Dzo kpo yi emenuwo dzi

Agbalẽtatadɔ Si Le Kpekpem Ðe Amewo Ŋu Wole Nu Srɔ̃m Tso Mawu Ŋu

Agbalẽtatadɔ Si Le Kpekpem Ðe Amewo Ŋu Wole Nu Srɔ̃m Tso Mawu Ŋu

Amewo xlẽa Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽwo le xexea me godoo. Ame miliɔn geɖewo xlẽnɛ le mɔ̃ dzi abe ale si nèle ewɔm fifia ene. Gake ne èse ale si gbegbe míaƒe agbalẽtatadɔa keke tae la, ɖewohĩ awɔ nuku na wò. Le ƒe 2013 me la, míeta Biblia-srɔ̃gbalẽwo le gbegbɔgblɔ 700 aɖewo me hema wo le dukɔ 239 me.

Do ŋgɔ na ƒe 1920 la, ɖe míexea fe na agbalẽtaƒewo wotaa míaƒe agbalẽwo na mí. Gake le ƒe ma me la, míedze míaƒe magazinewo kple agbalẽviwo dometɔ aɖewo tata gɔme le teƒe sue aɖe si míehaya le Brooklyn si le New York. Agbalẽtatadɔ sue ma si gɔme míedze ɣemaɣi la va keke ta ale gbegbe be egbea agbalẽtaƒe 15 sɔŋue le mía si, wole Afrika, Asia, Australia, Europa, Dziehe Amerika kple Anyiehe Amerika.

Míaƒe Agbalẽ Vevitɔ

Agbalẽ vevitɔ si míetanae nye Biblia. Le ƒe 1942 me la, míeta Eŋlisigbe me King James Version Biblia bliboa zi gbãtɔ le míaƒe agbalẽtaƒe. Tso ƒe 1961 me la, Yehowa Ðasefowo ɖe Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia gɔme hetae wònye babla ɖeka ko. Va ɖo ƒe 2013 me la, míeta Biblia miliɔn 184 le gbegbɔgblɔ 121 me.

Nu bubu aɖe hã gaɖe dzesi le Biblia sia ŋu. Biblia sia dɔna ŋutɔ. Pepa siwo wozãna tsɔ taa Biblia siae la wɔe be meklona o, eye woblanɛ nyuie. Esia wɔe be Biblia sia dɔna ŋutɔ togbɔ be wozãnɛ gbe sia gbe hã.

Agbalẽ Bubuwo

Míetaa agbalẽ siwo kpena ɖe amewo ŋu wosea Biblia gɔme hã. Kpɔ agbalẽ agbɔsɔsɔ siwo míeta tso ƒe 2013 me dometɔ aɖewo ɖa:

  • Gbetakpɔxɔ si míetana ɖe gbegbɔgblɔ 210 kple edzivɔwo me lae nye míaƒe magazine vevitɔ, eye eyae nye magazine si womana wu le xexea me godoo. Míetaa magazine sia ƒe axa 16 tɔ miliɔn 45 ɣleti sia ɣleti.

  • Míetaa Nyɔ! si nye Gbetakpɔxɔ magazinea ƒe kpeɖeŋutɔ ɖe gbegbɔgblɔ 99 me, eye Nyɔ! ye nye magazine evelia si wotana wu le xexea me godoo. Míetaa magazine sia miliɔn 44 kple edzivɔwo ɣleti sia ɣleti.

  • Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? nye axa 224 gbalẽ aɖe si ƒe akpa bɔbɔ, eye wotrɔ asi le eŋu koŋ be wòakpe ɖe exlẽlawo ŋu woase Biblia ƒe nufiafia veviwo gɔme. Tso ƒe 2005 me la, míeta agbalẽ sia miliɔn 214 kple edzivɔwo ɖe gbegbɔgblɔ 240 kple edzivɔwo me.

  • Ðo To Mawu nye axa 32 gbalẽ gbadza, si ŋu wotrɔ asi le be wòakpe ɖe ame siwo menya nuxexlẽ nyuie o la ŋu. Wozã nɔnɔmetata nyakpɔwo kple nuŋɔŋlɔ kpui aɖewo le eme tsɔ na be Biblia me nyateƒeawo gɔme sese le bɔbɔe. Wota agbalẽ gbadza sia miliɔn 42 kple edzivɔwo le gbegbɔgblɔ 400 kple edzivɔwo me.

Tsɔ kpe ɖe esiawo ŋu la, Yehowa Ðasefowo gataa agbalẽwo, agbalẽ gbadzawo kple trakt bubu geɖewo be woakpe ɖe Biblia-nusrɔ̃viwo ŋu woakpɔ ŋuɖoɖo na woƒe nyabiasewo le Biblia me, ale si woawɔ anɔ te ɖe agbemekuxiwo nu kple ale si woawɔ woƒe ƒomewo nakpɔ dzidzɔ. Le ƒe 2012 me la, míeta magazine miliɔn 1,300 kple edzivɔwo, Biblia kple agbalẽ miliɔn 80 kple edzivɔwo le Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽtaƒewo.

Le ƒe 2012 me la, míeta magazine miliɔn 1,300, Biblia kple agbalẽ miliɔn 80 kple edzivɔwo le Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽtaƒewo

Ame siwo va ɖia tsa le míaƒe agbalẽtaƒe siawo hekpɔa ale si amewo wɔa dɔ kutrikukutɔe le afi mawo la ƒe nu kuna. Ŋutsu kple nyɔnu siwo katã wɔa dɔ le afi mawo tsɔa woƒe ɣeyiɣiwo kple ŋusẽ ɖoa anyi faa ɖe dɔ sia ŋu. Hafi dɔwɔla siawo dometɔ akpa gãtɔ nava Betel, ŋkɔ si gɔmee nye “Mawu Ƒe Aƒe” la, womenyaa nu boo aɖeke tso agbalẽtatadɔ ŋu o. Ke hã hehe siwo wonaa wo le teƒe siawo hekpe ɖe dɔwɔwɔ kple dɔa wɔla bubu siwo lɔ̃na faa fiaa dɔ ame ŋu nana be wova bina ɖe agbalẽtatadɔa me. Le kpɔɖeŋu me, zi geɖe la, ɖekakpui siwo le woƒe ƒe 20-awo me tea ŋu zãa agbalẽtamɔ̃ deŋgɔ siwo taa axa 16 ƒe magazine 200,000 le gaƒoƒo ɖeka me.

Afi Kae Míegakpɔa Ga Tsoe?

Lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe wotsɔ doa alɔ dɔ siwo katã Yehowa Ðasefowo wɔna le xexea me godoo la. Zion’s Watch Tower (si woyɔna fifia be Gbetakpɔxɔ) August 1879 ƒe tata gblɔ be be: “Míexɔe se be YEHOWAE le megbe na ‘Zion’s Watch Tower’ la, eye esi wòle alea ta la, míaɖe kuku alo aƒo koko na amegbetɔwo gbeɖe be woana gakpekpeɖeŋu mí o.” Nenema kee míawo hã míesena le mía ɖokui me egbea.

Nu ka tae míezãa ɣeyiɣi, ga kple ŋusẽ gbogbo mawo gbegbe ɖe dɔ sia ŋu? Elabena eɖanye Biblia kple agbalẽ miliɔn siwo míetana le míaƒe agbalẽtaƒewo alo esiwo míedana ɖe internet dzi la dometɔ aɖee nèxlẽ o, míaƒe didie nye be woakpe ɖe ŋuwò nàte ɖe Mawu ŋu kplikplikpli wu.