Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Atikezazã Madzemadzee—Egbɔkpɔnu Li!

Atikezazã Madzemadzee—Egbɔkpɔnu Li!

 Atikezazã Madzemadzee—Egbɔkpɔnu Li!

“WOKPƆ Cocaine Gbogbo Aɖewo Siwo Wotsɔ Gbã Dee le Weingoewo Me.” Nyadzɔdzɔgbalẽ me nyati si kplɔ tanya ma ɖo gblɔ alesi kpovitɔ siwo le Johannesburg, South Africa, ɖo asi meli me nugo aɖe si me wode Anyiehe Amerika weingoe 11,600 dzii. Wotɔtɔ weinawo kple cocaine siwo anɔ kilogram 150 va ɖo 180. Woxɔe se be esiae nye cocaine gbogbotɔ kekeake si wotsɔ gbã de ge ɖe dukɔa me kpɔ va ɖo ɣemaɣi.

Togbɔ be nusi ŋu woke ɖo dze abe dzidzedzekpɔkpɔ ene hã la, nyateƒeae nye be atike manɔsenu siwo le xexeame godoo ƒe alafa memama 10 va ɖo 15 dzi koe kpovitɔwo te ŋu ɖoa asii. Nublanuitɔe la, nusia sɔ kple gbe wuwlui vɔ̃ɖi si ta abɔdzikpɔla lã gake wògblẽ eƒe kea ɖe to me.

Viɖe gã si wokpɔna le atike muamewo me doa kplamatse dziɖuɖu ƒe agbagbadzedze be yeaxe mɔ ɖe ewɔwɔ kple edzadzra nu. Le United States ɖeɖe dzaa la, ga si wobu be wokpɔna tsoa atike manɔsenuwo dzadzra me ƒe sia ƒe nye dɔlar biliɔn geɖe. Ne míebu ga gã si wokpɔna le eme ŋu la, mewɔ nuku o be kpovitɔwo kple dziɖuɖumegãwo, kpakple amesiwo le ɖoƒe kɔkɔwo gɔ̃ hã, te ŋu daa sea dzi bɔbɔe.

The Guardian Weekly nyadzɔdzɔgbalẽ ƒe  nuŋlɔla Alex Bellos ka nya ta le Brazil be le numekuku si dukɔa ƒe sewɔtakpekpe wɔ nu la, “sewɔtakpekpe gã me tɔ etɔ̃, sewɔtakpekpe sue me tɔ 12 kpakple dudzikpɔla etɔ̃ ƒe ŋkɔwo . . . dze le ame 800 kple edzivɔ siwo wosusu be wole nuvlowɔha me kple be wotsaa atike muamewo ƒe asi le Brazil la dome.” Wokpɔ “kpovitɔwo, senyalawo, asitsalawo kple agbledela siwo tso nuto 27-awo dometɔ 17 me” la hã ƒe ŋkɔwo le eme. Dunyahehefialagã aɖe si le Brasília Yunivɛsiti gblɔ le nusiawo siwo wode dzesii ŋu be: “Enye fɔbubu gã aɖe na Braziltɔwo ƒe hatsotso ɖesiaɖe.” Míate ŋu agblɔ nya sia tɔgbe ke le nuto geɖe siwo me atike muamewo xɔ aƒe ɖo vevie ŋu. Alesi ne nuwo li la amewo ƒlenɛ gbɔe kuxia tso.

Alesi ame aɖewo kpɔe be sededewo mete ŋu kpɔ dzidzedze boo o wɔe be woʋlia atike aɖewo ta be se naɖe mɔ ɖe wo ŋu. Susua katã enye be woaɖe mɔ agbɔsɔsɔ via aɖe nanɔ amewo si na woawo ŋutɔ ƒe zazã. Wobui be nusia ana be dziɖuɖu nakpɔ ŋusẽ ɖe edzi bɔbɔe eye woaɖe viɖe gã si atikevɔ̃ɖisitsala gãwo kpɔna dzi akpɔtɔ.

Ame Aɖewo Kpɔ Dzidzedze

Nu muame ƒe ŋusẽ nu tsitsi le lãme na atike muame zãla ate ŋu ana woadzudzɔ ezazã eye emegbe woana woakpɔ lãmesẽ. Nublanuitɔe la, nusi ate ŋu adzɔ enye be ne atikevɔ̃ɖizãla la trɔ yi enɔƒe xoxoa la, woatee kpɔ be wòagatrɔ ɖe atike muamewo zazã ŋu. Nuŋlɔla Luigi Zoja gblɔ nusita wòle alea ɖo be: “Mele bɔbɔe be woagbe nɔnɔme aɖe na ame esime womefiae gɔmeɖose yeye kura o.” Darren si ƒe nya míegblɔ le nyati si do ŋgɔ me kpɔ “gɔmeɖose yeye” si trɔ eƒe agbenɔnɔ. Eɖe eme be: “Mawudzimaxɔsela sesẽ aɖee menye, gake togbɔ be menɔ atike muamewo zazã dzi tso ŋdi vaseɖe zã hã la, meva dze sii mlɔeba be Mawu aɖe li. Le ɣleti eve alo etɔ̃ dome la, medze agbagba be madzudzɔ atike muamewo zazã gake xɔ̃nyewo xea mɔ ɖem. Togbɔ be meganɔ atike muamewo zazã dzi kokoko hã la, meva dze Biblia xexlẽ gɔme enuenu hafi mlɔa anyi. Nyemegadea ha kple xɔ̃nyewo fũ o. Gbeɖeka fiẽ la, mía kple amesi le xɔ me míeno atike muame hemu ŋutɔ. Meƒo nu tso Biblia ŋu nɛ. Le ŋufɔke la, eƒo ka na foa, si nye Yehowa Ðasefo. Efia Ðasefo aɖe si nɔ du si me míenɔ la mí, eye míeyi va kpɔe.

“Míeɖo dze vaseɖe zã ga 11:00, eye metrɔ dzo kple Biblia-srɔ̃gbalẽ gbogbo aɖewo. Medze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplii eye medzudzɔ atike muamewo zazã madzemadzee kple atamanono. Anɔ abe ɣleti asieke megbe la, mexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo.”

Asiɖeɖe le atike muame zazã ŋu mele bɔbɔe o. Michael, amesi ŋu nya míegblɔ va yi le nyati si do ŋgɔ me, gblɔ nɔnɔme sesẽ  siwo me wòto esime wòdzudzɔ atike muame si wòzã ƒe 11 sɔŋ be: “Nuɖuɖu nye dɔ nam eye wòna meɖi ku. Mesenɛ le ɖokuinye me be abuiwo le ŋɔyem, fifia kɔna ɖe ŋunye eye mekpɔa keklẽwo ƒoa xlã amewo. Edzroam vevie be magadze atike muamewo zazã gɔme, gake tete ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me kple Biblia sɔsrɔ̃ kpe ɖe ŋunye be mete ɖokuinye ɖa le atike muamewo gbɔ o.” Amesiawo siwo zã atike muame tsã madzemadzee la lɔ̃ ɖe edzi be eva hiã vevie be yewoaklã keŋkeŋ tso yewo xɔlɔ̃ tsãtɔwo gbɔ.

Nusitae Amegbetɔ Doa Kpo Nu

Atike manɔsenu zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu nye kuxi gã si le xexeame godoo ƒe akpa aɖe ko. Didi sesẽ aɖe be woawɔ nuvɔ̃, awɔ anyra, kple be woasẽ ŋuta xɔ xexeame katã. Biblia gblɔ be: “Xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” (Yohanes I, 5:19) Apostolo Yohanes tɔ asi “vɔ̃ɖitɔ” ma dzi le Nyaɖeɖefia 12:9 be: “Eye wotsɔ ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, esi woyɔna be: Abosam kple Satana, amesi nye xexeame katã blela la, ƒu gbe, eye wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe ɖe anyi hekpe ɖe eŋuti.”

Tsɔ kpe ɖe amegbetɔ ŋutɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋu la, ele nɛ be wòate kame kple futɔ sesẽ sia. Satanae nye amesi na amegbetɔ dze anyi le gɔmedzedzea me. Eɖoe be yeado vlo amegbetɔ ɖe edzi eye be yeatrɔ wo ɖa le Mawu yome. Edze abe amegbetɔ ƒe atike muamewo zazã madzemadzee nye eƒe ayemɔwo dometɔ aɖe. Ele nu wɔm kple dziku ŋutɔ elabena enyae be “vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ.”—Nyaɖeɖefia 12:12.

Aleke Mawu Akpɔ Egbɔe?

Biblia gblɔ amelɔlɔ̃ ƒe ɖoɖo si Wɔla la wɔ be wòatsɔ aɖe amegbetɔƒomea tso woƒe nuvɔ̃menyenye me. Wogblɔ na mi le Korintotɔwo I, 15:22 be: “Alesi amewo katã ku le Adam me la, nenema ke woagbɔ agbe wo katã hã le Kristo me.” Yesu lɔ̃ faa va anyigba dzi va nye amegbetɔ deblibo eye wòtsɔ eƒe anyigbadzigbenɔnɔ sa vɔe be yeaɖe ameƒomea tso nuvɔ̃ kple ku me tsonuwo me.

Nusita míekuna kple amegbetɔ ƒe kuxiwo gbɔ kpɔnu nyanya ʋã ame geɖe hede dzi ƒo na wo be woɖe asi le atike muamewo zazã ŋu. Gake Biblia wɔ geɖe wu kpekpe ɖe ame ɖekaɖekawo ŋu be woaɖu atike muamewo zazã ƒe kuxia dzi. Egblɔ nusi adzɔ ne woɖe Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzia ɖa vɔ megbe, kple ne woɖe xexeame ƒe xaxawo katã si me atike muamewo zazã madzemadzee hã le ɖa keŋkeŋ vɔ megbe.

Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ƒo nu tso “agbetsitɔsisi aɖe, si le dzo sim abe kristalo ene, hele dodom tso Mawu kple Alẽvi la ƒe fiazikpui me” ŋu. (Nyaɖeɖefia 22:1) Kpɔɖeŋutɔsisi sia tsitre ɖi na nusi Mawu na to Yesu Kristo dzi be amegbetɔ nagatrɔ va nɔ agbe deblibo le paradisonyigba dzi. Nyaɖeɖefia ƒo nu tso agbeti siwo le wɔwɔm nyuie le tɔsisia to ŋu hegblɔ be: “Atiawo ƒe aŋgbawo nye dɔyɔgbe na dukɔwo.” (Nyaɖeɖefia 22:2) Kpɔɖeŋu ƒe aŋgba mawo tsi tre ɖi na Yehowa ƒe gbedadaɖoɖo siwo woatsɔ ana amegbetɔwo nade blibo le gbɔgbɔ kple ŋutilã me.

Mlɔeba la, menye atike muamewo zazã madzemadzee si me koe woaɖe amegbetɔ tsoe o, ke woaɖee tso fuɖename kple kuxi bubu ɖesiaɖe si ɖea fu nɛ le nuɖoanyi gblẽku sia me hã me!

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 9]

Aleke Gbegbee Marijuana Nyoe?

Dukɔ geɖe le susu wɔm be woaɖe mɔ ɖe marijuana-gbe zazã ŋu le se nu, vevietɔ ezazã le atikewɔwɔ me. Wokpɔ be ete ŋu tsia dzigbɔtsɔame si tsoa atikedodoname gbɔ nu, eye kpeɖodziwo fia be ekpena ɖe AIDS dɔléla siwo nuɖuɖu megadzrona o ŋu be woaɖu nu. Wozãnɛ hã tsɔ tsia vevesese nu.

Togbɔ be amewo mewɔ ɖeka kple nusiwo ŋu woke ɖo le numekukuwo me o hã la, numekuku si ƒe nya wogblɔ le New Scientist magazine me ɖo kpe nusiwo gbea gblẽna dometɔ aɖewo dzi.

Wotsɔ ame aɖewo siwo noa marijuana-gbe gbesiagbe sɔ kple amebubu siwo mezãnɛ nenema gbegbe o le numekuku aɖe si wowɔ le Harvard Yunivɛsiti me. Vovototo sue aɖe ko wokpɔ le susu dodokpɔ gbadzaa ko me. Gake le tenɔnɔ ɖe nɔnɔmewo nu ƒe dodokpɔ aɖe me la, amesiwo noa gbea atraɖii medze agbagba o.

Yunivɛsiti bubu hã do amewo ƒe hatsotso aɖe si me tɔwo noa gbea edziedzi kple bubu aɖe si me tɔwo noa sigaret la kpɔ le ƒe 15 dome. Gbenolawo noa babla etɔ̃ alo ene ŋkeke ɖeka, eye sigaretnolawo noa ati 20 alo esi wu nenema ŋkeke ɖeka. Hatsotso evea siaa me tɔwo ƒe xexlẽme sɔsɔe lé kpedɔ kple dzitodzito me dɔ. Ŋkuléle ɖe woƒe dzitodzitowo ŋu ɖee fia be nu gblẽ le hatsotso evea siaa me tɔwo tɔ ŋu sɔsɔe.

Togbɔ be gbenolawo menonɛ sɔ gbɔ abe sigaretnolawo ene o hã la, wode dzesii be dzudzɔ si me ami le si dona le babla ɖeka me nye esi le sigaret ɖeka me ƒe teƒe etɔ̃. Gakpe ɖe eŋu la, New Scientist ka nya ta be: “Gbenolawo gbɔa dzudzɔa wòyia wo me ʋĩ eye wolea gbɔgbɔ ɣeyiɣi didi wu.”

Gakpe ɖe eŋu la, wokpɔ be lãmenugbagbevi siwo wɔa avu kple dɔléle, siwo nɔa dzitodzitoawo me ƒe avuwɔŋusẽ dzi ɖe kpɔtɔ alafa memama 35 wu esiwo le sigaretnolawo tɔ me.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

U.S. Navy photo

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 11]

“Fɔ Bubu” Dzilawo

Nyadzɔdzɔŋlɔlawo ƒe nukpɔsusu si dze le South Africa nyadzɔdzɔgbalẽ Saturday Star me ɖe woƒe dzitsitsi ɖe alesi sɔhɛwo le atikevɔ̃ɖiwo zãm le South Africa ŋu fia eye wogblɔ be:

“Be mía viwo nanɔ nusia wɔm [woanɔ atikevɔ̃ɖiwo zãm] nye dzilawo kple nutoametɔwo katã ƒe vodada. Gbesiagbe míewɔa dɔ sesĩe be míakpɔ ga, hegblẽa míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ ɖe ŋutilãme dzidzedzekpɔkpɔ ŋu. Mía viwo hiãa míaƒe susu, kple míaƒe ŋusẽ. Ðe míezãa míaƒe ɣeyiɣi kpuitɔ be wòaɖe vi na woa? Ele bɔbɔe be miaɖe ga akɔ ɖe wo gbɔ be woagaɖe fu na mí o. Ebɔbɔ wu to si míaɖo wo—be míase nusi le fu ɖem na wo, woƒe mɔkpɔkpɔ, kple woƒe dzimaɖitsitsiwo. Ne míenɔ anyi ɖe kplɔ̃ ŋu le nuɖuɖudzraƒe alo le ɖiɖim ɖe eme le television gbɔ zã sia me la, ɖe míanya nusi wɔm wolea?”

Alo, míagabia be, ɖe míanya tame si bum wolea?

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Wode dzi ƒo na ame geɖe woɖe asi le atike muamewo zazã madzemadzee ŋu