Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Atike Muamewo—Nukata Amewo Zãa Wo Madzemadzee?

Atike Muamewo—Nukata Amewo Zãa Wo Madzemadzee?

 Atike Muamewo—Nukata Amewo Zãa Wo Madzemadzee?

“MEXƆ ƒe 13 esime xɔ̃nye vevitɔ nɔvinyɔnu kpe mí yi woƒe aƒeme fiẽ aɖe. Amesiame dze gbe nono gɔme. Megbe le gɔmedzedzea me, gake wodoe ɖe gbɔnye enuenu eye medoe kpɔ mlɔeba.” Aleae Michael si tso South Africa gblɔ alesi wofia atike muame nonoe.

“Ƒome si me tɔwo tsɔ Europatɔ-agbalẽnyalawo ƒe haƒoƒo wɔ woƒe agbemedɔe mee metso. Menɔ saŋkuƒoha aɖe me eye haƒolaawo dometɔ ɖeka nye amesi noa gbe edziedzi le gbɔɖemeɣiwo. Enɔ edom ɖe gbɔnye edziedzi ɣleti geɖe. Meva doe kpɔ mlɔeba eye medze ezazã gɔme enuenu.” Aleae Darren, si nye Canadatɔ wɔ dze atike muamewo zazã gɔmee.

Ame eve siawo yi edzi zã atike muame bubuwo, abe LSD, opium, kple atike siwo dea dzo lãme na ame. Esi woɖo ŋku alesi wozã atike muame va yi dzi fifia la, wogblɔ be hatiwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzie nye nusi koŋ na yewozã atikewo ɖe mɔ gbegblẽ nu. Michael gblɔ be: “Nyemebui kpɔ be mava zã atike muamewo o, gake ɖevi mawo koe nye xɔlɔ̃wo nɔ asinye, eye ele bɔbɔe be madze wo yome.”

Modzakaɖeɖe me Nudzɔdzɔwo

Hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu wɔa akpa gã aɖe si na ame geɖe te atike muamewo zazã, eye sɔhɛwo koŋ dzie wòkpɔa ŋusẽ ɖo bɔbɔe wu. Gakpe ɖe eŋu la, wokpɔa amesiwo wobuna ame veviwoe ƒe kpɔɖeŋu le modzakaɖeɖewo me, eye amesiawo ƒe nuwɔnawo kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe ɖevi siwo woƒe nu léa dzi na dzi.

Atike zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu xɔ aƒe ɖe modzakaɖeɖewo me koŋ. Zi geɖe la, amesiwo xɔ ŋkɔ le haƒoƒo me zãa atike muame sesẽwo ne woɖo teƒe aɖe le woƒe dɔa wɔwɔ me. Sinima me fefewɔla xɔŋkɔ geɖe hã zãa atike muamewo enuenu.

Modzakaɖelawo te ŋu doa vivi ɖe atike muamewo zazã ŋu hekafunɛ ale gbegbe be sɔhɛwo mete ŋu sina le enu o. Newsweek ka nya ta le ƒe 1996 me be: “Sɔhɛwo yɔa Seattle ƒe ablɔwo dzi eye ɖe wova be yewoazã heroin, le esi [rock-haƒola] Cobain hã zãe ta.”

Wodoa vivi ɖe atike muamewo ŋu le magazinewo me, sinimawo me, kple le television dzi. Nenema ke le nudodowo gome hã la, amesiwo nudodowo ƒe aɖaŋuwɔla xɔŋkɔwo lɔ̃na tɔa awu na tsɔ wɔa kpɔɖeŋui nye amesiwo le tsralɛ heɖi ku, eye woɖia atike muame zãlawo.

Nukatae Wòtsia Ame Aɖewo Si?

Nu bubu geɖe hãe na be atikezazã ɖe mɔ gbegblẽ nu dzi ɖe edzi. Nusiawo dometɔ aɖewoe nye mɔkpɔkpɔbuɖeame, blanuiléle, kple tameɖoɖo aɖeke si mele wo si le agbe me o. Susu bubuwo nye gakuxiwo, dɔmakpɔwɔe, kple dzilawo ƒe kpɔɖeŋu gbegblẽ ɖoɖo.

Ame aɖewo siwo wòsesẽna na be woade ha kple amewo la zãa atike muamewo be woakpe ɖe yewo ŋu yewoate ŋu anɔ te ɖe hadomenɔnɔ nu. Woxɔe se be atike muamewo nana dzi ɖoa yewo ƒo, eye wònaa yewosena le yewo ɖokui me be eyae naa yewoƒe nuƒoƒo vivina eye yewoƒe nuwɔna dzea amewo ŋu. Ðeko wòle bɔbɔe na ame bubuwo ya be woazã atike muamewo tsɔ wu be woalɔ̃ alé fɔ ɖe woƒe agbenɔnɔ ŋu.

Modzakadzaka nye susu bubu si ta sɔhɛwo trɔna ɖe atike muamewo zazã ŋu. Agbalẽ si nye The Romance of Risk—Why Teenagers Do the Things They Do gblɔ le modzakadzaka kple dzilawo ƒe vi gbɔ makpɔmakpɔ ŋu be: “Ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo gbɔna vaa aƒe gbɔlo me ne wokpã tso suku. Mewɔ nuku o be wotsia akogo eye womedina be yewo ɖeɖe yewoanɔ anyi o. Wo xɔlɔ̃wo vaa wo gbɔ, gake mo dzakana na wo le ema kura gɔ̃ hã me zi geɖe. Wokpɔa television kple video dzi haƒoƒowo madzudzɔmadzudzɔe alo tsana internet dzi nɔa modzakaɖenuwo dim. Atamanono, atike muamewo zazã,  kple ahanono te ŋu gena ɖe nuwɔna siawo me bɔbɔe.”

Aleae Michael si ƒe nya míegblɔ va yi la gblɔ le alesi edzilawo mekpɔa egbɔ le aƒeme o ŋu enye si: “Dzidzɔ nɔ míaƒe ƒomegbenɔnɔ me. Míaƒe ƒomea me tɔwo dome le kplikplikpli eye etɔgbe mebɔ o. Gake dzinyela eveawo siaa wɔa dɔ, eye dzikpɔkpɔ aɖeke menɔa anyi le ŋkeke me o. Gakpe ɖe eŋu la, mía dzilawo na ablɔɖe gbadzaa mí. Míenɔ hehe aɖeke te o. Dzinyelawo menya kura be menɔ atike muamewo zãm o.”

Ne atike muamewo zazã nya ma ame geɖe ko la, susu ɖeka aɖe ta koe woyia edzi ɖo: Wosea vivi nɛ. Michael si zãa atike muamewo gbesiagbe la gblɔ le ŋusẽ si wokpɔ ɖe edzi ŋu be: “Mekpɔa ɖokuinye le xexe yeye aɖe me. Mete ŋu sina le fuɖenamenu ɖesiaɖe nu. Naneke metsoa dzika ƒo nam o. Nusianu doa dzidzɔ nam.”

Ame bubu si hã zãa atikewo madzemadzee tsã si ŋkɔe nye Dick si tso South Africa gblɔ ŋusẽ si marijuana kpɔ ɖe edzi esime wòdze ezazã gɔme le eƒe ƒe 13 xɔxɔ me be: “Mekoa nu le hatsekaka ɖesiaɖe me. Nusianu doa dzidzɔ nam.”

Nuxlɔ̃amewo tso nusi atike muamewo gblẽna le ame ŋu ƒe ɖeke metsoa dzika ƒo na sɔhɛwo o. Susu si nɔa wo sie nye be “mate ŋu adzɔ ɖe dzinye o.” Agbalẽ si nye Talking With Your Teenager gblɔ nusita ƒewuiviwo gbea atike muamewo zazã ƒe nugbegblẽ le lãmesẽ ŋu ƒe nuxlɔ̃amewo sese be: “Woƒe lãme kɔ eye dzo le wo me fũ ale gbegbe be womexɔe se be naneke ate ŋu agblẽ nu le yewo ŋu o. ‘Sesẽnyahehe’ sia bɔ ɖe sɔhɛwo dome. Ƒewuiviwo bua dzitodzito me kansa léle, ahatsunola zuzu, kple atike muame zãla gã zuzu be wonye nusi dzɔna ɖe amesiwo tsi wu wo ko dzi ke menye woawo o.” Wo dometɔ geɖe menya afɔku siwo le eme o, eye míate ŋu akpɔe le alesi ame geɖe lɔ̃a atike muame si nye ecstasy me. Nukae wònye?

Ecstasy Kple Ɣeɖuɖu Blibaa

Wozãa atike muame si nye MDMA, alo ecstasy, si woɖe tso amphetamine me, le ɣe si woɖuna zã blibo katã si woyɔna le Eŋlisigbe me be rave, alo ɣeɖuɖu blibaa me. Edzralawo kafunɛ be ecstasy zazã nye mɔ nyuitɔ si dzi woato ase vivi le lãme ahakpɔ ŋusẽ gbago atsɔ aɖu ɣe zã bliboa katã. Atikea kpena ɖe ɣeɖulaawo ŋu wonɔa ɣeɖuɖu dzi vaseɖe esime woyia nɔnɔme si nuŋlɔla aɖe yɔ be enye “trɔ̃ƒoƒo tɔgbe aɖe” me. Ðetugbi aɖe ɖe alesi ecstasy na wosea vivii me be: “Eƒe ame mumu dzea egɔme tso afɔbidɛwo dzi eye dzoxɔxɔ kple lɔlɔ̃ wɔnuku aɖe gena ɖe ame me esime vivisesea le zɔzɔm blewu yina tagbɔ.”

Nusiwo wokpɔ esi wodo amesiwo zãa ecstasy enuenu ƒe ahɔhɔ̃wo kpɔ na wokpɔ dzesi ŋutɔŋutɔ be menye atike  magblẽnu si edzralawo gblɔ be wònye lae wònye o. Edze ƒã be ecstasy gblẽa nu le ahɔhɔ̃mekawo ŋu eye wòɖea lãmetsi agbɔsɔsɔme si nɔa ahɔhɔ̃mekawo me dzi kpɔtɔna. Ate ŋu adzɔ be ɖɔɖɔɖo megali o ne nu gblẽ le ame ŋu alea. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, dɔ si wòdea ame ŋu ƒe ɖewoe nye blanuiléle kple nuŋlɔbe. Woka nya ta be amesiwo zãa ecstasy dometɔ aɖewo ku. Gakpe ɖe eŋu la atikevɔ̃ɖidzrala aɖewo tɔtɔ heroin kple ecstasy kple susu be enono nazu numame na woƒe asisiwo.

Aleke Ekpɔkpɔ Bɔbɔe?

Le dukɔ geɖe me la, atike muamewo ƒe asi ɖiɖi esi wobɔ woakpɔ aƒle ta. Nusia ƒe akpa aɖe tso tɔtrɔ si wowɔ le dunyahenyawo kple ganyawo me gbɔ. Eƒe kpɔɖeŋu nyui aɖee nye South Africa, afisi tɔtrɔ si wowɔ le dunyahehe me na asitsatsa kple nuɖɔliɖɔli kple dukɔ bubuwo le dzidzim ɖe edzi le. Nusia kple de siwo dzi womegadzɔna tutu o de atikevɔ̃ɖisitsatsa dzi. Dɔmakpɔwɔe si le dzidzim ɖe edzi wɔe be ame akpe geɖe toa atike manɔsenuwo dzadzra me kpɔa woƒe gazazãwo. Afisi atike muamewo bɔ ɖo la, hlɔ̃nuwɔwɔ megbea afima nɔnɔ o. Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ka nya ta be kpovitɔwo ɖia ɖevi siwo le Gauteng, South Africa sukuwo me—ƒe 13 pɛ ko wo dometɔ aɖewo xɔ—ɖe atike muamewo dzadzra ta. Suku aɖewo na wole woƒe sukuviwo dom kpɔ le nutoame ne atike muame aɖe le lãme na wo.

Nuka Koŋ Gbɔe Wòtso?

Edze ƒã be susu geɖe tae amewo zãa atikewo ɖe mɔ gbegblẽ nu ɖo. Gake kuxi sesẽ aɖe, si koŋ gbɔ wòtso, ƒe dzesiwoe esiawo katã nye. Nusia dze le nuŋlɔla Ben Whitaker ƒe nya me be: “Atike muamewo zazã ƒe dzidziɖedzi egbea nye dzesi ne míanya be gbɔdzɔgbɔdzɔ kple gbegblẽƒewo le míaƒe hadomegbenɔnɔ me, hekpe ɖe akogotsitsi kple dziɖeleameƒo ŋu: ne mele alea o la, nukatae amesiawo gbegbe siwo si dzɔdzɔmeŋutete kple mɔnukpɔkpɔ le la atia atike muamewo zazã tsɔ wu be woakpe akɔ kple egbeŋkekea me nɔnɔmewo?”

Biabia nyui aɖee nye sia, si na míekpɔe be míaƒe xexeame bua tame le ŋutilãmenuwo kple dzidzedzekpɔkpɔ ko ŋu, ke mete ŋu kpɔa seselelãme kple gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ na mí zi geɖe o. Subɔsubɔha akpa gãtɔ gɔ̃ hã mete ŋu kpɔ hiahiã sia gbɔ o elabena woŋe aɖaba ƒu amegbetɔ ƒe kuxia tsoƒe ŋutɔŋutɔ dzi.

Ele be míadi nusi koŋ gbɔ wòtso ne míakpe akɔ kplii hafi ate ŋu akpɔ nu ɖeka kolia si ate ŋu akpɔ atike muamewo ƒe kuxia gbɔ keŋkeŋ. Míadzro nusia me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ame xɔŋkɔwo doa vivi ɖe atike muamewo zazã ŋu ɣeaɖewoɣi

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Atike zazã madzemadzee xɔ aƒe ɖe egbeŋkekea me haƒoƒowo me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 8]

Atike muame si nye “ecstasy” nɔa zã blibo me ɣeɖuƒewo zi geɖe

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

AP Photo/Greg Smith

Gerald Nino/U.S. Customs