Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Afɔku Ate Ŋu Anɔ Ahiãdzedze to Internet dzi me Vavã?

Ðe Afɔku Ate Ŋu Anɔ Ahiãdzedze to Internet dzi me Vavã?

 Sɔhɛwo Biana Be . . .

Ðe Afɔku Ate Ŋu Anɔ Ahiãdzedze to Internet dzi me Vavã?

“Màte ŋu anya amesi tututu ame kemɛ nye ŋutɔŋutɔ le Internet dzi o.”—Dan, si xɔ ƒe 17. *

“Amewo te ŋu daa alakpa le Internet dzi. Wote ŋu wɔa alakpanu bɔbɔe.”—George, si xɔ ƒe 26.

AHIÃDZEDZE le Internet dzi va le bɔbɔm fifia le xexeame godoo. Abe alesi “Sɔhɛwo Biana Be” ƒe nyati si do ŋgɔ na esia gblɔe ene la, woate ŋu adze ahiã le Internet dzi bɔbɔe gake zi geɖe la, eme gblẽna ne nyateƒea ŋutɔŋutɔ va dze. * Gake nane li si ŋu wòle be woatsi dzi ɖo wu alesi ahiãdzedzea me va gblẽnae ɖeɖeko. Ahiãdzedze to mɔ sia dzi ate ŋu ade wò afɔku vevi aɖe me—le ŋutilã kple seselelãme alo le gbɔgbɔ me gome.

Alekee nane si dze nu nyui si ŋu afɔku mele o—kɔmpiuta si le wò ŋutɔ aƒewò me—ate ŋu azu afɔku ŋutɔŋutɔ na wòe? Afɔkua dometɔ aɖewo do ƒome kple Biblia me gɔmeɖose vevi aɖe. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Míelɔ̃ be, míanɔ agbe nyuie [alo aɖi anukware] le nusianu me.” (Hebritɔwo 13:18) Menye ɖe míele gbɔgblɔm be enye anukwaremaɖimaɖi be woazã Internet alo be Internet zazã ana nàzu ame maɖianukware o. Gake zi geɖe la, míenya be ame aɖewo metoa nyateƒe le Internet dzi o. Eye abe alesi nya siwo woŋlɔ ɖe  nyati sia ƒe gɔmedzedzea ɖee fia ene la, edze abe Internet zazã va na be nyateƒematomato le nanewo me va le bɔbɔe evɔ wo kpɔkpɔ adze sii ya sesẽ ene. Evɔ enyea afɔku gã aɖe ŋutɔ ne wometo nyateƒe le lɔlɔ̃nyawo me o.

Le kpɔɖeŋu me, de dzesi anukwaremaɖimaɖi ƒomevi si ƒe nya wogblɔ le mawunyakpukpui sia me ɖa: “Nyemebɔbɔ nɔ ame tovowo gbɔ o, eye nyemede afɔ gbedegblemimewo ƒe ha me o.” (Psalmo 26:4) Nukae nyagbɔgblɔ “gbedegblemimewo” fia? Le Biblia aɖewo me la, akpa sia xlẽ be “alakpanuwɔlawo.” Numekugbalẽ aɖe gblɔ be woate ŋu azã nyagbɔgblɔ sia na “amesiwo ɣlaa woƒe taɖodzinuwo alo ɖoɖowo ɖe ame, alo amesiwo ɣlaa woƒe nɔnɔme kple susu si ta wole nane wɔm ɖo.” Aleke amewo zãa Internet tsɔ wɔa nu anukwaremaɖimaɖitɔe? Eye afɔku kae esia ahe vɛ na amesiwo di be yewoadze ahiã yewo nɔewo?

Amegãxi Siwo Do Alẽgbalẽ

Ete ɖe vifofo aɖe si woyɔna be Michael dzi le numedzrokpekpe aɖe me esi wòsee be ɖevi gbogbo aɖewo meɖoa to se siwo wo dzilawo dena na wo be woaganɔ Internet dzi Nyatakakadzraɖoƒe siwo me afɔku le la tsam o. Egblɔ be: “Nusi te ɖe dzinye wue nye alesi meva kpɔe dze sii be ɖevigbɔdɔlawo ate ŋu azã Internet atsɔ able ɖeviwo nu adɔ wo gbɔ le mɔ nyɔŋu vovovowo dzi.” Ne sɔhɛwo to Internet dzi dze xɔlɔ̃ yeyewo la, woate ŋu aɖo afɔku me geɖe wu alesi wosusunɛ.

Le nyateƒe me la, nyatakakawo li ku ɖe ame tsitsi amegbɔdɔla siwo wɔa nu abe sɔhɛwoe wonye ene, siwo tsana le Internet dzi, henɔa ɖeviwo dim be yewoadɔ wo gbɔ ŋu. Le numekuku aɖe si wowɔ ƒe nya nu la, “woble ɖevi siwo zãna Internet la dometɔ ɖeka le atɔ̃ ɖesiaɖe dome nu be wòakpɔ gome le gbɔdɔdɔ nuwɔnawo me.” Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe hã gblɔ be amewo ɖoa dze kple ɖevi 1 le 33 ɖesiaɖe dome, siwo xɔ tso ƒe 10 vaseɖe 17 atraɖii le Internet dzi, “heƒoa nya ɖe wo nu vevie.”

Le nyateƒe me la, ewɔ nuku na sɔhɛ aɖewo esime wova nyae be ame tsitsi si nɔ gaxɔ me kpɔe amesi be “sɔhɛ” yenye, si yewodze ahiãe le Internet dzi la nye. Amegbɔdɔlawo ƒe asi su ɖevi aɖewo siwo mele ɖeke nyam o dzi. Ame vɔ̃ɖi siawo ɖoa dze xɔlɔ̃wɔwɔtɔe gbã kple amesiwo dzi woƒe asi ava su le Internet dzi tsɔ “dzrana wo ɖo” wokana ɖe wo dzi. Gake emegbe wodia mɔ si dzi woato ado go kple ameawo ale be woate ŋu awɔ woƒe dzodzro vɔ̃wo dzi. Nublanuitɔe la, amesiawo to mɔ siawo dzi ƒo ɖeviwo, dɔ wo gbɔ sesẽ, eye wowu wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã.

Nyateƒee, ame vɔ̃ɖiwo ‘ɣlaa alesi wole’ be woƒe asi nasu ame aɖewo dzi le Internet dzi. Amegbɔdɔla siawo ƒe nya ate ŋu ana nàɖo ŋku Yesu ƒe kpɔɖeŋu si wòwɔ tso aʋatsonyagblɔɖilawo ŋu dzi be, “[wovaa] mia gbɔ le alẽgbalẽwo me, evɔ le wo me la wonye amegãxi nyanyrãwo.” (Mateo 7:15) Dzeɖoɖo kple ame si womenya o le Internet dzi ana wòanɔ bɔbɔe be womakpɔ amea ƒe alakpanuwɔwɔ sia adze sii o. George si ƒe nya míegblɔ va yi le etame la gblɔ be: “Ne mia kple ame aɖe mieƒo nu ŋkume kple ŋkume la, àte ŋu ade dzesi nanewo le eƒe mo kple le eƒe gbe me. Gake màkpɔ nusiawo dometɔ aɖeke le Internet ya dzi o. Woate ŋu able wò bɔbɔe.”

Le nyateƒe me la, nunya le Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia me be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui; ke ame bebewu dea ta eme, eye akpɔ etɔnua.” (Lododowo 22:3) Enye nyateƒe be menye amesiame si nèdoa goe le Internet dzi lae nye amegbɔdɔla vɔ̃ɖi ya o. Ke hã, mɔ bubuwo li siwo dzi amewo tona ‘ɣlaa alesi wole.’

Afɔku Siwo Le Amebeble Kple Amesi Ame Nye Ɣaɣla Me

Mewɔ nuku o be amesiwo le ame aɖe dim adze ahiãe le Internet dzi la lɔ̃a amiɖeɖe ɖe nya alo gblɔna be nɔnɔme nyuiwo le yewo si hetsyɔa nu woƒe nɔnɔme gbegblẽwo ya dzi. Gawu la, The Washington Post gblɔ nya aɖe si agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ, be: “Ahiãdzedze le Internet dzi menyo o, elabena woblea ame le eme.” Egblɔ kpe ɖe eŋu be: “Zi geɖe la, ŋutsuwo gblɔna be nyɔnuwoe yewonye eye nyɔnuwo hã gblɔna be ŋutsuwoe yewonye. . . . Enuenu la, amewo ɣlaa woƒe ganyawo, ŋutigbalẽ si le wo ŋu, ne nuvlowɔlawoe wonye kpɔ, ne tagbɔdɔléle le woƒe ƒomea me, kple ne srɔ̃tɔwoe wonye, ɣeyiɣi didi aɖe le kadodoa me.” Ame geɖewo gblɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔ gbãdzinamewo tso alesi woblea amee le ahiãdzedze le Internet dzi ŋu tsɔ xlɔ̃ nu amewoe.

Ðe amewo ada alakpa le nu veviwo, abe woa ŋutɔwo ƒe gbɔgbɔmemenyenye ene, hã ŋua? Nublanuitɔe la, wodanɛ—ame aɖewo gblɔna be  Kristotɔ vavãwoe yewonye, evɔ mele nenema o. Nukatae woable ame le nya sia hã me? Míegale egblɔm ake be susuawo dometɔ ɖekae nye be Internet nana amebeble nɔna bɔbɔe. Ðekakpui aɖe si tso Ireland, si ŋkɔe nye Sean lɔ̃ ɖe edzi be: “Ele bɔbɔe ŋutɔ be woada alakpa le ame ɖokui ŋu le Internet dzi.”

Ame geɖe metsɔa alakpadada sia ƒomevi nya gã aɖekee o, elabena wosusuna be esɔ be woada alakpa vi aɖe ne wodi be woadze ahiã ame. Gake ɖo ŋku edzi be Mawu lé fu alakpadada. (Lododowo 6:16-19) Eye susu nyui aɖe tae. Alakpadada ye he vevesese kple nɔnɔme wɔnublanui siwo le xexe sia me la vɛ. (Yohanes 8:44) Anukwaremaɖimaɖi le kadodowo me nye nu gbegblẽ aɖe ŋutɔ, vevietɔ le kadodo si ana woanɔ anyi kple ame nɔewo ɖekae le agbe me katã me. Esi gavloe wue nye be anukwaremaɖimaɖi nye gbɔgbɔmefɔku; egblẽa alakpadalaa kple Yehowa Mawu dome.

Nublanuitɔe la, sɔhɛ aɖewo ge ɖe anukwaremaɖimaɖi ƒe mɔ̃ bubu aɖe me. Wova le kadodo me kple ame aɖewo le Internet dzi evɔ woɣlae ɖe wo dzilawo. Le kpɔɖeŋu me, dzidzi ƒo ƒewuivi aɖe dzilawo gbeɖeka esi ɖetugbi aɖe si woa kpli wo mele subɔsubɔha ɖeka me o la zɔ mɔ kilometa 1,500 kple edzivɔ va dze wo gbɔ wo maklamaklãe. Wo vi ŋutsuvia dze ahiãe le Internet dzi abe ɣleti ade ene enye ema, gake womenya naneke tso eŋu o vaseɖe esime ɖetugbia va hafi!

Dzilawo bia be: “Alekee wòdzɔe?” Wosusu be, ‘Mate ŋu adzɔ be ame aɖe si mía via mekpɔ kpɔ o la ƒe nu nalé dzi nɛ o ɖe.’ Le nyateƒe me la, wo via nɔa wo blem—eɣla amesi ŋutɔŋutɔ wònye ɖe wo. Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be alakpadada alea menye gɔmeɖoanyi nyui aɖeke na zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe oa?

Amesi Wokpɔ Ŋutɔŋutɔ, Menye Esi Wodo Goe le Internet Dzi O

Afɔku bubuwo ate ŋu anɔ ahiãdzedze le Internet dzi me. Le go aɖewo me la, amesi wodze xɔ̃e le Internet dzi ate ŋu ava zu ame ŋutɔŋutɔ na ame wu amesiwo wokpɔna gbesiagbe. Womegava tsɔa ɖeke le ame ƒe ƒomea me tɔwo, xɔlɔ̃wo kple agbanɔamedziwo me tututu o. Ðetugbi si ŋkɔe nye Monika, si le Austria, gblɔ be: “Nyemegava tsɔa ɖeke le eme na nye ame veviwo o elabena mezãna ɣeyiɣi geɖe nɔa dze ɖom kple amesiwo medo goe le Internet dzi.” Esi wòva de dzesi nɔnɔme sia la, ete ɖe edzi vevie eye wòtso nya me be yemagado ka kple amewo le Internet azɔ o.

Le nyateƒe me la, ame geɖe da sɔ le Internet zazã me. Lɛta ŋɔŋlɔ na amewo to Internet dzi nye mɔ ɖevi aɖe si dzi amewo tona nɔa kadodo me kple wo xɔlɔ̃wo kpakple woƒe ame veviwo. Gake àlɔ̃ ɖe edzi godoo be naneke made gododo kple ame ŋkume kple ŋkume nu o. Ne èto ‘sɔhɛnyenye me nɔnɔ’ ŋu—si nye ɣeyiɣi si me gbɔdɔdɔ ƒe seselelãmewo nu sẽna me do—eye azɔ nèdi be yeaɖe srɔ̃ la, ekema èle nyametsotso vevi siwo wòle be nàwɔ le agbe me la dometɔ ɖeka wɔ ge. (Korintotɔwo I, 7:36) Dze agbagba nàwɔ nyametsotso nyuitɔ.

Biblia xlɔ̃ nu be: “Ame bebewu xɔa nya sia nya dzi sena; ke nunyala léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu.” (Lododowo 14:15) Le esi teƒe be nàxɔ nya sia nya si amesi mèdo goe kpɔ o aŋlɔ na wò dzi ase la, lé ŋku ɖe wò zɔzɔme ŋu nyuie boŋ. Nunya le eme sasasã wu be woado go ahadze xɔ̃ amesi wonya ŋutɔŋutɔ. Kpɔe ɖa be miesɔ na mia nɔewo tututu hã, vevietɔ le gbɔgbɔ me taɖodzinuwo kple gɔmeɖosewo gome. Srɔ̃ɖeɖe si me dzidzɔ le ate ŋu ado tso zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe ma ƒomevi me.—g05 5/22.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ mm. 5 Kpɔ nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Ðe Wòle Be Mato Internet Dzi Adze Ahiãa?” si dze le July-September 2005, ƒe Nyɔ! me.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 24]

Ðe nèdze si amesi tututu ŋlɔa lɛta na wò le Internet dzia?

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Ne èdi be yeazɔ kple ame aɖe be nàva ɖee la, nu nyuitɔe nye be nàdo goe ŋkume kple ŋkume