Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

NU KAE ʋã ŋutsu aɖe si wodzi ɖe Katolikotɔ dovevienuwo ƒe ƒome aɖe me, eye wònye ʋɔnudrɔ̃la si nu dze edzi na la be wòva zu Yehowa Ðasefo? Nu kae ʋã nu vlo wɔla aɖe wòdzudzɔ ŋutasẽnuwɔwɔ heva zu nya nyui gbeƒãɖela? Xlẽ woƒe numenyawo nàkpɔ.

“Nyui Kple Vɔ̃ Ŋuti Gɔmesese Nyuitɔ Va Su Asinye.”​—SEBASTIÃO ALVES JUNQUEIRA

ƑE SI ME WODZII: 1946

DUKƆ SI ME WÒTSO: BRAZIL

AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: KATOLIKOTƆ DOVEVIENU

AGBE SI MENƆ TSÃ: Kɔƒenuto aɖe si didi tso du si nye Piquete gbɔ abe kilometa 6 ene lae míaƒe ƒomea nɔ. Agble sue aɖe nɔ dzinyelawo si, eye esia kpe ɖe mía ŋu míekpɔ míaƒe agbemenuhiahiã veviwo. Suku si medena la nɔ Piquete, eya ta meva ƒle gasɔ xoxo aɖe, si wɔe be dua me yiyi nɔ bɔbɔe nam wu. Míaƒe nutoa me tɔwo da ahe, ke hã dua me nɔ dzadzɛ, eye nu vlo wɔwɔ mebɔ o. Ŋutsu siwo le dua me la ƒe akpa gãtɔ wɔa dɔ le afi si wowɔa aʋawɔnuwo le na asrafoha la.

Medo vevie agbalẽsɔsrɔ̃, eye mete ŋu va de hehenasuku si nye Aeronautical Military School, si nɔ dugã aɖe si tsɔ mía gbɔ me, eye le ƒe 1966 me la, mexɔ sergeant ƒe ɖoƒea tsɔ do le sukuae. Eyome mede senyalawo ƒe suku hexɔ ɖaseɖigbalẽ le senyawo me. Emegbe mekpe dɔbiagbalẽvi ɖo be manye kpovitɔwo ƒe amegã. Le ƒe 1976 me la, meŋlɔ dziɖuɖu ƒe dodokpɔ aɖe si me mekpɔ dzidzedze le, si wɔe be wotsɔ dɔa nam. Ɣeaɖewoɣi la, dɔa biana be manye gaxɔwo dzikpɔla. Le ɣeyiɣi mawo me la, Yehowa Ðasefowo vaa gakpɔa me zi geɖe va biaa mɔ be yewoaɖe gbeƒã na gamenɔlawo. Wogblɔa Biblia me nyawo na nye hã ɣesiaɣi si wova. Mesroa Mawu ɖa ŋutɔ ɣemaɣi hã. Esi meva nyae be ŋkɔ le Mawu si, si nye Yehowa, eye be mate ŋu adze xɔ̃e la, ewɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ.

Ʋɛʋɛʋɛ la, wodom ɖe ŋgɔ le dɔ si mewɔna la me. Le ƒe 1981 me la, megaŋlɔ dziɖuɖu ƒe dodokpɔ bubu si me mekpɔ dzidzedze le heva zu ʋɔnudrɔ̃la. Ke le ƒe 2005 me la, woɖom nyagbugbɔdrɔ̃la le São Paulo ʋɔnudrɔ̃ƒea.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ: Esi mewu senyalawo ƒe sukua nu teti ko la, mede asi Biblia xexlẽ me, eye esia na mewɔ tɔtrɔ geɖewo le nye nuŋububu ŋu. Menye Katolikotɔ dovevienu. Nye ƒometɔ aɖewo nye nunɔlawo, wo dometɔ ɖeka nye bisiɔp, eye nye hã mekpena ɖe nunɔlaa ŋu le Misa wɔɣi. Mexlẽa gbedodoɖagbalẽa me nya aɖewo hafi wògblɔa mawunya la. Ɣemaɣi la, menye nu si bɔ be Katolikotɔwo naxlẽ Biblia le woƒe aƒewo me o. Esi danye va nya be menɔ Biblia xlẽm la, ete ɖe edzi vevie. Egblɔ nam be nye tagbɔ ava da, kple susu be madzudzɔ exexlẽ. Ke hã, meyi exexlẽ dzi, elabena nyemekpɔe be agblẽ nu le ŋunye o.

Ewɔ nam be didi be manya nu si Biblia gblɔ lae ƒoe ɖe nunye meyi exexlẽ dzi. Medi be manya nu geɖe wu tso nunɔlawo kpakple woƒe wɔƒe le haa me ŋu. Meva nɔ nu xlẽm tso ablɔɖenana ƒe mawunyafiafia habɔbɔa hã ŋu, gake nukpɔsusu siwo dzi wotu woƒe dzixɔsewo ɖo la tro ale gbegbe be mede wo gɔme se ge do kpoe.

Ɣemaɣi la, nye aɖutikewɔla si nye Buddhatɔ la tsɔ agbalẽ aɖe si wotsɔ nɛ la nam. Agbalẽa ƒe tanyae nye Did Man Get Here by Evolution or by Creation? (L’homme est-il le produit de l’évolution ou de la création ?) a Mexɔ agbalẽa hesusui be mase vivi nɛ ne mexlẽe kpe ɖe agbalẽ bubu si nye The Origin of Species, si Charles Darwin ŋlɔ la ŋu. Numeɖeɖe siwo nɔ Did Man Get Here by Evolution or by Creation? gbalẽa me la ɖe kpe, susu nɔ wo me, eye wo me kɔ nyuie hã. Meva ka ɖe edzi bliboe be nufiafia si nye be xexea dzɔ le eɖokui si la mele eteƒe o.

Le agbalẽ ma si ku ɖe xexea wɔwɔ ŋu xexlẽ vɔ megbe la, edzrom be magasrɔ̃ nu geɖe. Medi be maxlẽ agbalẽ bubu siwo Yehowa Ðasefowo ta. Wogblɔ nam be gbede aɖe si wɔa dɔ le yameʋukukusrɔ̃suku la nye Yehowa Ðasefo. Meyi ɖakpɔe, eye wòtsɔ agbalẽ aɖewo nam be maxlẽ. Ɣemaɣi la, nyemelɔ̃ be Ðasefoawo nava nɔ Biblia srɔ̃m kplim o. Mesusui be mate ŋu asrɔ̃e le ɖokuinye si.

Esi medze Biblia xexlẽ gɔme la, metso nya me be esi wònye be meɖe srɔ̃ azɔ ta la, asɔ be mía kple nye ƒomea míaxlẽe ɖekae. Míexlẽa Biblia ɖekae le ƒomenusɔsrɔ̃ si míewɔna kwasiɖa sia kwasiɖa la me. Esi míaƒe ƒometɔwo nye Katolikotɔwo ta la, nunɔlawo kple bisiɔpwo dzie míeda míaƒe mɔkpɔkpɔ ɖo. Eya ta nu si mexlẽ le Yohanes 14:6 la he nye susu. Afi ma gblɔ be: “Yesu gblɔ [na eƒe nusrɔ̃la Toma] be: ‘Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la. Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.’” Nya sia me dzodzro tsitotsito na meva ka ɖe edzi be Yesu dzie Yehowa ato ana ɖeɖe mí. Do ŋgɔ la, wona míesusui be nunɔlawo dzie míato akpɔ ɖeɖe.

Biblia me nya eve bubu aɖewo hã kpɔ ŋusẽ ɖe ale si mebua Katolikohaa kple woƒe nufiafiawoe dzi. Ðeka dze le Lododowo 1:7, si gblɔ be: “Yehowa-vɔvɔ̃ enye sidzedze ƒe gɔmetoto; ke bometsilawo doa vlo nunya kple amehehe.” Eye evelia le Yakobo 1:5, afi si gblɔ be: “Ne mia dometɔ aɖe le nunya hiãm la, neyi edzi wòanɔ Mawu biam, elabena enaa nu amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o; eye wòanae.” Nunya kple sidzedze ƒe tsikɔ nɔ wuyem vevie, gake sɔlemedede menɔ kpekpem ɖe ŋunye le go sia me o. Eya ta medo le haa me.

Le ƒe 1980 me la, Ðasefowo va nɔ Biblia srɔ̃m kple srɔ̃nye. Ne mele aƒe me la, menɔa wo dome míesrɔ̃nɛ ɖekae. Emegbe meva lɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kple nye hã. Ke hã, ɣeyiɣi didi aɖe megbee míeva tso nya me be míaxɔ nyɔnyrɔ azu Yehowa Ðasefowo. Srɔ̃nye xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1994 me, ke nye ya mexɔe le ƒe 1998 me.

VIÐE SIWO MEKPƆ: Mehe vinye eneawo be woanɔ agbe ɖe Yehowa ƒe nudidiwo nu, eye esia ɖe vi na wo. (Efesotɔwo 6:4) Viŋutsu evee le asinye, eye wo ame evea siaa kua kutri le hamedɔwo wɔwɔ me. Vinyenyɔnu eveawo nye nya nyui gbeƒãɖela dovevienuwo. Ɣleti sia ɣleti la, srɔ̃nye zãa gaƒoƒo geɖe tsɔ srɔ̃a Biblia kple amewo, eye nye hã menye hamemetsitsi le míaƒe hamea me.

Esi meva zu Yehowa Ðasefo la, nyui kple vɔ̃ ŋuti gɔmesese nyuitɔ va su asinye. Abe ʋɔnudrɔ̃la ene la, medzea agbagba be masrɔ̃ ale si Yehowa wɔa nui le nɔnɔme vovovowo mee la le nye nyawo dɔdrɔ̃ me. Mebua nɔnɔme si me nuwo dzɔ le la ŋu, eye mesea nu gɔme hekpɔa nublanui na ame le afi si wòhiã le.

Medrɔ̃ nya geɖe siwo me amewo wɔ ŋutasẽnuwo kple nu vlowo kpakple gbɔdɔnuwo ɖe ɖeviwo ŋu la le, hekpe ɖe nu tovo bubuwo ŋu. Ke hã, nu mawo teƒe kpɔkpɔ gatena ɖe dzinye kokoko. Ne mele nudzɔdzɔwo kpɔm le television dzi la, agbe dzeakaɖa kple nɔnɔme gblẽku siwo do agbogbo ɖe xexe sia me la nyɔa ŋu nam. Medaa akpe na Yehowa ɖe ale si wòna meva nya nu si le megbe na nu vlo wɔwɔ ƒe dzidziɖedzi la, kpakple etsɔme nyui si wòna míele mɔ kpɔm na la ta.

“Gaxɔmenɔnɔ Mena Metrɔ O.”​—KEITH WOODS

ƑE SI ME WODZII: 1961

DUKƆ SI ME WÒTSO: NORTHERN IRELAND

AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: NU VLO WƆLA

AGBE SI MENƆ TSÃ: Ƒe 1961 mee wodzim le Portadown, si nye du aɖe si me amewo sɔ gbɔ ɖo, le Northern Ireland. Dzinyelawo nye Protestantɔwo, eye nuto si me Katolikotɔwo kple Protestantɔwo siaa le la mee menɔ tsi. Nu mede ƒome geɖe dzi o. Togbɔ be ga menɔ ame geɖe si o hã la, nutoa me tɔwo katã léa nɔvisi.

Agbe si menɔ va yi la meɖɔ ʋu kura o. Le ƒe 1974 me la, mekpɔ gome le “Ʋunyaʋunya” si yi edzi le Northern Ireland la me. Le ɣeyiɣi mawo me lɔƒo la, nɔnɔmeawo va gblẽ ɖe edzi le míaƒe nutoa me. Le kpɔɖeŋu me, le zã aɖe me la fofonye, si nye amegã le Ulster Ƒe Anyigbakuntru Wɔƒe la, nɔ dɔ fiam Katoliko ŋutsuvi eve siwo ƒe aƒe nɔ mía tɔ xa la le dɔwɔƒea. Ɣemaɣi tututu la, ame aɖe da bɔmb to Katoliko ŋutsuviawo ƒe xɔ ƒe fesre nu wòdze akpataa me, eye wòwó hewu ɖeviawo fofo, wo dada kple wo nɔviŋutsu.

Kuxiwo va do gã ɖe edzi, eye aʋa dzɔ le dukɔa me. Wotɔ dzo Protestantɔwo ƒe aƒe siwo nɔ Katolikotɔwo ƒe nutowo me, eye woti Katolikotɔ siwo nɔ Protestantɔwo ƒe nutowo me la yome vevie. Protestantɔwo koŋue va susɔ ɖe míaƒe nutoa me. Eteƒe medidi o, wova lém de gaxɔ me ƒe etɔ̃, le esi mekpɔ gome le bɔmbdada me ta.

Le gaxɔa me la, gamenɔla aɖe si xɔ ŋkɔ le habɔbɔ si di be kadodo nanɔ Ireland kple United Kingdom dome me la va zu xɔ̃nye kplikplikpli. Tsi metoa mía kplii dome o, eye emegbe meva zu eƒe kpeɖeŋutɔ vevitɔ le eƒe srɔ̃ɖegbe. Gaxɔmenɔnɔ mena metrɔ o, eye eya hã metrɔ o. Esi woɖe asi le mía ŋu teti ko la, míegayi dunyahehe dzi, gake fifia ya míeƒo mía ɖokui ɖe eme vĩi wu tsã. Esia wɔe be wogalé xɔ̃nyea de gaxɔ me. Gaxɔa mee wòle hafi ame aɖe wui.

Amewo ɖe ŋku tɔ nye hã, eye gbe ɖeka wotsɔ bɔmb kaka nye ʋu. Ke hã, ɖeko nudzɔdzɔ mawo gana meɖoe kplikpaa wu tsã be manɔ avua wɔwɔ dzi.

Ɣemaɣi la, television dɔwɔƒe si nye British TV nɔ “Ʋunyaʋunya” si nɔ edzi yim la ŋu nyatakakawo nu ƒom ƒu, eye menɔ asi kpem ɖe wo ŋu. Esia he kuxi bubuwo va dzinye. Le kpɔɖeŋu me, kasia magbɔ va aƒe me le zã aɖe me la, srɔ̃nye dzo le gbɔnye. Ema megbe kpuie la, wova kplɔ vinyeŋutsuvia dzoe le gbɔnye, le television dzi wɔna ma ta. Meɖo ŋku edzi be mekpɔ ahuhɔ̃e me hegblɔ be, “Mawu, ne èli vavã la, ke kpe ɖe ŋunye.”

Le Memleɖa si kplɔe ɖo la, medo go ame nyanyɛ aɖe si ŋkɔe nye Paul, si va zu Yehowa Ðasefo. Ede asi dzeɖoɖo me kplim tso Biblia me. Ŋkeke eve megbe la, Paul tsɔ Gbetakpɔxɔ aɖe vɛ nam. Yohanes 18:36 me nyawo dze le Gbetakpɔxɔ ma me nyati aɖe me. Yesu gblɔ le afi ma be: “Nye fiaɖuƒe menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o. Ne ɖe nye fiaɖuƒe nye xexe sia ƒe akpa aɖe la, anye ne nye dɔlawo wɔ avu, bene woagatsɔm ade asi na Yudatɔwo o. Gake abe ale si wòle ene la, nye fiaɖuƒe metso afi sia o.” Nya mawo wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Gbe ma gbee medze asitɔtrɔwɔwɔ le nye agbenɔnɔ ŋu gɔme.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ: Paul va nɔ Biblia srɔ̃m kplim. Emegbe Ðasefo bubu, si ŋkɔe nye Bill, va yi nusɔsrɔ̃a dzi kplim. Menya be nusɔsrɔ̃ kplim menɔ bɔbɔe na wo o, elabena mebiaa nya geɖe ŋutɔ! Mekpe mawunyafiala vovovowo hã va aƒenye me be woava ɖee afia Bill be eƒe nufiafiawo mele eteƒe o. Gake nyateƒe si le Mawu ƒe Nyaa me la va dze ƒãa.

Meɖo ŋku edzi be gbe ɖeka meɖo aɖaŋu na Bill be megava nye aƒe me ɖe nua sɔsrɔ̃ ta o, elabena woxe mɔ siwo va míaƒe nutoa me, eya ta woaxɔ eƒe ʋua le esi godoo ahatɔ dzoe. Ke hã, Bill va míesrɔ̃ nua abe ale si ko míewɔnɛ xoxo ene. Egblẽ eƒe ʋua ɖi hedo gasɔ va nye aƒe me, elabena ame aɖeke madi be yeaxɔ gasɔa le esi o. Esi mía kple Bill míenɔ Biblia srɔ̃m le nye aƒe me ɣebubuɣi la, kpovitɔwo kple asrafowo va lém. Esi wokplɔm dzo yina la, Bill kɔ gbe dzi gblɔ nam be maɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Nudzɔdzɔ mawo wɔ dɔ ɖe dzinye vevie.

Esi mede Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe zi gbãtɔ le Fiaɖuƒe Akpataa me la, anɔ eme be ame siwo kpɔm la dometɔ aɖewo ƒe nu ku. Ða legbee nɔ ta nam, medo togɛ, eye lãgbalẽwu si medo la ɖe dunyaheha si me tɔ menye la fia. Ke hã, ale si Ðasefoawo do vivi ɖe ŋunye la wɔ mo yaa nam. Ale si woxɔm nyuie la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ.

Togbɔ be menɔ Biblia srɔ̃m hã la, megakpɔtɔ nɔ ha dem kple xɔ̃nye tsãtɔwo. Ke hã, Biblia me nyateƒe siwo srɔ̃m menɔ la va ƒo ke ɖe dzi me nam mlɔeba. Mede dzesii be ne medi be masubɔ Yehowa vavã la, ele be madzudzɔ dunyahehe ahatso kadodo me kple xɔ̃nyewo. Esia menɔ bɔbɔe nam o. Ke hã, Biblia sɔsrɔ̃a dzi yiyi kple Yehowa ƒe ŋusẽdoame na mete ŋu wɔ tɔtrɔ mawo. Meko ta heɖe togɛa, eye meƒle kot. Nu siwo srɔ̃m menɔ la na meva nɔ asitɔtrɔ wɔm le ale si mewɔa nu ɖe amewo ŋui ŋu.

VIÐE SIWO MEKPƆ: Nu vlo wɔwɔ kple amewo dzi dzedze ŋutasesẽtɔe ƒe agbe ye menɔ tsã. Setɔ siwo nɔ míaƒe nutoa me la dze sim nyuie. Gake fifia ya nuwo trɔ. Le kpɔɖeŋu me, esi mede Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe zi gbãtɔ le Navan la, setɔwo ɖo dzɔlawo ɖe ŋunye le mɔ legbee si mezɔ tso Northern Ireland yi Ireland hetrɔ gbɔ la me. Gake fifia ya womegadzɔa ŋunye ne meyina takpekpewo o. Azɔ hã, metea ŋu ɖea gbeƒã faa kple Ðasefo bubuwo abe Paul kple Bill ene, kpakple hamea me tɔ bubuwo.

Esi nye agbenɔnɔ gava nyo ɖe edzi la, meva li ke ɖe hamea me. Mekpɔ Ðasefo nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Louise le hamea me si va zu srɔ̃nye. Azɔ hã, mía kple vinyeŋutsuvia míegava wɔ ɖeka.

Ne metrɔ kpɔ megbe la, nu siwo megblẽ le amewo ŋu kple veve si mena wose la tena ɖe dzinye. Gake mate ŋu aɖo kpe edzi be Biblia kpena ɖe ame siwo le abe ale si menɔ tsã ene la ŋu woɖea asi le nu tovowo wɔwɔ ŋu va nɔa agbe si ŋu tameɖoɖo kple mɔkpɔkpɔ le.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Yehowa Ðasefowoe tae, gake womegale etam fifia o.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 12]

Esi danye va nya be menɔ Biblia xlẽm la, ete ɖe edzi vevie