Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Ðe Videodzifefewo Ate Ŋu Azu Numamea?

Susu ŋuti nunyala Ralf Thalemann nye ame siwo xɔ ŋgɔ le numame siwo dzi menya ɖuna bɔbɔe o ŋuti numekuku aɖe, si wowɔ le Charité Yunivɛsiti Kɔdzi, le Berlin, Germany la dometɔ ɖeka. Egblɔ be: “Ame siwo kpɔa gome le kɔmpiutadzifefewo me fũu akpa la ƒe ahɔhɔ̃ wɔa dɔ abe ale si ko ame siwo aha muame alo gbekui nono zu numame na la tɔ wɔa dɔe ene.” Wosusui be gomekpɔkpɔ le kɔmpiutadzifefewo me fũu akpa nana lãmetsi aɖe dzana ɖe fefewɔlaa ƒe ahɔhɔ̃ me, eye esia nana wòsea vivi aɖe le eɖokuime, eye esia ate ŋu ana fefea nava zu “numame si dzi manya ɖu bɔbɔe o.” Le numekuku aɖe ƒe nya nu la, videodzifefewo ate ŋu ava zu numame si dzi manya ɖu bɔbɔe o na ame siwo kpɔa gome le wo me la dometɔ 10 le alafa me.—g4/07.

Kesinɔtɔwo Le Xaxa Me

Nyadzɔdzɔgbalẽ si ŋkɔe nye China Daily, si wotana le China du si nye Beijing me, gblɔ be: “Gatɔ gãwo mevona le wo ɖokui me o, eye wotɔtɔna.” Wowɔ numekuku aɖe le ame siwo le China ƒe ɣedzeƒe kple anyiehe, siwo si ga le ade yuan miliɔn 2,200 (alo Amerika dɔlar miliɔn 275) la dome. Esi numekulaawo lé ŋku ɖe gatɔwo ƒe “nɔnɔme ɖe xɔse, srɔ̃ɖeɖe, agbe, dɔwɔɖui kple ga ŋu” la, wokpɔe be “gatɔ gãwo dometɔ akpa gãtɔ lɔ̃a ga tso galéa fui.” Ame siwo wobia gbee le numekukua me la dometɔ aɖewo gblɔ be, tsɔ kpe ɖe hadomeɖoƒe si su yewo si kple dzidzeme si yewokpɔ le agbe me ŋu la, “nu si ga he vɛ na yewo koŋ ye nye be yewomevona le yewo ɖokui me o.”—g4/07.

Ðevi Siwo Lɔ̃a Nuƒeƒle Fũu Akpa

Sapienza Yunivɛsiti, si le Italy du si nye Rome me, la ka nya ta be ƒe etɔ̃ viwo kura gɔ̃ hã nyaa adzɔha si wɔ nuzazã aɖe koŋ, eye kaka woaxɔ ƒe enyi la, wova zua ame siwo tsia dzi ɖe nuƒeƒle ŋu. Nyadzɔdzɔgbalẽ si ŋkɔe nye La Repubblica gblɔ be, television dzi boblododowo kpɔa ŋusẽ ɖe ɖeviwo dzi, eye “wozinɛ” ɖe wo dzilawo dzi be woaƒle nanewo na yewo. Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ yi edzi be, “afɔku si li lae nye be,” ɖeviawo “va susunɛ be nu sia nu si ƒe boblo wodo la hiã, eye ele be woaƒlee, evɔ menye nenemae nuwo le ŋutɔŋutɔ le agbe me o.”—g2/07.

Suklidɔ—Ezu Xexea Me Katã Ƒe Dɔvɔ̃

Nyadzɔdzɔgbalẽ si ŋkɔe nye The New York Times gblɔ be, Xexea Me Katã Ƒe Suklidɔ Ŋuti Habɔbɔ ɖee fia be le ƒe 20 siwo va yi me la, ame siwo ŋu wokpɔ be suklidɔ le le xexea me katã la dzi ɖe edzi tso ame miliɔn 30 va ɖo ame miliɔn 230. Dukɔ ewo siwo me dɔa lélawo sɔ gbɔ ɖo wu la dometɔ adre nye dukɔ madeŋgɔwo. Habɔbɔa ƒe zimenɔla, Ðɔkta Martin Silink gblɔ be: “Suklidɔ nye dɔléle siwo míete ŋu le ta kpɔm na le xexea me o la dometɔ ɖeka.” The New York Times nyatakakaa gblɔ be: “Le dukɔ siwo da ahe wu le xexea me dometɔ aɖewo me la, suklidɔlélawo meganɔa agbe boo aɖeke le dɔa dzedze megbe o.”—g3/07.

“Television kpɔkpɔ ŋkekea katã, ale si ƒomewo megava le nu ɖum ɖekae o, kple ɖeviwo tutu le kekevi siwo ŋu wotrɔ asi le be ɖeviawo nɔa ŋgɔgbe ko kpɔm me,” wɔe be dzeɖoɖo megale dzilawo kple wo viwo dome o. Nu siwo dona tsoa eme dometɔ ɖekae nye be ɖeviwo va zua “dzikumewo” hafi dzea sukudede gɔme, eye womenyaa ale si woaƒo nu o.—THE INDEPENDENT, BRITAIN.—g2/07.

Le Spain (Espagne) la, ɖevi siwo wodzina la dometɔ 23 le alafa me dzilawo meɖe wo nɔewo o. Le France la, wole 43 le alafa me; le Denmark la, wole 45 le alafa me, eye le Sweden (Suède) la, wole 55 le alafa me.—INSTITUTO DE POLÍTICA FAMILIAR, SPAIN.—g2/07.

Britaintɔ 33 kple edzivɔ le alafa me medɔa alɔ̃ wòdea gaƒoƒo atɔ̃ le zã me o, eye esia nana “woƒe susu mete ŋu nɔa nu ŋu nyuie o, woŋlɔa nu be kabakaba, eye sẽ kple sẽ ko wodo dziku.” Alɔ̃madɔmadɔ nyuie ate ŋu ana “ame nalolo akpa, axɔ suklidɔ, alé blanui, srɔ̃tɔwo nagbe wo nɔewo, eye woadze ʋufɔku vevie.”—THE INDEPENDENT, BRITAIN.—g2/07.