Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

June 15-21

1 MOSE 48-50

June 15-21

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME

  • Nya Nyuiwo Le Nɔvi Tsitsiwo Si Woagblɔ Na Mí”: (10 min.)

    • 1Mo 48:21, 22—Yakob ƒe nyawo ɖee fia be exɔe se be Mawu ƒe amewo axɔ Kanaan-nyigbaa (mwbr20.06 2 ¶1)

    • 1Mo 49:1—Nya siwo Yakob gblɔ ɖi esime wònɔ kukum ɖee fia be xɔse nɔ esi (mwbr20.06 2 ¶2)

    • 1Mo 50:24, 25—Yosef ƒe nyawo ɖee fia be eka ɖe edzi be Yehowa ƒe ŋugbedodowo ava eme (w07 6/1 28 ¶10)

  • Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi: (10 min.)

    • 1Mo 49:19—Aleke nya si Yakob gblɔ ɖi ku ɖe Gad ŋu la va emee? (w04 6/1 15 ¶4-5)

    • 1Mo 49:27—Aleke nya si Yakob gblɔ ɖi ku ɖe Benyamin ŋu la va emee? (mwbr20.06 2 ¶3)

    • Mawu ƒe nyaa me kesinɔnu kawo ŋue nèke ɖo le kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ me ku ɖe Yehowa Mawu, gbeadzisubɔsubɔdɔa, alo nu bubu aɖe ŋu, si ŋu nàdi be yeaƒo nu tsoe?

  • Biblia Xexlẽ: (4 min. alo made o) 1Mo 49:8-26 (th nusɔsrɔ̃ 5)

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI

  • Tɔtrɔyi Ƒe Video: (5 min.) Numedzodzro. Na woaɖe videoa. Eye nàbia nya siawo: Aleke gbeƒãɖelawo wɔ dɔ aduadu tsɔ ɖi ɖasee? Aleke míawo hã míate ŋu ana míaƒe aƒemenɔlawo nakpɔe be míeka ɖe nya si gblɔm míele la dzi?

  • Tɔtrɔyi: (3 min. alo made o) Zã kpɔɖeŋudzeɖonyaa nàtsɔ aɖi ɖase na ame aɖe si medi be yease nyaa o. (th nusɔsrɔ̃ 6)

  • Tɔtrɔyi: (5 min. alo made o) Zã kpɔɖeŋudzeɖonyaa. Eyome na Nu Si Biblia Fia gbalẽa amea, eye nàzã ta 9 lia atsɔ adze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kplii. (th nusɔsrɔ̃ 16)

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ