Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | DƆWƆWƆWO 25-26

Paulo Bia Be Kaisaro Nagbugbɔ Nyaa Adrɔ̃ Na Ye, Emegbe Eɖi Ðase Na Fia Herodes Agripa

Paulo Bia Be Kaisaro Nagbugbɔ Nyaa Adrɔ̃ Na Ye, Emegbe Eɖi Ðase Na Fia Herodes Agripa

25:11; 26:1-3, 28

Togbɔ be mele be míatsi dzi ɖe nya si míagblɔ ne wokplɔ mí yi “nutodziɖulawo kple dufiawo ŋkume” ŋu o hãa, ele be míanɔ klalo be ‘míaʋli’ mɔkpɔkpɔ si le mía si la ta le ame sia ame si abia nya mí tso eŋu la ŋkume. (Mt 10:18-20; 1Pe 3:15) Aleke míate ŋu asrɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋua ne tsitretsiɖeŋulawo dze agbagba be yewoazã ‘se atsɔ awɔ fu mí’?—Ps 94:20.

  • Míezãa gome si le mía si le se nu tsɔ ʋlia nya nyuia ta.—Dw 25:11

  • Míedea bubu dziɖuɖumegãwo ŋu ne míele nu ƒom na wo.—Dw 26:2, 3

  • Ne anya wɔ la, míeƒoa nu tso ale si nya nyuia le vi ɖem na míawo ŋutɔwo kple ame bubuwo la ŋu.—Dw 26:11-20