Nu Ðedzesi Siwo Dzɔ Le France
ƑE 2014—Dziɖuɖua da si ɖe edzi be Yehowa Ðasefowo ƒe subɔlawo nanye gaxɔ me mawunyagblɔlawo, eye esia te fli ɖe nya manyomanyo siwo wogblɔ ɖe wo ŋu le Sewɔtakpekpea ƒe nyatakakaa me le ƒe 1995 me
JUNE 30, 2011—Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒea bu fɔ France dziɖuɖua be etu afɔkpo Yehowa Ðasefowo ƒe mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe (ATJ v. France)
ƑE 2000—Dukɔa ƒe Aɖaŋuɖotakpekpea ɖo kpe edzi be subɔsubɔdɔwo koe míaƒe dɔwɔha siwo le dukɔa mea wɔna, eyata mele be woaxɔ adzɔ le wo si o
ƑE 1995—Sewɔtakpekpea Ƒe Numekuha ƒo nu gbegblẽ tso Yehowa Ðasefowo ŋu le woƒe nyatakaka si nye “Vivimeha Siwo Le France” la me
ƑE 1993—Dukɔa ƒe Aɖaŋuɖotakpekpea lɔ̃ ɖe edzi be míaƒe Fiaduƒe Akpatawo le dɔwɔha si le se nu ƒe ŋkɔ me eye subɔsubɔnyawo dzaa koe wozãa wo na, eya ta mele be woaxɔ adzɔ ɖe wo zazã ta o
SEPTEMBER 1947—Wode habɔbɔa ƒe dɔwɔha si nye Association Les Témoins de Jéhovah agbalẽ me le dziɖuɖua gbɔ
OCTOBER 1939—France dziɖuɖua ɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi
ƑE 1930—Woɖo Watch Tower Society habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe ɖe Paris
AUGUST 27, 1919—Woɖo Franse Dukɔwo Dome Biblia Nusrɔ̃viwo Ƒe Habɔbɔa anyi eye woƒe dɔwɔƒegã nɔ Paris
ƑE 1906—France ɖzidudua de Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe ƒufoƒo gbãtɔ agbalẽ me be wole se nu

