Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ameŋunyatakakawo Zazã—Estonia

Ameŋunyatakakawo Zazã—Estonia

Ne ame aɖe va zu gbeƒãɖela la, ke elɔ̃ ɖe edzi be Yehowa Ðasefowo ƒe xexea me katã ƒe habɔbɔa, si dome Yehowa Ðasefowo ƒe hame si me wòle, woƒe alɔdzedɔwɔƒea, kple dɔwɔha bubu siwo Yehowa Ðasefowo zãna hã le la, kpɔ mɔ azã ye ŋu nyatakakawo le se nu le woƒe subɔsubɔdɔwɔnawo me. Gbeƒãɖelawo lɔ̃na faa tsɔa wo ŋu nyatakakawo naa hame si me wole abe ale si wogblɔe le Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ gbalẽa me ene kple susu be yewoate ŋu akpɔ gome le subɔsubɔdɔwɔna aɖewo me ahaxɔ gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu tso hamea gbɔ.—1 Petro 5:2.

Gbeƒãɖelawo ganaa wo ŋu nyatakaka bubuwo Yehowa Ðasefowo ne wodi be yewoakpɔ gome le subɔsubɔdɔwɔna bubu aɖewo me. Ameŋunyatakaka siawo ƒe ɖewoe nye amea ŋkɔ, eƒe dzigbe, nenye ŋutsue wònye alo nyɔnue, ŋkeke si dzi wòxɔ nyɔnyrɔ, eƒe adrɛs kple kaƒodzesi, alo nyatakaka bubu siwo do ƒome kple eƒe gbɔgbɔmenyenye, gbeƒãɖeɖedɔa, alo akpa bubu siwo wòwɔna le Yehowa Ðasefowo ƒe hamea me. Nyatakaka siwo ɖea gbeƒãɖelaa ƒe subɔsubɔdzixɔsewo fiana kple eŋunyatakaka ɣaɣla aɖewo hã ate ŋu anɔ eme. Ameŋunyatakakawo zazã ate ŋu afia wo xɔxɔ, wo ŋɔŋlɔ ɖi, wo ɖoɖo ɖe ɖoɖo nu, wo dzadzraɖo ɖi kple wo ŋu dɔ wɔwɔ le mɔ siawo tɔgbi nu.

Ameŋunyatakakawo Ta Kpɔkpɔ Ƒe Se si le dukɔ sia mee nye:

Personal Data Protection Act and General Data Protection Regulation (EU) 2016/679.

Le Ameŋunyatakakawo Ta Kpɔkpɔ Ƒe Se sia nu la, gbeƒãɖelawo lɔ̃ ɖe edzi be Yehowa Ðasefowo nazã yewo ŋu nyatakakawo na subɔsubɔdɔwɔnawo, siwo dometɔ aɖewoe nye:

  • ne yewole gome kpɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe hame si me yewole ƒe kpekpewo kple lɔlɔ̃nu faa dɔ bubuwo me;

  • ne yewolɔ̃ be yewoakpɔ gome le kpekpe alo takpekpe aɖe si woalé ɖi be Yehowa Ðasefo siwo le xexea me godoo nate ŋu akpɔe alo ase emenyawo emegbe be wòatu wo ɖo le gbɔgbɔ me la me;

  • ne yewolɔ̃ be yewoawɔ dɔdeasi aɖe le hamea me, si abia be woaklã yewoƒe ŋkɔ kple dɔdeasia ŋu nyawo ɖe nyatakakawo klãɖoƒe si le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata me;

  • Hamea Me Gbeƒãɖela Ŋuti Nuŋlɔɖigbalẽvi ʋuʋu na yewo;

  • Yehowa Ðasefowo ƒe hamemetsitsiwo ƒe sasrãkpɔ kple beléle na yewo (Dɔwɔwɔwo 20:28; Yakobo 5:14, 15);

  • yewoƒe adrɛs kple kaƒodzesiwo xɔxɔ be woazãe atsɔ ake ɖe yewo ŋu ne afɔku aɖe dzɔ kpata.

Seɖoƒe meli na ɣeyiɣi si ameŋunyatakaka siawo anɔ mía gbɔ ase ɖo o, míedzraa wo ɖo ɣeyiɣi didi si míehiã wo na nu siwo ŋu míeƒo nu tsoe le etame alo bubu siwo sɔ. Ne gbeƒãɖela aɖe gbe be yemade asi Melɔ̃ Be Matsɔ Ŋunye Nyatakakawo Na Woazã gbalẽvia te o la, Yehowa Ðasefowo ate ŋu abui be medze awɔ dɔ aɖewo le hamea me alo akpɔ gome le subɔsubɔdɔwɔna aɖewo me o.

Ne ehiã eye wòsɔ la, míate ŋu aɖo ameŋunyatakakawo ɖe dɔwɔha siwo Yehowa Ðasefowo zãna. Gbeƒãɖelawo se egɔme be dɔwɔha siawo siwo Yehowa Ðasefowo zãna ate ŋu anɔ dukɔ bubu siwo ƒe ameŋunyatakakawo ta kpɔkpɔ ƒe sewo to vovo sãa na dukɔ si me nyatakaka mawo tso la tɔ. Ke hã, gbeƒãɖelawo se egɔme be afi sia afi si míaɖo nyatakaka siawo ɖa, eɖanye dɔwɔha siwo le Yehowa Ðasefowo ƒe xexea me katã ƒe dɔwɔƒe gã si le Amerika o, woazã wo le ɖekawɔwɔ me kple Ameŋunyatakakawo Ta Kpɔkpɔ Ƒe Ðoɖo Siwo Le Yehowa Ðasefowo Si.

Gome le gbeƒãɖelawo si be woakpɔ wo ŋu nyatakaka siwo le Yehowa Ðasefowo gbɔ, abia be woaɖe wo ɖa alo azã wo le mɔ aɖe ko nu, alo aɖɔ vodada siwo wode dzesi le nyatakaka mawo ŋu la ɖo. Gbeƒãɖelawo ate ŋu abia le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me be yewomegalɔ̃ ɖe edzi be woazã yewo ŋu nyatakakawo le mɔ aɖewo nu o. Ne gbeƒãɖela aɖe megalɔ̃ be Yehowa Ðasefowo nazã ye ŋu nyatakakawo o hã la, gome ate ŋu anɔ mía si be míayi edzi azã wo, le esi míekpɔ mɔ le se nu be míadzra ame siwo katã nɔ Yehowa Ðasefowo ƒe haa me kpɔ le xexea me godoo ŋu nyatakakawo ɖo ahawɔ wo ŋu dɔ alo ɖe susu bubu siwo sɔ le dukɔa ƒe se si ku ɖe Ameŋunyatakakawo Ta Kpɔkpɔ ŋu nu la ta. Gbeƒãɖelawo nyae be gome le yewo si be ne yewode dzesii be mímezã yewo ŋu nyatakakawo nyuie o la, yewoate ŋu ana setɔ siwo kpɔa ameŋunyatakakatakpɔkpɔ nyawo gbɔ le dukɔ si me yewole me la nanya faa.

Yehowa Ðasefowo ɖe afɔ vevi geɖe siwo wɔ ɖeka kple Ameŋunyatakakawo Ta Kpɔkpɔ Ƒe Sea kple susu be yewoakpɔ egbɔ be amewo ŋu nyatakaka siwo yewoxɔna la nanɔ dedie. Gbeƒãɖelawo se egɔme be ame ʋɛ aɖewo siwo woɖe mɔ na be woawɔ dɔ tso yewo ŋu nyatakaka siwo míexɔna ŋu na susu siwo míegblɔ va yi la koe kpɔa wo.

Ne biabia aɖewo le asiwò la, àte ŋu aɖo wo ɖe ameŋunyatakakawo ta kpɔkpɔ ŋu nyawo gbɔ kpɔla to e-mail sia dzi:

DataProtectionOfficer.EE@jw.org.

Gbeƒãɖelawo se egɔme be yewoate ŋu akpɔ ame si kpɔa ameŋunyatakakawo ƒe nyawo gbɔ le dukɔ si me yewole, alo eteƒenɔla kple ame si kpɔa ameŋunyatakakatakpɔkpɔ nyawo gbɔ, la ƒe adrɛs le jw.org ƒe axa si nye Ame Siwo Kpɔa Ameŋunyatakakawo Ta Kpɔkpɔ Gbɔ Ƒe Adrɛswo.

Ate ŋu adzɔ be ale si míewɔa ameŋunyatakakawo ŋu dɔe la natrɔ tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi le tɔtrɔ siwo ate ŋu ava le míaƒe subɔsubɔdɔwɔnawo, se, alo mɔ̃ɖaŋununya me ta. Ne eva hiã be míawɔ tɔtrɔ aɖewo le Ameŋunyatakakawo Zazã sia ŋu la, míana tɔtrɔ mawo nadze le afi sia ale be gbeƒãɖelawo nanya nu tso wo ŋu nyatakaka siwo míexɔna kple ale si míezãa woe ŋu ɣesiaɣi. Taflatsɛ nɔ ŋku lém ɖe afi sia edziedzi be nàde dzesii ne tɔtrɔ aɖe va.