃ŋutsu si lɔ̃ srɔ̃a awɔ etɔ sinua akpe ɖe srɔ̃a ŋu (Kpɔ memama 8 lia)

8. Kuxi kawoe wòle be Kristotɔ srɔ̃tɔwo nakpɔ mɔ na, eye nu kae srɔ̃ŋutsu lɔ̃ame awɔ?

8 Ðeviwo dzi kpɔkpɔ bia ɣeyiɣi kple agbagbadzedze geɖe tso dzila evea siaa gbɔ. Eya ta, ne atsu kple asi aɖe dzi viwo tre ɖe enu le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me la, esia ate ŋu awɔe be wòasesẽ na dzilaawo be woakpɔ vovo ɖe wo vi ɖe sia ɖe ŋu ahakpɔ eƒe nuhiahiãwo gbɔ nɛ. Atsu kple asi aɖewo siwo dzi vi sɔ gbɔ la gblɔ be menɔ bɔbɔe na yewo kura o. Zi geɖe la, ɖeɖi tea vidadaa ŋu belibeli. Nu ate ŋu ati kɔ nɛ ale gbegbe be ŋusẽ boo manɔ eŋu be wòasrɔ̃ nu, ado gbe ɖa, alo ade gbeadzi edziedzi ale si dze o. Azɔ hã, ate ŋu asesẽ nɛ be wòaɖo to nyuie le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me ahana kpekpea naɖe vi nɛ. Srɔ̃ŋutsu si lɔ̃ srɔ̃a awɔ etɔ sinua be yeakpe ɖe ye srɔ̃ ŋu yewoakpɔ ɖeviawo gbɔ ne yewole kpekpeawo me kple aƒe me siaa. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu akpe asi ɖe srɔ̃a ŋu le aƒemedɔwo wɔwɔ me. Adze agbagba be yewoawɔ Ƒometadedeagu kwasiɖa sia kwasiɖa eye akpɔ egbɔ be Ƒometadedeagua ɖea vi na ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe. Azɔ hã, anɔ gome kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me kple eƒe ƒomea edziedzi.

ALE SI DZILAWO AFIA NU WO VIWO BE WOALƆ̃ YEHOWA

9-10. Nu vevi kae wòle be dzilawo nawɔ atsɔ akpe ɖe wo viwo ŋu?

9 Nu kawoe dzilawo ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo viwo ŋu be woasrɔ̃ ale si woalɔ̃ Yehowa? Aleke woate ŋu akpɔ wo viwo ta be xexe gblẽku sia nagakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi o? Bu nu siwo dzilawo ate ŋu awɔ la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.

10 Mido gbe ɖa miabia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu. De ŋugble le kpɔɖeŋu si Manoa kple srɔ̃a, siwo nye Samson dzilawo, ɖo la ŋu kpɔ. Esi mawudɔla aɖe gblɔ na Manoa be eya kple srɔ̃a woadzi ŋutsuvi aɖe la, Manoa ɖe kuku na Yehowa be wòafia ale si yewoahe ɖeviae la yewo.

11. Le Ʋɔnudrɔ̃lawo 13:8 ƒe nya nu la, nu kae Manoa wɔ, eye aleke dzilawo ate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua?

11 Nihad kple Alma, siwo tso Bosnia Kple Herzegovina, la srɔ̃ Manoa ƒe kpɔɖeŋua. Wogblɔ  be: “Abe Manoa ene la, míeɖe kuku na Yehowa be wòafia ale si míawɔ anye dzila nyuiwoe la mí. Eye Yehowa ɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu le mɔ vovovowo nu—ewɔ esia to Ŋɔŋlɔawo, Biblia-srɔ̃gbalẽwo, hame ƒe kpekpewo, kple takpekpewo dzi.”—Xlẽ Ʋɔnudrɔ̃lawo 13:8.

12. Kpɔɖeŋu nyui kae Yosef kple Maria ɖo ɖi na wo viwo?

12 Mifia Nu Mia Viwo To Kpɔɖeŋu Nyui Ðoɖo Me. Nya siwo miegblɔna na mia viwo la le vevie; ke hã, miaƒe nuwɔnawo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mia viwo dzi wu. Míate ŋu aka ɖe edzi be Yosef kple Maria ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na Yesu kple wo vi susɔeawo. Yosef ku kutri vevie kpɔ eƒe ƒomea dzi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yosef de dzi ƒo na eƒe ƒomea be woalɔ̃ Yehowa ahasubɔe. (5 Mose 4:9, 10) Togbɔ be Mose ƒe Sea mebia tso ƒome ƒe tawo si be woakplɔ woƒe ƒome bliboa ayi Yerusalem “ƒe sia ƒe” be woava ɖu Ŋutitotoŋkekenyuia o hã la, Yosef wɔe nenema. (Luka 2:41, 42) Anɔ eme be, vifofo aɖewo susui ɣemaɣi be mɔa zɔzɔ ate ɖeɖi ame ŋu ne yewokplɔ ƒome bliboa katã ɖe asi, axɔ ɣeyiɣi geɖe eye abia be yewoazã ga geɖe hã. Ke hã, edze ƒãa be, Yosef de asixɔxɔ ƒomedodo si le woa kple Yehowa dome ŋu eye wòfia viawo hã be woawɔe nenema. Azɔ hã, Maria nya Ŋɔŋlɔawo nyuie. Ðikeke mele eme o be, eto eƒe nyagbɔgblɔwo kple nuwɔnawo dzi fia viawo be woalɔ̃ Mawu ƒe Nyaa.

13. Aleke atsu kple asi aɖe srɔ̃ Yosef kple Maria ƒe kpɔɖeŋua?

13 Nihad kple Alma, siwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi la, srɔ̃ Yosef kple Maria ƒe kpɔɖeŋua hã. Aleke esia kpe ɖe wo ŋu be wote ŋu he wo viŋutsua be wòva lɔ̃ Yehowa hesubɔe? Wogblɔ be, “Míeto míaƒe agbenɔnɔ dzi kpe ɖe mía viŋutsua ŋu wòkpɔ ale si agbenɔnɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo nu ɖea vii la dze sii.” Nihad gblɔ kpee be, “Dze agbagba nànye ame si ƒomevi nèdi be viwò nanye.”

14. Nu ka tae wòhiã be dzilawo nanya ame siwo wo viwo dea ha kplii?

14 Mikpe ɖe mia viwo ŋu woatia xɔlɔ̃ nyuiwo. Ehiã be vidadaa kple vifofoa siaa nanya ame siwo wo viwo dea ha kplii kple nu siwo wo viwo wɔna. Esia bia hã be dzilawo nanya ame siwo wo viwo doa ka kple le Internet dzi hahoo kadodowo dzi kpakple ame siwo woɖoa dze kple le asitelefon dzi. Esia le vevie ŋutɔ, elabe ame siwo ɖeviawo dea ha kplii la ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe woƒe nuŋububu kple nuwɔna dzi.—1 Kor. 15:33.

15. Nu kae dzilawo ate ŋu asrɔ̃ tso Jessie ƒe kpɔɖeŋua me?

15 Nu kae dzilawo ate ŋu awɔ ne womenya nu boo aɖeke tso kɔmpiuta, asitelefon alo tablɛtwo ŋu o? Jessie, si nye vifofo aɖe si le Philippines, la gblɔ be: “Nye kple srɔ̃nye míenya nu boo aɖeke tso mɔ̃ɖaŋunuwo ŋu o. Gake ema mexe mɔ na mí be míexlɔ̃ nu mía viawo tso afɔku siwo ate ŋu ado tso mɔ̃ɖaŋunuwo zazã me la ŋu o.” Jessie mexe mɔ na viawo be woagazã mɔ̃ siawo keŋkeŋ o le esi eya ŋutɔ menya nu boo aɖeke tso wo ŋu o ta o. Egblɔ be: “Mede dzi ƒo na vinyewo be woazã woƒe mɔ̃awo atsɔ asrɔ̃ gbegbɔgblɔ yeye aɖe, woazãe atsɔ adzra ɖo ɖe kpekpeawo ŋu, eye woawɔ eŋu dɔ le woƒe gbe sia gbe Biblia xexlẽ me.” Ne dzilae nènye la, ɖe nèdzro aɖaŋuɖoɖo siwo ku ɖe nuŋɔŋlɔ ɖoɖo ɖe amewo to asitelefon dzi kple fotowo ɖoɖo ɖe amewo le Internet dzi ŋu, siwo dze le jw.org® ƒe akpa si nye “Sɔhɛwo” la me kple viwòwoa? Ðe nèkpɔ video siwo nye Ðe Elektrɔnikmɔ̃wo Va Le Ŋusẽ Kpɔm Ðe Wò Agbe Dzia? kple Zã Internet Dzi Hahokadoƒewo Nunyatɔe * la kple viwòwo hedzro wo me kpli woa? Nu siawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàfia viwòwo ale si woazã elektrɔnikmɔ̃wo le nunya me.—Lod. 13:20.

16. Nu kae dzila geɖewo wɔ, eye nu kae do tso eme?

 16 Dzila geɖewo dzea agbagba wɔa ɖoɖo be wo viwo nade ha kple nɔvi siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui le Mawu subɔsubɔ me. Le kpɔɖeŋu me, N’Déni kple Bomine, siwo nye atsu kple asi aɖe le Côte d’Ivoire, la kpe nutome sue dzikpɔlawo zi geɖe be woava dze yewo ƒe me. N’Déni gblɔ be: “Esia kpɔ ŋusẽ nyui ɖe mía viŋutsu tsitsitɔa dzi. Eva te mɔɖeɖedɔa wɔwɔ eye fifia, enye nutome sue dzikpɔla teƒenɔla.” Àte ŋu awɔ ɖoɖo ɖe hadede siawo tɔgbi ŋu na viwòwoa?

17-18. Ɣekaɣie wòle be dzilawo nadze hehenana wo viwo gɔme?

17 Midze hehenana mia viwo gɔme kaba ale si wòanya wɔ. Eɖea vi geɖe ne dzilawo dze hehenana wo viwo gɔme kaba tso keke woƒe ɖevime ke. (Lod. 22:6) Bu Timoteo, si va wɔ dɔ kple apostolo Paulo le mɔzɔzɔdɔa me la ŋu kpɔ. Timoteo dada, Eunike, kple mamaa, Lois, wona hehee ‘tso eƒe ɖevime ke.’—2 Tim. 1:5; 3:15.

18 Atsu kple asi bubu aɖe siwo nye Jean-Claude kple Peace, siwo hã le Côte d’Ivoire, la te ŋu he wo vi adeawo katã wova lɔ̃ Yehowa hele esubɔm. Nu kae kpe ɖe atsu kple asi sia ŋu? Eyae nye be, wosrɔ̃ Eunike kple Lois ƒe kpɔɖeŋua. Wogblɔ be, “Míeku Mawu ƒe Nyaa ɖe to me na mía viawo tso woƒe ɖevime ke, tso esime míedzi wo megbe kpuie ko.”—5 Mose 6:6, 7.

19. Nu kae wòfia be dzilawo naku Mawu ƒe Nyaa ɖe to me na wo viwo?

19 Nu kae wòfia be ‘miaku’ Mawu ƒe Nyaa “ɖe to me na” mia viwo? Nyagbe si nye “ku wo ɖe to me na” fia be “woafia nu ame ahaɖo ŋku nu dzi na ame to egbɔgblɔ edziedzi me.” Hafi dzilawo nate ŋu awɔ esia la, ehiã be woanɔ vovo kpɔm ɖe wo viwo ŋu edziedzi. Ele eme be ɣeaɖewoɣi la, dzi ate ŋu aɖe le dzilawo ƒo le esi wòhiã be woanɔ nu ɖeka ma ke fiam wo viwo enuenu ta ya. Ke hã, dzilawo ate ŋu adze agbagba akpɔ esia be enye mɔ aɖe si dzi yewoato akpe ɖe yewo viwo ŋu woase Mawu ƒe Nyaa gɔme ahawɔ edzi.

Ehiã be dzilawo nadze agbagba anya ale si woahe wo viawo dometɔ ɖe sia ɖe (Kpɔ memama 20 lia) *

20. Aleke dzilawo ate ŋu awɔ Psalmo 127:4 ŋu dɔ le vihehe me?

20 Midze agbagba mianya mia viwo nyuie. Psalmo 127 lia tsɔ ɖeviwo sɔ kple aŋutrɔwo. (Xlẽ Psalmo 127: 4.) Abe ale si ko aŋutrɔwo tea ŋu toa vovo le nu si wotsɔ wɔ wo, woƒe lolome kple didime gome ene la, nenema kee ɖevi ɖe sia ɖe to vovo. Eya ta, ehiã be dzilawo  nadze agbagba anya ale si woahe wo viawo dometɔ ɖe sia ɖe. Atsu kple asi aɖe si le egbegbe Israel, siwo te ŋu he wo vi eveawo dzidzedzetɔe wova le Yehowa subɔm la gblɔ nu si kpe ɖe wo ŋu; wogblɔ be, “Míesrɔ̃ Biblia kple mía viawo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe vovo.” Anyo be míaɖo ŋku edzi be, ƒomea ƒe tae atso nya me nenye be ehiã alo anya wɔ be woasrɔ̃ Biblia kple ɖeviawo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe vovo.

YEHOWA AKPE ÐE MIA ŊU

21. Kpekpeɖeŋu kae dzilawo ate ŋu akpɔ mɔ na tso Yehowa gbɔ?

21 Kuxi siwo dzilawo doa goe le wo viwo hehe me la ate ŋu ana dzi naɖe le wo ƒo, ke hã, ɖeviwo nye nunana tso Yehowa gbɔ. Ele klalo ɣesiaɣi be yeakpe ɖe dzilawo ŋu. Elɔ̃na faa ɖoa to dzilawo ƒe gbedodoɖawo. Eye etoa Biblia, míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo, kpakple dzila kpɔnuteƒe siwo le hamea me la ƒe kpɔɖeŋu nyuiwo kple aɖaŋuɖoɖo nyuiwo dzi ɖoa dzilawo ƒe gbedodoɖawo ŋu.

22. Nu vevitɔ kekeake siwo dzilawo ate ŋu ana wo viwo la dometɔ aɖewo ɖe?

22 Ame aɖewo gblɔna be ƒe 20 blibo ƒe dɔe vihehe nye, gake dzilanyenye mesena ɖe afi ma o, dzilawo koe wokpɔtɔna nyena na wo viwo. Nu vevitɔ kekeake siwo dzilawo ate ŋu ana wo viwo la dometɔ aɖewoe nye woƒe lɔlɔ̃, woƒe ɣeyiɣi, kple hehe si woatsɔ Biblia ana wo. Ale si ɖevi ɖe sia ɖe awɔ nu ɖe hehe si edzilawo nanɛ ŋu la ato vovo. Ke hã, ɖevi siwo dzilawo lɔ̃ Yehowa eye wona hehe woawo hã be woalɔ̃ Yehowa la dometɔ geɖe se le wo ɖokuiwo me abe nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Joanna Mae, si le Asia, la ene; egblɔ be: “Ne mede ŋugble le hehe si dzinyelawo nam ŋu la, medaa akpe na Yehowa ŋutɔ be wofia num tso Yehowa ŋu eye wokpe ɖe ŋunye meva lɔ̃ eyama. Menye ɖeko wodzim ko o, ke wokpe ɖe ŋunye mele agbe si me dzidzeme le la hã nɔm.” (Lod. 23:24, 25) Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu miliɔn geɖe hã sena le wo ɖokuiwo me nenema ke.

HADZIDZI 59 Kafu Yah Kplim

^ mm. 5 Ðe wòle be srɔ̃tɔwo nadzi via? Ne wotiae be yewoadzi vi la, vi nenie wòle be woadzi? Eye aleke woate ŋu ana hehe wo viwo be woalɔ̃ Yehowa ahasubɔe? Nyati sia adzro egbegbe kpɔɖeŋuwo kple Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖo biabia siawo ŋu la me.

^ mm. 15 Kpɔ Questions Young People Ask—Answers That Work, Volume 1, chapter 36,kple Volume 2, chapter 11 (Les jeunes s’interrogent. Réponses pratiques, volume 1, chapitre 36, kple volume 2, chapitre 11) hã.

^ mm. 60 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Kristotɔ atsu kple asi aɖe le edam kpɔ nenye be yewoadzi vi loo alo yewomadzi vi o, eye wole dze ɖom tso dzidzɔ kple agbanɔamedzi siwo vidzidzi ate ŋu ahe vɛ la ŋu.

^ mm. 64 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Atsu kple asi aɖe le Biblia srɔ̃m kple wo viawo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe vovo le esi ɖeviawo ƒe ƒexɔxɔ kple ŋutetewo le vovovo ta.