Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Ðea Gbeƒã Tso Ʋɔtru Nu Yi Ʋɔtru Nu?

Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Ðea Gbeƒã Tso Ʋɔtru Nu Yi Ʋɔtru Nu?

 Yesu gblɔ na eyomedzelawo be woawɔ “dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo.” (Mateo 28:​19, 20) Esi Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo la, egblɔ na wo be woayi amewo gbɔ le woƒe aƒewo me. (Mateo 10:​7, 11-13) Le Yesu ƒe ku megbe la, Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la yi edzi nɔ gbeƒã ɖem gbedeasia “le dutoƒo kple aƒe me yi aƒe me.” (Dɔwɔwɔwo 5:​42; 20:​20) Kristotɔ gbãtɔ mawo ƒe afɔtoƒee míetona, eye míekpɔe be gbeƒãɖeɖe tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nue nye mɔ nyui aɖe si dzi míetona kena ɖe amewo ŋu.