Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu
Xexe bliboa
Dɔwuame ɖeɖe ɖa le xexea me bia nu geɖe wu agble geɖe dede ko. Wobu akɔnta be, agble si dem wole fifia ate ŋu anyi ame miliɔn akpe 12. Esia gbɔ ame agbɔsɔsɔ si le anyigba dzi fifia ŋu miliɔn akpe 5 sɔŋ. Nu siwo gbɔ kuxia tso koŋue nye viɖe geɖe didi, afi si woɖoa nuɖuɖuawo ɖo kple bemalémale na agblemenukuawo.
Britain kple United States
Gadzraɖoƒedɔwɔla kple gasitsala bibi siwo wobia gbee la dometɔ 24 le alafa me gblɔ be “ahiã be yewoada dɔwɔsewo dzi alo ato mɔ fitifiti aɖe dzi be nu nadze edzi na yewo.” Wo dometɔ 16 le alafa me gblɔ be ne ehiã be yewoada adzo ame kura gɔ̃ hã la, yewoawɔe “ne womanya lé yewo o ko.”
Argentina
Le Argentina la, nufiala 3 le 5 ɖe sia ɖe me biaa mɔ le dɔ me hetsia aƒe me le dɔa ƒe nuteɖeamedziwo loo alo ŋutasẽnuwɔwɔ siwo yia edzi le dɔa me ta.
South Korea
Le South Korea la, eteƒe madidi o ame akpa gãtɔ maganɔ aƒe me kple ame bubuwo o, ke boŋ ame ɖekaɖekawo ŋutɔwo ɖeɖe anɔ aƒe me.
China
China dziɖuɖua wɔ se yeye aɖe ku ɖe ale si woakpɔ ya nyui agbɔ le dukɔa me ŋu si adze dɔwɔwɔ gɔme le ƒe 2016 me. Gake amewo susui be dugã 2 le 3 ɖe sia ɖe me mate ŋu aɖo nudidi sia gbɔ o. Wokpɔe hã be tometsiwo “meganyo na nono o alo be wogblẽ kura.”