Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | ÈLE TA KPƆM NA WÒ AGBEA?

Kuxia: Seselelãme Ðefunamewo

Kuxia: Seselelãme Ðefunamewo

ÐE SESELELÃME ɖefunamewo, abe blanuiléle, dzikudodo alo dzikuléleɖedɔme ene ɖe kpe na wòa? Ne nenemae la, ke ŋusẽ alo ɣeyiɣi boo manɔ asiwò be nàwɔ nu siwo le vevie ŋutɔŋutɔ o. Nu kae nàte ŋu awɔ tso eŋu? *

BIBLIA ME KPƆÐEŊU: DAVID

Seselelãme vovovowo ɖe fu na Fia David, wo dometɔ aɖewoe nye dzimaɖitsitsi kple nuxaxa. Nu kae kpe ɖe eŋu wòte ŋu nɔ te ɖe wo nu? David gblẽ eƒe nyawo ɖe Mawu si me. (1 Samuel 24:12, 15) Eŋlɔ eƒe seselelãmewo hã ɖi. Esi wònye ŋutsu si si xɔse le ta la, edoa gbe ɖa edziedzi. *

NU SI GREGORY WƆ

Abe ale si míegblɔe le nyati gbãtɔa me ene la, dzimaɖitsitsidɔ vɔ̃ɖi aɖe ɖe kpe na Gregory. Egblɔ be: “Nye dzimaɖitsitsia gbɔ eme eye wògbɔ asi me hã.” Aleke Gregory wɔ nɔ te ɖe eƒe dɔlélea nu? Egblɔ be: “Be mada asɔ la, melɔ̃ xɔ kpekpeɖeŋu si srɔ̃nye kple xɔ̃nyewo nam dɔmenyotɔe. Meyi ɖakpɔ atikewɔlawo eye mesrɔ̃ nu geɖe hã tso nye dɔlélea ŋu. Esi metrɔ asi le nye agbemenuwɔna aɖewo ŋu vɔ la, meva kpɔe be mete ŋu le te nɔm ɖe nye nɔnɔmea nu. Togbɔ be megatsia dzimaɖi vevie ɣeaɖewoɣi hã la, meva nya nu siwo gbɔ wòtsona, eye mete ŋu le asi trɔm le eŋu.”

“Dzi kpɔdzidzɔ nye atike nyui.”—Lododowo 17:22

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Ne seselelãme ɖefunamewo ɖe kpe na wò le agbe me la, te mɔnu siawo kpɔ:

  • Ŋlɔ wò seselelãmewo ɖe agbalẽ me.

  • Gblɔ ale si nèle sesem le ɖokuiwò me la na wò ƒometɔ kplikplikpli alo xɔ̃wò vevi aɖe.

  • Da wò seselelãmeawo kpɔ be wole eteƒe mahã. Le kpɔɖeŋu me, bia ɖokuiwò be, ‘Ðe kpeɖodziwo li be ale si mebua ɖokuinyee la le eteƒea?’

  • Ðe asi le dzimaɖitsitsi, dzikudodo alo dzikuléle ɖe dɔme ŋu kaba. Zã wò ŋusẽ ɖe nu siwo aɖe vi la ŋu boŋ. *

Nya Vevitɔ: Zi geɖe la, menye nɔnɔme siwo me tom míele gbɔe seselelãme ɖefunamewo tsona o, ke boŋ ale si míebua nɔnɔmeawo gbɔe wòtsona.

^ mm. 3 Seselelãme ɖefuname aɖewo ate ŋu anye dɔléle siwo gbɔ wòahiã be atikewɔlawo nakpɔ. Nyɔ! mekafua dɔdamɔnu aɖe koŋ be eyae nyo wu o. Ele be ame sia ame ŋutɔ nada dɔdamɔnuawo kpɔ nyuie hafi atso nya me.

^ mm. 5 Psalmo siwo le Biblia me la dometɔ geɖe nye David ƒe gbedodoɖa siwo wòŋlɔ ɖi.

^ mm. 13 Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le July 1, 2015 ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe nyati si nye “Dzimaɖitsitsi—Ale Si Nàwɔ Aɖu Edzi” me.