Dzo kpo yi emenuwo dzi

Gilead Sukua Xɔ Ƒe Blaadre

Gilead Sukua Xɔ Ƒe Blaadre

Le February 1, 1943 dzi la, wodze suku tɔxɛ aɖe ƒe klas gbãtɔ gɔme le New York ƒe dziehe ɖaa. Suku sia si woyɔna fifia be Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku la na hehe tɔxɛ ŋutsu kple nyɔnu 8,000 kple edzivɔ siwo tso xexea ƒe akpa vovovowo.

Etametɔ: Gilead Suku si nɔ South Lansing le New York la ƒe mɔ gã nu. Etetɔ: Gilead-nufiala aɖe le nu ƒom na klas 31 lia delawo le gbadzaƒe aɖe

Jonathan si wu suku sia nu nyitsɔ laa gblɔ be: “Hehe si míexɔ, si wotu ɖe Mawu ƒe Nya la dzi, akpe ɖe mía ŋu míadze aɖe gbeƒã na dukɔ kple to ɖe sia ɖe me tɔwo.” Jonathan srɔ̃ Marnie gblɔ kpee be: “Megadi vevie wu tsã be makpe ɖe amewo ŋu woakpɔe be tame si Wɔlaa ɖo ɖe míaƒe agbe ŋu la nyo wu ɖe sia ɖe. Mexɔe se be ne wokpe ɖe amewo ŋu wova nya Yehowa la, ana woƒe agbe naɖɔ ʋu wu.”

Gilead sukua ƒe klas ɖe sia ɖe xɔa ɣleti atɔ̃, eye womexɔa ga le sukuviawo si o. Wotea gbe ɖe Biblia kple nya nyui gbɔgblɔdɔa dzi vevie. Sukua ƒe taɖodzinuwoe nye be wòana hehe sukua delawo be woasu te ado ŋusẽ Mawu ƒe amewo ahana woali ke nyuie eye woakpe ɖe amewo katã ŋu woatu mawumenɔnɔme siwo akpe ɖe wo ŋu woanɔ te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu la ɖo. Le nusrɔ̃ɣiawo la, sukuviawo zãa ɣeyiɣi geɖe tsɔ dzroa Ŋɔŋlɔawo me be wòakpe ɖe wo ŋu wo kple Yehowa Mawu dome naganɔ kplikplikpli wu.

Etametɔ: Le ƒe 1958 me, Albert Schroeder zã avɔgbadɔa ƒe nɔnɔme le nu fiam Gilead sukuviwo. Etetɔ: Le ƒe 1968 me, Ulysses Glass le nu fiam Gilead suku ƒe klas 46 lia delawo.

Srɔ̃tɔ siwo dea sukua la nyea ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo. Ne wowu sukua nu la, wotrɔ yia wo de alo wodea dɔ asi na wo le dukɔ bubu me. Wodea dɔ asi na wo dometɔ aɖewo le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe 90 kple edzivɔawo dometɔ ɖeka. Woɖoa wo dometɔ akpa gãtɔ ɖe nuto siwo me amewo sɔ gbɔ ɖo la me ale be woate ŋu ana kpekpeɖeŋu geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me.

Teƒe gbãtɔ si woɖo suku sia ɖoe nye Fiaɖuƒegble me le South Lansing si le New York. Le ƒe 1961 me la, woɖe sukua yi Yehowa Ðasefowo ƒe xexea me katã ƒe dɔwɔƒe gã si le Brooklyn le New York. Tso ƒe 1988 va se ɖe ƒe 1995 me la, sukua nɔ Gbetakpɔxɔgble si le Wallkill le New York la me. Eye le ƒe 1995 me la, woɖee yi Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Hehenaƒe si le Patterson le New York, eye wògale afi ma va se ɖe egbe. Le March 2013 me la, wowu klas 134 lia nu.

Etametɔ: Le ƒe 2003 me, Gilead suku ƒe klas 116 lia delawo le nu srɔ̃m le sukuxɔ me. Etetɔ: Le ƒe 2011 me, sukuviawo le nu srɔ̃m le Gilead sukua ƒe agbalẽdzraɖoƒe

Ƒe 70 sɔŋue nye esia Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Sukua delawo ɖo kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe ɖi le ɖaseɖiɖi tso Yehowa ŋu me.