Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | VIHEHE

Ale Si Nàxɔ Vinugbewɔwɔ Le Viwò Si

Ale Si Nàxɔ Vinugbewɔwɔ Le Viwò Si

KUXIA

Ne vinye si xɔ ƒe eve do dziku la, enɔa ɣli dom, nɔa afɔ tum anyi hetsɔa eɖokui xlãna ɖe anyi nɔa mimlim le anyigba. Mebiaa ɖokuinye be: ‘Nu kae le fu ɖem na vinyea? Nane si nyemewɔ nɛ o tae wòle vinugbea wɔm ɖoa? Ðe wòava dzudzɔa?’

Àte ŋu akpe ɖe viwò si xɔ ƒe eve la ŋu wòadzudzɔ vinugbewɔwɔ. Gake gbã la, na míakpɔ nu si tae wòwɔa vinugbea ɖo.

NU SI GBƆ WÒTSONA

Ðevi suewo menya ale si woaɖu woƒe seselelãmewo dzi o. Esia ɖeɖe dzaa ate ŋu awɔe be woanɔ vinugbe wɔm ɣeaɖewoɣi. Gake nu bubu aɖewo gali.

Bu tɔtrɔ siwo vaa ɖevi ƒe agbe me ne exɔ abe ƒe eve ene ŋu kpɔ. Tso esime wodzii la, edzilawo wɔa nu sia nu si wòdi la nɛ. Le kpɔɖeŋu me ne efa avi la, edzilawo nɔa du dzi ɖe eŋu. ‘Ðe vinyea dze dɔa? Dɔe le ewuma? Ðe wòhiã be mable enua? Ðe wòhiã be maɖɔli nu nɛa?’ Dzilawo wɔa nu sia nu si hiã tsɔ kpɔa egbɔ be eƒe dzi dze eme. Esia sɔ, elabena ɖevia hiã edzilawo ƒe beléname le nu sia nu me.

Gake ne ɖevia xɔ abe ƒe eve ene la, etea dzesidedee be ye dzilawo megale nu sia nu wɔm na ye abe tsã ene o. Le esi edzilawo nanɔ nu sia nu wɔm nɛ teƒe la, ɖe wokpɔa mɔ boŋ be ɖevia nawɔ yewoƒe didiwo dzi. Ʋugbea trɔ vavã! Gake ƒe eve vi sia malɔ̃ axɔ tɔtrɔ siawo bɔbɔe o, ɖewohĩ atsi tre ɖe tɔtrɔ sia ŋu to vinugbewɔwɔ me.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ɖevia va lɔ̃na ɖe edzi be yeƒe mɔfialawoe ye dzilawo nye ke menye subɔviwo wonye na ye o. Eva dea dzesi mlɔeba hã be yeƒe dɔdeasie nye be ‘yeaɖo to ye dzilawo.’ (Kolosetɔwo 3:20) Gake va se ɖe ɣemaɣi la, ɖevia atsɔ vinugbewɔwɔ atraɖii ana edzilawo nati mavoe.

 NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Se nu gɔme nɛ. Menye ame tsitsie viwòa nye o. Esi viwòa mekpɔ nya ale si wòaɖu eƒe seselelãmewo dzi o ta la, ate ŋu awɔ nu wòagbɔ eme ne edo dziku. Dze agbagba nàtsɔ ɖokuiwò aɖo eteƒe.Biblia ƒe gɔmeɖose: 1 Korintotɔwo 13:11.

Lé ɖokuiwò. Ne viwòa le vinugbe wɔm la, dzikudodo makpɔ nya gbɔ o. Zi ɖokuiwò dzi ale si wòanya wɔ, eye mègade nu eme nɛ o. Ŋkuɖoɖo nu si tae viwòa wɔa vinugbe dzi akpe ɖe ŋuwò nàlé ɖokuiwò kpoo.Biblia ƒe gɔmeɖose: Lododowo 19:11.

Tɔ afɔ to sesĩe. Ne èwɔa nu sia nu si viwòa di la nɛ la, agawɔ vinugbe ɣebubuɣi si wòdi be nàwɔ nane na ye. Na viwòa nakpɔe le ŋuwò be ne ègbe be yemawɔ nane o la, ke efia be màwɔe gbeɖe o, gake wɔ esia le tufafa me.Biblia ƒe gɔmeɖose: Mateo 5:37.

Ŋkuɖoɖo nu si tae viwòa wɔa vinugbe dzi akpe ɖe ŋuwò nàlé ɖokuiwò kpoo

Gbɔ dzi ɖi nɛ. Mègakpɔ mɔ be viwòa adzudzɔ vinugbewɔwɔ kaba o, vevietɔ ne ekpɔe le ŋuwò be èwɔa yeƒe didiwo dzi na ye ne yewɔ vinugbe. Gake ne èkpɔa nɔnɔmea gbɔ nyuie hewɔa wò nyawo dzi la, anɔ eme be eƒe vinugbewɔwɔ dzi aɖe akpɔtɔ. Mlɔeba la, ava dzudzɔ vinugbewɔwɔ kura. Biblia gblɔ be: “Lɔlɔ̃ gbɔa dzi blewu.”1 Korintotɔwo 13:4.

Àte ŋu awɔ nu siawo hã:

  • Ne viwòa dze vinugbea gɔme la, lée ɖe asi (ne anya wɔ) eye mègaɖe asi le eŋu wòanɔ gbodogbodo wɔm o, gake mègawɔ nu vevii o. Mègado ɣli ɖe eta o. Gbɔ dzi ɖi nɛ ne wòadze eme. Mlɔeba la, ɖevia ava de dzesii be vinugbewɔwɔa makplɔ ye ade afi aɖeke o.

  • Ðo teƒe aɖe si nàna wòanɔ nɔnɔm ɣesiaɣi si wòle vinugbe wɔm. Gblẽe ɖe afi ma, eye nàgblɔ nɛ be ate ŋu ado le afi ma ne edzudzɔ vinugbea wɔwɔ.

  • Ne viwòa le vinugbe wɔm le ame dome la, kplɔe ɖe kpɔe. Mègana ta le esi wòna amewo le mia kpɔm ta o. Ðeko esia wɔwɔ ana viwòa nase le eɖokui me be ne yenya wɔ vinugbe ko la, àwɔ yeƒe didi ɖe sia ɖe dzi na ye.