KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Bɔbɔ Ðokuiwò Ne Amewo Kafu Wò

Bɔbɔ Ðokuiwò Ne Amewo Kafu Wò

Ɣeaɖewoɣi la, amewo kafua mí. Ne susu nyui le amewo si wokafu mí tso dzi me la, esia dea dzi ƒo na mí. (Lod 15:23; 31:10, 28) Gake ele be míakpɔ nyuie be kafukafunya mawo nagana míada alo asusui be míenyo wu ame bubuwo o.

MIKPƆ VIDEO SI NYE WƆ NUTEƑE ABE YESU ENENE WOKAFU WÒ, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Nu kawoe ate ŋu ana amewo nakafu mí?

  • Aleke nɔviawo kafu Simon?

  • Aleke woƒe kafukafua gbɔ emee?

  • Nu kae nèsrɔ̃ tso ale si Simon ɖo nya ŋu ɖokuibɔbɔtɔe la me?