Wò Etsɔme, Wò Ŋutɔe Atiae!
NYATEƑEE WÒNYE BE WÒ ŊUTƆ ÀTE ŊU ATIA WÒ ETSƆMEA? Ame aɖewo xɔe se be menye ame ŋutɔe kpɔ ŋusẽ ɖe eƒe etsɔme dzi o, ke boŋ dzɔgbese alo nuɖoɖinamee kpɔa ŋusẽ ɖe ame ƒe agbe dzi. Ne womete ŋu ɖo woƒe taɖodzinu aɖe gbɔ o la, wogblɔna be menye eyae yewoxɔ vɛ o. “Nenemae dzɔgbese ɖoe na yewo.”
Le ame bubuwo gome la, ne wokpɔ ameteteɖeanyi kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔ siwo le edzi yim le xexea me la, dzi ɖena le wo ƒo. Wodzea agbagba be nuwo naka ɖe eme na yewo, gake enuenua ɖeko nuwo abe aʋawɔwɔ, nu vlo wɔwɔ, dzɔdzɔmefɔkuwo kple dɔléle ene va gblẽa woƒe agbagbadzedzewo me. Eya ta wobiaa wo ɖokuiwo be ‘nu ka tae wòle be magatsi dzi?’
Enye nyateƒe be agbemenudzɔdzɔwo ate ŋu agblẽ nu le nu siwo nèɖo be yeawɔ la ŋu vevie. (Nyagblɔla 9:11) Ke hã, tiatia si nàwɔ la akpɔ ŋusẽ ɖe wò etsɔme dzi. Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ be tiatia siwo nàwɔ lae afia ale si wò etsɔme anɔ. Na míakpɔ nu si Biblia gblɔ ɖa.
Mose si nye blema Israel dukɔa kplɔla gblɔ na dukɔa esi wòsusɔ vie woage ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi be: “Metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode ɖo mia ŋkume; mitia agbe, ne mia kple miaƒe dzidzimeviwo mianɔ agbe, nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu la, nàɖo to eƒe gbe, eye nàku ɖe eya amea ŋu.”—5 Mose 30:15, 19, 20.
“Metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode ɖo mia ŋkume; mitia agbe, ne mia kple miaƒe dzidzimeviwo mianɔ agbe.”—5 Mose 30:19
Nyateƒee! Mawu ɖe Israel-viwo tso kluvinyenye me le Egipte eye wòtsɔ agbenɔnɔ le Ŋugbedodonyigba si dzi womaganye kluviwo le o, afi si woakpɔ dzidzɔ le la ɖo wo ŋkume. Gake esia mava le eɖokui si o. Be nu siawo nava eme na wo la, ele be ‘woatia agbe.’ Le mɔ ka nu? Ele be ‘woalɔ̃ Mawu, aɖo to eƒe gbe, eye woaku ɖe eya amea ŋu.’
Tiatia ma tɔgbi dze ŋgɔ wò hã egbea, eye tiatia si nàwɔ ye afia ale si wò etsɔme anɔ. Ne ètiae be yealɔ̃ Mawu, aɖo to eƒe gbe eye yeaku ɖe eŋu la, ke efia be ètia agbe tegbee si nàva nɔ le paradiso me le anyigba dzi ye nye ema. Gake nu kae nu etɔ̃ siawo dometɔ ɖe sia ɖe bia?
TIAE BE YEALƆ̃ MAWU
Lɔlɔ̃ nye Mawu ƒe nɔnɔme vevitɔ. Gbɔgbɔ ʋã apostolo Yohanes wògblɔ be: “Mawu nye lɔlɔ̃.” (1 Yohanes 4:8) Le esia ta esi wobia Yesu be sedede kae nye gãtɔ le sea me hã la, egblɔ be: “Lɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.” (Mateo 22:37) Be mía kple Yehowa Mawu dome nanɔ nyuie la, ke ele be míalɔ̃e tso dzi me, ke menye be míanɔ vɔvɔ̃m nɛ o. Nu ka tae wòle be míatiae be míalɔ̃e?
Lɔlɔ̃ si le Yehowa si na amegbetɔwo la le abe ale si dzilawo lɔ̃a wo viwo ene. Togbɔ be dzilawo mede blibo o hã, lɔlɔ̃ ʋãa wo wofiaa nu wo viwo, dea dzi ƒo na wo, doa alɔ wo eye wohea to na wo, elabe wodi be ɖeviawo nakpɔ dzidzɔ eye agbe nadze edzi na wo. Nu kae dzilawo kpɔa mɔ na? Wodina be yewo viawo nalɔ̃ yewo eye woatsɔ nu siwo yewofia wo la aɣla ɖe woƒe dzi me ale be wòaɖe vi na wo. Ðe susu mele eme be mía Fofo deblibo si le dziƒo la hã nadi be míakpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo katã yewɔ na mí la ŋu tso dzi me oa?
ÐO TO EƑE GBE
Le gbe gbãtɔ siwo me woŋlɔ Biblia ɖo mea, zi geɖea gɔmesese si le nya “ɖo to” ŋue nye be “woawɔ ɖe nya dzi.” Ðe menye nu siae míedina be ɖevi nawɔ ne míegblɔ nɛ be, “Ðo to dziwòlawo” oa? Eya ta toɖoɖo Mawu ƒe gbe fia be míasrɔ̃ ale si míawɔ ɖe nya siwo wògblɔa dzi. Esi wònye míate ŋu ase Mawu ƒe gbe tẽe o ta la, míeɖoa toe ne míexlẽa eƒe Nya Biblia eye míewɔna ɖe edzi.—1 Yohanes 5:3.
Be Yesu naɖe ale si wòle vevie be woaɖo to Mawu ƒe gbe afia la, egblɔ gbe ɖeka be: “Menye abolo ɖeɖe ko nu amegbetɔ anɔ agbe ɖo o, ke boŋ ɖe nya sia nya si dona tso Yehowa ƒe nu me la hã nu.” (Mateo 4:4) Abe ale si wòle vevie be míaɖu nu ene la, nenema kee nusɔsrɔ̃ tso Mawu ŋu hã le vevie ŋutɔ. Nu ka tae? Fia nyanu Salomo ɖe eme ale: “Nunya kpɔa ame ta, abe ale si ko ga hã kpɔa ame ta ene, ke nu si nyo le sidzedze ŋue nye be: Nunya kpɔa ame si si wòle la ƒe agbe ta.” (Nyagblɔla 7:12) Sidzedze kple nunya si tso Mawu gbɔ ate ŋu akpɔ mía ta egbea, eye woakpe ɖe mía ŋu be míawɔ tiatia nyui siwo ana míava nɔ agbe mavɔ le etsɔme.
KU ÐE EYA AMEA ŊU
Ðo ŋku Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati si va yi me la dzi. Egblɔ le afi ma be: “Agbo la le xaxɛe eye mɔ la hã xaxa, si kplɔa ame yia agbe me, eye ame ʋɛ aɖewo koe kpɔnɛ.” (Mateo 7:13, 14) Ne míele mɔ sia tɔgbi dzi zɔm, eye míedi be míaɖo afi si yim míele, si nye be míava kpɔ agbe mavɔ la, ke ele be míaku ɖe mɔfiala bibi si le mɔ fiam mí la ŋu goŋgoŋ be wòaɖe vi na mí. Eya ta ade mía dzi ne míeku ɖe Mawu ŋu. (Psalmo 16:8) Gake aleke míate ŋu awɔ esiae?
Gbe sia gbe la, nu geɖewo li wòle be míawɔ eye nu geɖewo hã li míadi be míawɔ. Nu siawo ate ŋu awɔe be vovo manɔ mía ŋu be míawɔ nu si Mawu di be míawɔ o. Esia tae Biblia ɖo ŋku edzi na mí be: “Mikpɔ nyuie be ale si miezɔna la naganye abe numanyalawo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene, eye miwɔ miaƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ le mɔ nyuitɔ nu, elabena ŋkekeawo nye vɔ̃.” (Efesotɔwo 5:15, 16) Ne ale si mí kple Mawu dome le ye nye nu vevitɔ na mí le agbe me la, ke efia be míeku ɖe eŋu.—Mateo 6:33.
WÒ ŊUTƆE ATIAE
Togbɔ be màte ŋu awɔ naneke tso nu siwo dzɔ ɖe dziwò va yi ŋu o hã la, àte ŋu atia etsɔme nyui aɖe na wò ŋutɔ ɖokuiwò kple wò ame veviwo. Biblia gblɔ na mí be, Yehowa Mawu, mía Fofo si le dziƒo la lɔ̃ mí vevie eye wòna míenya nu si wòdi be míawɔ. Se nya si nyagblɔɖila Mika gblɔ ɖa:
“Oo amegbetɔ, egblɔ nu si nyo la na wò. Eye nu ka dim Yehowa le tso asiwò? Eya koe nye be nàwɔ nu dzɔdzɔe, nàlɔ̃ nu si le eteƒe la wɔwɔ, eye nàbɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi ahazɔ kple wò Mawu!”—Mika 6:8.
Àlɔ̃ awɔ ɖe Yehowa ƒe amekpekpea dzi azɔ kplii be wò asi nàsu yayra mavɔ si wòdzra ɖo ɖi na ame siwo zɔna kplii dzia? Wò ŋutɔe atiae!