Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èdzra Ðo Vɔ Na Yiyia?

Èdzra Ðo Vɔ Na Yiyia?

Èdzra Ðo Vɔ Na Yiyia?

▪Na afika yiyi? “Toɖoɖo Mawu” Nutome Gã Takpekpe si Yehowa Ðasefo awɔ ye! Wodze ŋkeke etɔ̃ takpekpe sia gɔme le United States le May ƒe kwasiɖa mamlɛtɔ me, eye woawɔe atre ɖe enu ɣleti geɖe, le dugã geɖewo me le xexeame katã. Ðewohĩ woawɔ ɖe le dugã aɖe si te ɖe ŋuwò me.

Le teƒe geɖe la, woadze wɔnawo gɔme ŋdi 9:30 kple hadzidzi. Tanya si dzi woatu Fiɖagbe wɔnawo ɖoe nye “Mise Nye Gbe, Ne Manye Miaƒe Mawu.” (Yeremya 7:23) Ne woƒo nuƒo siwo nye “‘Wowɔ Mí Nukutɔe’” kple “Nusita Wòle Be Nàbu Tsitretsitsi Mɔkpɔkpɔa Nu Ŋutɔŋutɔe” vɔ megbe la, woaƒo nuƒo tɔxɛ si nye, “Srɔ̃ Amesi Ðo Kpɔɖeŋu Ði le Toɖoɖo Mawu Me” atsɔ awu ŋdikpa dzi wɔnawo nui.

Woaƒo nuƒo siwo nye “Yi Edzi ‘Nàbu Gbɔgbɔ la Ŋu,’ eye Nànɔ Agbe,” “Kpɔ Nyuie le Ŋukeklẽ Ƒomevi Ðesiaɖe Ŋu,” kple “Miganɔ ‘Gli, Siwo Wokpa Kple Aɖaŋu’ la Yome O” le Fiɖagbe ŋdɔ. Emegbe, woaƒo nuƒo kpui eve siwo me woagblɔ nu vevi siwo le Biblia-gbalẽ siwo nye Xagai kple Zaxarya me. Woawu ŋkekea ƒe wɔnawo nu kple nuƒo si nye “Fukpekpewo Katã Nu Ayi Kpuie!”

Memleɖagbe wɔnawo ƒe tanyae nye “Tso Dzime Míeɖoa To” “le Nusianu Me,” eye Romatɔwo 6:17 kple Korintotɔwo II, 2:9 me nyawo dzie wotui ɖo. Woaƒo nuƒo kpui etɔ̃ siwo wotu ɖe tanya si nye “Ƒome Siwo Wɔa Mawu ƒe Gɔmeɖosewo Dzi la Kpɔa Dzidzɔ” dzi le ŋdikpa dzi. Woawɔ wɔwɔfiawo ahabia gbe amewo ku ɖe nusi ƒomea me tɔwo katã—srɔ̃ŋutsua, srɔ̃nyɔnua, kple ɖeviawo—awɔ be dzidzɔ nanɔ ƒomea me ŋu. Nuƒo si nye ‘Na Wò Nanye E’ ye woatsɔ awu ŋdi me wɔnawo nue, eye emegbe mɔnukpɔkpɔ asu amesiwo dze si be woaxɔ nyɔnyrɔ.

Nuƒo siwo nye “Ðe Ŋku Ða le Nu Dzodzrowo Kpɔkpɔ Ŋu” kple “Mitrɔ Va Mia Luʋɔwo Kplɔla la Gbɔ” nye esiwo woaƒo le Memleɖagbe ŋdɔ me dometɔ aɖewo. Woaƒo nuƒo kpui eve si wotu ɖe tanya si nye “Miɖo To Mia Ŋgɔxɔlawo” dzi ɖe wo yome. “Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?” ye nye nuƒo mamlɛ si woaƒo ŋdɔ ma eye wònye takpekpea ƒe nuƒo vevi aɖe.

Kwasiɖagbe ŋdi ƒe wɔnawo aku ɖe tanya si nye ‘Ðo To Nya Siawo Katã be Eme Nanyo Na Wò’ ŋu eye wotui ɖe Mose V, 12:28 dzi. Woaƒo nuƒo kpui etɔ̃ aɖewo le tanya si nye “Kpe Ðe Amewo Ŋu Woaɖo To Nusi Biblia Fia” me, eye woaɖo aɖaŋu nyuiwo le alesi woadze Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔme ahayi wo wɔwɔ dzi nyuie me.

Drama si me woado blemanuwo le, si ƒe tanyae nye “Ti Taɖodzinu Siwo Dzea Mawu Ŋu Yome,” lae ahe ŋdikpa dzi ƒe wɔnawo ava nuwuwui. Woaƒo nuƒo si nye “Sɔhɛwo—Ðe Míaƒe Taɖodzinuwo Ana Miakpɔ Dzidzedzea?” do ŋgɔ teti na dramaa wɔwɔ. Nuƒo sia adzra ame ɖo ɖe Biblia me drama si ku ɖe ɖekakpui Timoteo ŋu, amesi ɖo ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe kpɔɖeŋu le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me na sɔhɛ siwo li egbea. Woaƒo dutoƒonuƒo si nye “Amekae Wòle Be Míaɖo Toe?” le takpekpea ƒe akpa mamlɛa, le Kwasiɖagbe ŋdɔ me.

Wɔ ɖoɖo fifia be nàyi takpekpea. Be nàkpɔ takpekpe wɔƒe si te ɖe ŋuwò la, yi Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata si le mia gbɔ me nàva bia alo nàŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo. Teƒe siwo woawɔ takpekpeawo le ƒe ɖewo dze le Gbetakpɔxɔ March 1 ƒe tata me.—g05 6/8.