Ezekiel 2:1-10
2 Eye wògblɔ nam be: “Amegbetɔvi,* tso ɖe wò afɔwo dzi, ne maƒo nu kpli wò.”+
2 Esi wòƒo nu kplim la, gbɔgbɔ ɖo menye hena metso ɖe nye afɔwo dzi,+ ne mate ŋu ase Ame si le nu ƒom kplim la ƒe nyawo.
3 Eye wògblɔ nam be: “Amegbetɔvi, mele dɔwòm ɖe Israel-viwo gbɔ,+ ɖe dukɔ dzeaglã si dze aglã ɖe ŋunye la gbɔ.+ Wo kple wo tɔgbuiwo da vo ɖe ŋunye va se ɖe egbeŋkeke sia dzi.+
4 Mele dɔwòm ɖe vi dzeaglã* siwo sẽ dzi me gbɔ,+ ne nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔe nye esi.’
5 Wosee o, womeɖasee o, woanyae be nyagblɔɖila aɖe nɔ yewo dome kpɔ,+ elabena ƒome dzeaglã wonye.+
6 “Ke wò amegbetɔvi, mègavɔ̃ wo o,+ eye woƒe nyawo megadzi ŋɔ na wò o, togbɔ be aŋɔkawo kple ŋùwo ƒo xlã wò*+ eye nèle dziɖegbewo* dome hã. Woƒe nyawo megadzi ŋɔ na wò o,+ eye woƒe mo megaɖi vɔvɔ̃ na wò o,+ elabena ƒome dzeaglã wonye.
7 Gblɔ nye nyawo na wo, wosee o, womeɖasee o, elabena aglãdzelawoe wonye.+
8 “Ke wò amegbetɔvi, se nya si gblɔm mele na wò. Mègadze aglã abe ƒome dzeaglã sia ene o. Ke nu nàɖu nu si tsɔm mele na wò la.”+
9 Esi meɖo ŋku anyi la, mekpɔ wodo asi aɖe ɖe gbɔnye,+ eye mekpɔ agbalẽ xatsaxatsa aɖe si dzi woŋlɔ nu ɖo la le asi la me.+
10 Esi wòkekee ɖe ŋkunyeme la, woŋlɔ nu ɖe eme kple egodo.+ Woŋlɔ konyifahawo, nuxaxawo kple avifafawo ɖe edzi.+
Etenuŋɔŋlɔ
^ “Amegbetɔvi”; nya sia si dze zi 93 le Ezekiel ƒe agbalẽa me la ƒe gbãtɔe nye esia.
^ Alo, “vi siwo mo kplala li na.”
^ Alo, “aganɛ, akekle.”
^ Agate ŋu afia, “togbɔ be dzimesẽlawoe wonye, eye wole abe nu siwo le tɔwòm ene.”