Nu Ka Tututu Dzie Wò Etsɔme Nɔ Te Ðo?
Ame geɖe xɔe se be vivimeŋusẽ aɖee ɖona ale si yewoƒe etsɔme ava nɔa ɖi. Le ema ta, wowɔa nanewo kple susu be wòahe dzɔgbenyui vɛ na yewo.
NU SI DZI AME GEÐE XƆ SE
ƔLETIVIMEFAKAKA: Ame aɖewo xɔe se be ɖoɖo si nu ɣletiviwo le le gbe si gbe wodzi yewoa dzie yewoƒe etsɔme nɔ te ɖo. Eya ta wobiaa nu ta se le ɣletivimefakalawo gbɔ be woagblɔ yewoƒe etsɔme na yewo ale be yewoanya nu si yewoate ŋu awɔ tso eŋu.
AƑELIWO: Ame aɖewo xɔe se be ne yewowɔ kɔnu aɖewo alo ɖi nu bablɛ aɖewo ɖe yewoƒe anyigba dzi hafi tu xɔa, ana nu nadze edzi na yewo. * Wogblɔna be exea mɔ ɖe dzɔgbevɔ̃e nu, eye wòhea nunyonamewo boŋ vɛ. Woxɔe se hã be enyea takpɔnu na aƒea kple emenɔlawo.
TƆGBUI KUKUWO SUBƆSUBƆ: Ame aɖewo hã xɔe se be ele be yewoawɔ kɔnuwo na tɔgbui kukuwo kple legbãwo ale be woakpɔ yewo ta alo ayra yewo. Nyɔnu aɖe si le Vietnam, si ŋkɔe nye Van, gblɔ be, “Mexɔe se be ne mesubɔ tɔgbui kukuwoa, ana agbea nadze edzi na nye kple vinyewo fifia kple le etsɔme.”
GBUGBƆGADZƆ: Ame aɖewo xɔe se be ne ame kua, wogagbugbɔ dzinɛ eye nenema koe agbea le. Woxɔe se be nu nyui alo nu vɔ̃ si dzɔna ɖe yewo dzi fifia, nye agbe si yewonɔ va yia metsonu.
Togbɔ be ame geɖe gblɔna be yewomexɔ nu mawo dzi se o hã, woyia bokɔnɔwo gbɔ, kaa asiƒome kple ɣletivimefa, eye wozãa afakakplɔ̃wo kple afakagbalẽviwo. Wosusunɛ be ɖewohĩ nu siawo ate ŋu akpe ɖe yewo ŋu yewoanya yewoƒe etsɔme.
NU KAWOE DO TSO EME?
Ðe agbea dze edzi na ame siwo xɔ nu mawo dzi sea? Ðe woƒe etsɔme anyo wu nyateƒea?
Bu nu si dzɔ ɖe aƒetɔ Hào, si le Vietnam dzi ŋu kpɔ. Exɔ feng shui dzi se, kaa ɣletivimefa eye wòsubɔa tɔgbui kukuwo ale be woakpe ɖe ye ŋu. Ðe esia na nu dze edzi nɛa? Hào gblɔ be, “Nye dɔ gblẽ eye meɖu agba, ƒomekuxiwo ɖe kpe nam, eye nu te ɖe dzinye ale gbegbe.”
Qiuming, si tso Taiwan hã xɔ ɣletivimefakaka, gbugbɔgadzɔ, dzɔgbese, feng shui, kple tɔgbui kukuwo subɔsubɔ dzi se. Esi wògbugbɔ de ŋugble le dzixɔse siawo ŋu nyuiea, egblɔ be: “Meva de dzesii be nufiafia kple kɔnu siawo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu, eye wonana ame tɔtɔna. Meva kpɔe be zi geɖea, nu siwo ɣletivimefakalawo gblɔna be adzɔa, medzɔna o. Le gbugbɔgadzɔ gomea, ne mèɖo ŋku agbe si nènɔ tsã dzi oa, aleke nàwɔ awɔ tɔtrɔwo be agbea nadze edzi na wò wu ne ègbugbɔ gadzɔ?”
“Meva de dzesii be nufiafia kple kɔnu siawo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu, eye wonana ame tɔtɔna.”—QIUMING, TAIWAN
Abe ale si Hào, Qiuming, kple ame bubuwo va de dzesii enea, míaƒe etsɔme menɔ te ɖe dzɔgbese, ɣletiviwo, tɔgbui kukuwo alo gbugbɔgadzɔ dzi o. Ðe esia fia be mímate ŋu awɔ naneke tso míaƒe etsɔme ŋu oa?
Ame geɖe hã susui be ne yewovu ɖe suku kɔkɔ dede kple kesinɔnuwo didi ŋua, ana etsɔme nanyo na yewo. Gake nu kawoe do tso eme na ame aɖewo siwo wɔ tiatia ma?
^ mm. 5 China kple Asia dukɔ aɖewo hã wɔa esia tɔgbi, eye woyɔnɛ be “Feng Shui.”
^ mm. 16 Nya sia dze le Biblia me le Galatiatɔwo 6:7. Wodona lo aɖe hã nenema be: Wɔ baɖaa, ku baɖae wua ame.