Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | EZEKIEL 1-5

Edzɔ Dzi Na Ezekiel Be Yeaɖe Gbeƒã Mawu Ƒe Gbedeasi

Edzɔ Dzi Na Ezekiel Be Yeaɖe Gbeƒã Mawu Ƒe Gbedeasi

Yehowa tsɔ agbalẽ xatsaxatsa aɖe na Ezekiel le ŋutega me eye wògblɔ nɛ be wòaɖui. Nu kae ema fia?

2:9–3:2

  • Ele be Ezekiel nanya Mawu ƒe gbedeasi si gblɔ ge wòala la me nyawo nyuie. Ŋugbledede le agbalẽ xatsaxatsaa me nyawo ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe Ezekiel dzi eye wòaʋãe wòaƒo nu

3:3

  • Agbalẽ xatsaxatsaa vivi le nu me na Ezekiel elabena nɔnɔme nyui nɔ esi ɖe eƒe dɔdeasia ŋu

Aleke gbedodoɖa hafi asrɔ̃ Biblia kple ŋugbledede akpe ɖe ŋunyee?

 

Nu kae mawɔ be nɔnɔme nyui nanɔ asinye ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu?