Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Switzerland

Numekuku aɖe si wowɔ le Switzerland gblɔ be ale si wòle bɔbɔe be ame siwo xɔ wu ƒe 60 la naku le woƒe dzigbeŋkeke dzi la sɔ gbɔ teƒe 14 le alafa me wu ŋkeke bubuwo dzi. Ne míagblɔe gbadza la, ale si dzidɔ sesẽ dzea amewo dzi le woƒe dzigbeŋkeke dzi la ƒe agbɔsɔsɔ dzina ɖe edzi teƒe 18 le alafa me wu ŋkeke bubuwo, ale si gbagbadɔ dzea nyɔnuwo dzi la ƒe agbɔsɔsɔ dzina ɖe edzi teƒe 21 le alafa me kple ale si ŋutsuwo wua wo ɖokuiwo la ƒe agbɔsɔsɔ dzina ɖe edzi teƒe 35 le alafa me. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo xɔe se be nuteɖeamedzi kple ahamumu gbɔe ame ɖokui wuwu kple afɔkuwo ƒe dzidziɖedzi tso. Gake numekula aɖewo meda asi ɖe nya sia dzi o, eye wogblɔ be amewo ƒe kuku le woƒe dzigbeŋkeke dzi tso amegbetɔwo ƒe vodada gbɔ.

Israel

Wolɔ̃a ŋutsu dzeɖekɛ siwo tsɔa woƒe foto kpena ɖe woƒe dɔdigbalẽwo ŋu la kpekpe be woabia gbe wo hena wo xɔxɔ ɖe dɔ me wu nyɔnu dzetugbewo. Nu ka tae? Israel numekulawo gblɔ be ɖewohĩ esi wònye nyɔnuwo koŋue nɔa dɔwɔƒe siwo tsoa nya me le dɔdila siwo woabia gbee ŋu la tae. Agbalẽ si nye The Economist ɖe eme be: “Ŋuʋaʋã gbɔe wòtso be nyɔnuwo melɔ̃na tia nyɔnu dzetugbewo be woabia gbe wo hena wo xɔxɔ ɖe dɔ me o.”

United States

Nyɔnu saɖagaxɔmenɔla aʋatsrila aɖe si xɔ ƒe 82 kple exɔlɔ̃ eve siwo xɔ ƒe 63 kple ƒe 57 la dze agbagba ge ɖe kpɔ aɖe si le Oak Ridge le Tennessee, afi si woƒo nukliaʋawɔnu tɔn 100 nu ƒu ɖo me, eye woŋlɔ nu siwo tsi tre ɖe aʋawɔwɔ ŋu la ɖe xɔawo dometɔ ɖeka ƒe gli ŋu. Dzɔdzɔmeŋusẽ dɔwɔƒea dzi kpɔla Steven Chu gblɔ be “teƒe sia si wobuna be enye teƒe siwo ŋu wodzɔna wu le xexea me la dometɔ ɖeka la” ŋu madzɔmadzɔ ale si dze o la “nye nu si ɖe fu ŋutɔ.”

Australia

Dukɔa ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ de se na adzɔha siwo wɔa sigaret la be woaɖe amadede kple dzeside siwo dea dzesi adzɔha siwo wɔ sigaretwo la ɖa le sigaretgowo dzi. Tso fifia dzi la, ele be woade sigaretwo katã go siwo ƒe amadede nye braɔn me, eye woata ale si gbegbe sigaretnono gblẽa nui la ɖe goawo dzi.