Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Etsɔme Kae Li Na Kristotɔnyenye?

Etsɔme Kae Li Na Kristotɔnyenye?

 Etsɔme Kae Li Na Kristotɔnyenye?

ÐE WOATRƆ dzime na ame siwo katã le xexea me woazu Kristotɔwoa, alo ɖe Kristotɔnyenye nu ayi keŋkeŋ? Ðe Kristotɔnyenye kpɔtɔ nye kekelitsoƒe na xexe doviviti la, alo ɖe wotɔ tsi eƒe nufiafiawo keŋkeŋ? Esiawoe nye biabia siwo dze ŋgɔ mí egbea.

Yesu zã kpɔɖeŋu bɔbɔe aɖe tsɔ ɖee fia be esi yeƒã Kristotɔnyenye ƒe nukuwo vɔ megbe la, futɔ aɖe, si nye Satana, va ɖe fu na wo. (Mateo 13:24, 25) Eya ta menye hadomenuwɔnawo ƒe tɔtrɔ dzro aɖe koe kpɔ ŋusẽ ɖe Kristo hamea dzi le ƒe alafa ʋɛ siwo va yi le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ megbe o. Nugbeɖoɖoe wònye, Satana ƒe nuwɔnae. Le egbeŋkekeawo me la, Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo kpɔtɔ lé vodada siwo wowɔ le blema la me ɖe asi eye wole emetsonuawo ŋem.—Korintotɔwo II, 11:14, 15; Yakobo 4:4.

Kristo Hamea Dzi Dzedze Le Adzame

Yesu gblɔe ɖi be woava tro gbo yeƒe nufiafiawo. Egblɔ be: “Dziƒofiaɖuƒe la ɖi amesi le nuku nyui wum ɖe eƒe abɔ me; eye esi amewo dɔ alɔ̃ la, eƒe futɔ va wu gbe wuwlui ɖe luawo domee, eye wòdzo.” Nukutɔe la, esi nukuwulaa ƒe dɔlawo gblɔ nugbeɖoɖoa ŋuti nya nɛ eye wobia gbee be yewoayi aɖaga gbe wuwluiawo mahã la, aƒeatɔ gblɔ be: “O, ne miele gbe wuwluiawo gam la, miava aho luawo hã akpe ɖe wo ŋuti mahĩ! Mina wo kpakple eve la katã natsi vaseɖe nuŋeɣi, eye ne nuŋeɣia ɖo la, magblɔ na nuŋelawo bena: Miƒo gbe wuwluiawo nu ƒu gbã, eye mibla wo tatata, bena woatɔ dzo wo; ke lu la, miƒo eya nu ƒu ɖe nye ava la me.”—Mateo 13:24-30.

Abe ale si Yesu ŋutɔ ɖe lododoa me ene la, ŋutsu si wu nuku nyuiawo la tsi tre ɖi na Yesu, eye lu siwo wòwu la tsi tre ɖi na Kristotɔ vavãwo. Futɔ si wu gbe wuwluiawo lae nye “Abosam.” Gbe wuwluiawo tsi tre ɖi na sedzimawɔla xɔsegbela siwo gblɔna alakpatɔe be Mawu subɔlawoe yewonye la. (Mateo 13:36-42) Apostolo Paulo gava na numeɖeɖe bubuwo ku ɖe nu si ava dzɔ ŋuti. Egblɔ be: “Menya bena, le nye dzodzo megbe la amegãxi nyanyrawo laɖo mia dome, amesiwo makpɔ alẽha la ta o; eye le mia ŋutɔwo dome la ŋutsu, siwo gblɔa nya dadawo la, latsi tre, be woahe nusrɔ̃lawo ɖe wo ɖokui yome.”—Dɔwɔwɔwo 20:29, 30.

 Kristotɔnyenye Domegbegblẽ

Ðe lo si Yesu do kple nya si Paulo gblɔ ɖi la va emea? Naneke meto le eme o. Ŋutsu nɔƒegãdilawo va xɔ hame si Yesu ɖo anyi la eye wozãe hena woa ŋutɔwo ƒe taɖodzinuwo gbɔ ɖoɖo. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mietso xexeame o.” (Yohanes 15:19) Ke hã, ame siwo le ŋusẽnɔƒe dim vevie la va wɔ ɖeka kple dziɖulawo heɖo Dukɔ ƒe sɔlemeha, siwo kpɔ ŋusẽ geɖe heƒo kesinɔnu gbogbo aɖewo nu ƒu la anyi. Sɔlemeha siawo fiaa ‘nu dadawo.’ Le kpɔɖeŋu me, wofia amewo be woade ta agu na Dukɔa eye woatsɔ woƒe agbe asa vɔe ɖe eta le aʋawɔwɔ me. Esia tae yeaɖi Kristotɔwo kpɔ gome le Atitsogaʋawo wɔwɔ me hewu ame siwo wobuna trɔ̃subɔlawoe. Nenema kee woyia aʋa ɖawua woa ŋutɔwo wo “nɔvi” siwo le subɔsubɔha ɖeka ma ke me la hã. Kakaɖedzitɔe la, womenɔ agbe ɖe Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade kpakple havilɔlɔ̃ ƒe nufiafia nu o.—Mateo 22:37-39; Yohanes 15:19; Korintotɔwo II, 10:3-5; Yohanes I, 4:8, 11.

Edze ƒãa be menye Kristotɔnyenye vavãtɔ ƒe nɔnɔme ŋutɔŋutɔe sɔlemeha, siwo gblɔna alakpatɔe ƒe alafa geɖewoe nye esia be Kristotɔwoe yewonye la, ɖena fiana o. Esia na míese nu si tae míekpɔe le nyati siwo do ŋgɔ me be, sɔlemehawo yi edzi le mamam ɖe kɔmamawo me, nu si tae sɔlemehawo dea nu dunyahehe me kple nu si tae womedea bubu Mawu ƒe sewo ŋu o la gɔme. Ku gbegblẽ mawo siwo wotse la metso Kristotɔnyenye vavãtɔ me o, ke boŋ Kristotɔnyenye alakpatɔ, si Abosam ƒã mee wotso. Afi kae alakpasubɔsubɔ sia ɖo tae? Abe ale si Yesu ɖee fia le eƒe lododoa me ene la, enu mayi le esi eƒe hameviwo vɔ keŋkeŋ ta ko o. Ke boŋ woadrɔ̃ ʋɔnui ahatsrɔ̃e ɖa.

Kristotɔ Vavãwo Le Keklẽm Le Tsyɔtsyɔƒe

Gake hafi woaƒo Kristotɔnyenye alakpatɔ ƒe “gbe wuwluiawo” nu ƒu ahatsrɔ̃e ɖa la, Yesu ƒe lododoa ɖee fia be ele be nu bubu aɖe nadzɔ. Le ƒe alafa geɖe siwo va yi me la, “gbe wuwluiawo,” siwo nye aʋatso Kristotɔwo la tsi hesɔ gbɔ ale gbegbe be wovu tsyɔ “luawo,” siwo nye Kristotɔ vavãwo la dzi keŋkeŋ kloe. Gake Yesu gblɔe ɖi be woaɖe luawo ɖa le gbe wuwluiawo dome le “nuŋeɣi” la, si wògblɔ be etsi tre ɖi na “xexeame ƒe nuwuwu.” Egblɔ ɖi hã be: “[Le ɣemaɣi la] ame dzɔdzɔeawo laklẽ abe ɣe ene.” (Mateo 13:39-43) Kpeɖodziwo ɖee fia be míele xexea me ƒe ŋkeke mamlɛawo, siwo dze egɔme tso keke Xexemeʋa I, si dzɔ anye ƒe siwo wu 90 fifia la, wɔɣi ke la me. (Mateo 24:3, 7-12) Ðe Yesu ƒe nyagblɔɖilododoa ƒe akpa sia hã va emea?

 Woɖe Kristotɔ vavãwo ɖa le Kristodukɔa ƒe “gbe wuwluiawo” dome. Yehowa Ðasefowo ‘le keklẽ abe ɣe ene,’ hele kpekpem ɖe amewo ŋu be woanya Mawu vavã, Yehowa. Ðasefoawo metɔ tsi Mawu ƒe dzidzenuwo o. Ke boŋ ele na amewo be woawɔ tɔtrɔ geɖe le woƒe agbenɔnɔ me ahanɔ agbe nɔm ɖe Kristotɔwo ƒe gɔmeɖose siwo wosrɔ̃ le Biblia me la nu hafi woazu Ðasefowo.

Menye modzakae Yehowa Ðasefowo ɖena le woƒe kpekpewo me o, ke boŋ Bibliae wosrɔ̃na femaxee. Woɖea lɔlɔ̃ deto kple xɔlɔ̃wɔwɔ, siwo nye nɔnɔme nyui siwo su wo si to Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ me la fiana. Woxɔe se be Mawu atrɔ anyigba wòazu paradiso eye wòana ame fafawo nanɔ edzi, abe ale si wòɖoe tso gɔmedzedzea mee ene. Gake gbã la, ele be woaɖe alakpasubɔsubɔ, si Biblia yɔ be Babilon Gã la, ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽawo ɖa le anyigba dzi keŋkeŋ. Biblia me nyagblɔɖiwo ɖee fia be eteƒe madidi kura o, Yehowa ahe tɔtrɔ gã ma vɛ.—Mateo 5:5; Nyaɖeɖefia 18:9-10, 21.

Ne ameƒomea me tɔ toɖolawo kpɔ ɖeɖe tso alakpasubɔsubɔ ƒe ameblenuwɔnawo me vɔ ko la, Kristotɔ vavãwo ƒe tadedeagua aƒo ame siwo katã le anyigba dzi la nu ƒu ɖekae. Etsɔme nyui ka gbegbee nye si le Kristotɔnyenye vavãtɔ, si Yesu ɖo anyi, la si! Woagbugbɔ ahe Eden bɔa me paradisoa vɛ wòaxɔ anyigba si dzi ŋutifafa anɔ la katã dzi, si me subɔsubɔha aɖeke magahe mamã ade akpɔ gbeɖe o!—g2/07.

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

‘Eƒe futɔ va wu gbe wuwluiwo ɖe luawo dome.’ —Mateo 13:25

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

Míele kpewòm dzidzɔtɔe va Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpatawo dometɔ ɖe sia ɖe me, afi si wosrɔ̃a Biblia le femaxee

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

“Ke lu la, miƒo eya nu ƒu ɖe nye ava la me.” —Mateo 13:30