Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NU SI BIBLIA GBLƆ

Vovototodede Ameƒomeviwo Me

Vovototodede Ameƒomeviwo Me

Afi kae ameƒomeviwo katã dzɔ tso?

‘Adam tsɔ ŋkɔ na srɔ̃a bena Xawa, elabena eyae ava nye ame gbagbewo katã dada.’—1 Mose 3:20.

NYA SI AGBALẼNYALAWO GBLƆ

Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dɔwɔha si woyɔna be UNESCO gblɔ be: “Amegbetɔwo katã dzɔ tso ame ɖeka me eye tɔgbui ɖeka viwoe wo katã wonye.”—Declaration on Race and Racial Prejudice, ƒe 1978.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Mawu wɔ ame eve, siwo nye Adam kple Xawa, eye wògblɔ na wo be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi.” (1 Mose 1:28) Aleae wòdzɔe be Adam kple Xawa va zu amegbetɔwo katã dzilawo. Emegbe esi tsiɖɔɖɔa va tsrɔ̃ anyigbadzitɔwo la, atsu kple asi ene, siwo nye Noa kple srɔ̃a kple via ŋutsu etɔ̃awo kpakple wo srɔ̃wo tsi agbe. Biblia gblɔ be mí katã míedzɔ tso Noa viŋutsuawo me.1 Mose 9:18, 19.

 Ðe ameƒomevi aɖewo nyo wu bubuawoa?

‘Mawu wɔ amewo ƒe dukɔ sia dukɔ tso ame ɖeka me, be woanɔ anyigba blibo la dzi.’Dɔwɔwɔwo 17:26.

NYA SI AME AÐEWO GBLƆ

Le ƒe 1900-awo me la, habɔbɔ gbogbo aɖewo va lɔ̃ ɖe edzi be ameƒomevi aɖewo nyo wu bubuawo. Le kpɔɖeŋu me, Nazitɔwo gblɔ gɔ̃ hã be ale si yewoƒe wɔwɔme le na yewonyo wu ameƒomevi bubuawo. Gake UNESCO ƒe nuŋlɔɖi si me míeyɔ nya tsoe le gɔmedzedzea me la gagblɔ be: “Amegbetɔwo katã dzɔ tso teƒe ɖeka eya ta amegbetɔwo kple dukɔwo katã sɔ.”

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Dɔwɔwɔwo 10:34, 35 gblɔ be: “Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ke boŋ le dukɔ sia dukɔ me la, ame si vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eyae dzea eŋu.” Le esia ta, naneke meli si ta ame aɖe nabu ameƒomevi aɖewo be wonyo wu bubuawo o.

Yesu ɖo kpɔɖeŋu ɖi na eƒe nusrɔ̃lawo esi wògblɔ na wo be: “Mi katã la, nɔviwoe mienye.” (Mateo 23:8) Edo gbe ɖa be ye yomedzelawo nawɔ ɖeka eye be “woazu blibo le nu ɖeka me,” ke menye be mama nanɔ wo dome o.Yohanes 17:20-23; 1 Korintotɔwo 1:10.

Ðe vovototodede ameƒomeviwo me nu ava yi gbe ɖekaa?

“Ava me le ŋkeke mlɔeawo me be, Yehowa ƒe aƒe ƒe to la akɔ ta agbɔ towo ŋu . . . , eye anyigba dzi dukɔwo katã aƒo zi ɖe eŋu.”Yesaya 2:2.

NU SI AME AÐEWO SUSU

Ameƒomeviwo dome fuléle na be ame geɖewo sena le wo ɖokuiwo me be amegbetɔwo mete ŋu wɔ nu boo aɖeke le vovototodede ameƒomeviwo me ɖeɖe ɖa ŋu o. Eye ame aɖewo ƒo nya ta be mate ŋu adzɔ gbeɖe be sɔsɔminasɔe nanɔ ameƒomeviwo katã dome o.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Mawu maɖe mɔ vovototodede ameƒomeviwo me nanɔ anyi ɖaa o. Ke boŋ le eƒe Fiaɖuƒea te la, ŋutsu kple nyɔnu siwo “tso dukɔwo kple towo kple ame ƒomeviwo kpakple gbegbɔgblɔwo katã me” asubɔe le ɖekawɔwɔ me ahalɔ̃ wo haviwo tso dzi me. (Nyaɖeɖefia 7:9) Menye dzi ƒe nɔnɔme si le ame sie Mawu Fiaɖuƒea nye o. Ke boŋ enye dziɖuɖu si ava trɔ nuwo le míaƒe anyigba sia dzi, si nye afi si tututu Mawu ɖoe be ameƒomeviwo katã nanɔ le nɔvisiléle me la bliboe. *

^ mm. 15 Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 3 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae.