Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu 7lia: Gɔmeɖoanyi Sesẽ

Nu 7lia: Gɔmeɖoanyi Sesẽ

Nu 7lia: Gɔmeɖoanyi Sesẽ

Nu si wòfia. Abe ale si ko aƒe aɖeke meyia edzi nɔa te sesĩe hena ƒe geɖe le eɖokui si o ene la, nenema kee srɔ̃ɖeɖe likewo hã menɔa anyi ɖaa agbagba aɖeke madzemadzee o. Xɔ like ɖe sia ɖe hiã gɔmeɖoanyi sesẽ, eye nenema kee wòle le srɔ̃ɖeɖe siwo li ke hã gome. Mɔfiametsoƒe aɖe si ƒe aɖaŋuɖoɖowo wɔa dɔ ɣesiaɣi dzie wonɔa te ɖo ɖoa srɔ̃ɖeɖe kpɔdzidzedzewo gɔme anyi.

Nu si ta wòle vevie. Srɔ̃ɖegbenɔnɔ ŋuti ɖaŋuɖoɖowo bɔ ɖe agbalẽwo, magazinewo, kple television dzi wɔnawo me. Srɔ̃ɖeɖaŋuɖola aɖewo ade dzi ƒo na atsu kple asiwo be woayi edzi anɔ wo nɔewo gbɔ, evɔ bubuwo ya ade dzi ƒo na srɔ̃tɔ mawo ke be woagbe wo nɔewo. Srɔ̃ɖeɖe ŋuti nunyalawo gɔ̃ hã va trɔa woƒe nukpɔsusu le nya siawo tɔgbi ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1994 me la, susuŋutinunyala aɖe si bi ɖe ƒewuiviwo ƒe nyawo gbɔ kpɔkpɔ me la ŋlɔ be, le yeƒe dɔwɔwɔ ƒe gɔmedzedze la, yesusu be “ade ɖeviwo dzi wu be woanɔ dzilaɖekɛ si ƒe dzi dze eme la gbɔ tsɔ wu be woanɔ dzila eveawo siwo nɔa dzre dzi ɖaa la gbɔ. Mesusu be enyo be woagbe srɔ̃ wu be woanɔ fu kpem le srɔ̃ɖeɖe si me dzidzɔ mele o me.” Ke hã, nuteƒekpɔkpɔ siwo va su esi le ƒe 20 siwo wòtsɔ wɔ dɔ me na wòtrɔ eƒe susu. Egblɔ be: “Srɔ̃gbegbe gblẽa nu le ɖevi geɖewo ŋu.”

Amewo ƒe nukpɔsusuwo tea ŋu trɔna, gake Mawu ƒe Nya, Biblia, ƒe gɔmeɖosewo adze le srɔ̃ɖeɖe ŋuti ɖaŋuɖoɖo nyuitɔ kekeake si ŋu woake ɖo la ŋu le mɔ aɖewo nu godoo. Esi nèle nyati siawo xlẽm la, ànya de dzesii be woŋlɔ Biblia me gɔmeɖose aɖe ɖe axa siwo nye 3 va se ɖe 8 la tame. Gɔmeɖose mawo dzi wɔwɔ kpe ɖe ƒome geɖewo ŋu wokpɔ dzidzedze vavãtɔ le woƒe ƒomea me. Ƒome siawo hã doa go kuxiwo abe ƒome bubuwo ke ene. Gake vovototoa ye nye be Biblia kpe ɖe wo ŋu woɖo gɔmeɖoanyi sesẽ na srɔ̃ɖeɖe kple ƒomegbenɔnɔ. Ele be míakpɔ mɔ be wòanɔ alea, elabena Yehowa Mawu, Ame si na woŋlɔ Biblia lae nye ƒome Gɔmeɖoanyila.—2 Timoteo 3:16, 17.

Te mɔfiame sia kpɔ. Ŋlɔ mawunyakpukpui siwo me nyawo woŋlɔ ɖe axa 3 va se ɖe 8 tame la ɖi. Àte ŋu aŋlɔ mawunyakpukpui bubu ɖe sia ɖe si ɖe vi na wò kpɔ hã akpee. Da nuŋlɔɖi sia ɖe asitsɔƒe eye nànɔ woxlẽm edziedzi.

Tso nya me le nu si nàwɔ ŋu. Ðoe be yeanɔ agbe ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo nu le ƒomea me.—g09 10-E.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Biblia me gɔmeɖose siwo wɔa dɔ akpe ɖe ŋuwò be wò ƒomea nali ke ahanɔ te ɖe kuxi siwo nu sẽ abe ahom ene la nu