Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu Si Lɔ̃na Faa Be Yeatsɔ Ake

Mawu Si Lɔ̃na Faa Be Yeatsɔ Ake

Te Ðe Mawu Ŋu

Mawu Si Lɔ̃na Faa Be Yeatsɔ Ake

Yohanes 21:15-17

“AƑETƆ, wò dɔme nyo, eye nèlɔ̃a tsɔtsɔke.” (Psalmo 86:5) Biblia tsɔ nya lédziname mawo na kakaɖedzi mí be Yehowa Mawu tsɔ kena geɖe. Nane si dzɔ le apostolo Petro ƒe agbe me ɖee fia kɔte be Yehowa tsɔ “kena geɖe.”—Yesaya 55:7.

Petro nye Yesu ƒe zɔhɛ kplikplikpliwo dometɔ ɖeka. Ke hã, le Yesu ƒe anyigbadzinɔnɔ ƒe zã mamlɛtɔ me la, vɔvɔ̃ na Petro wɔ nu vɔ̃ gã aɖe. Le aƒe aɖe si te ɖe teƒe si wonɔ ʋɔnu drɔ̃m Yesu le madzemadzee ŋu me la, Petro sẽ nu le amewo ŋkume be yemanya Yesu o—menye zi ɖeka o, ke boŋ zi etɔ̃ sɔŋ. Esi Petro gasẽ nu zi etɔ̃lia kple gbeteteɖedzi vɔ la, Yesu “trɔ kpɔ Petro.” (Luka 22:55-61) Àte ŋu akpɔ ale si Petro se le eɖokui me esime Yesu trɔ kpɔe la le susu mea? Esi Petro kpɔ ale si gbegbe eƒe nu vɔ̃a loloe dze si la, “eƒe dzi gbã, eye wòwó avi.” (Marko 14:72) Apostolo trɔdzimea anya nɔ eɖokui biam nenye be yeƒe nugbegbe le Yesu gbɔ zi etɔ̃ sɔŋ la wɔe be yeƒe nu vɔ̃ gbɔ Mawu ƒe tsɔtsɔke ŋu yi.

Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, eɖo dze kple Petro, eye ɖikeke mele eme o be, esia anya ɖo kpe edzi bliboe be wotsɔ Petro ƒe nu vɔ̃a kee. Yesu meka ŋkume nɛ o, eye mebu fɔe hã o. Ke boŋ, ɖe wòbia Petro be: ‘Èle lɔ̃yem mahã?’ Petro ɖo eŋu nɛ be: “Ɛ̃, Aƒetɔ, ènya be nyemelɔ̃a nu le gbɔwò o.” Yesu gblɔ nɛ be: “Nyi nye alẽviawo.” Yesu gabia nya ma kee zi evelia, eye Petro gaɖo eŋu nɛ nenema ke, ɖewohĩ kple gbeteteɖedzi fifia wu. Yesu gblɔ nɛ be: “Kplɔ nye alẽ sueawo.” Le ema megbe la, Yesu gabia nya ma tɔgbi ke zi etɔ̃lia be: “Mèlɔ̃a nu le gbɔnye oa?” “Ete ɖe Petro dzi” azɔ, eye wògblɔ be: “Aƒetɔ, ènya nuwo katã, ènyae be nyemelɔ̃a nu le gbɔwò o.” Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Nyi nye alẽ sueawo.”—Yohanes 21:15-17.

Nu ka tae Yesu bia nya siwo eya ŋutɔ nya ŋuɖoɖowo na xoxo? Yesu ate ŋu anya nu si le ame ƒe dzi me, eya ta enya be Petro lɔ̃ ye. (Marko 2:8) To nya mawo biabia dzi la, Yesu na mɔnukpɔkpɔ Petro be wògaɖo kpe lɔlɔ̃ si le esi la dzi zi etɔ̃ sɔŋ. Nya siwo Yesu tsɔ ɖo eŋu nɛ be—“Nyi nye alẽviawo. . . . Kplɔ nye alẽ sueawo. . . . Nyi nye alẽ sueawo”—na kakaɖedzi apostolo trɔdzime la be egaka ɖe ye dzi kokoko. Ne èbu eŋu kpɔ la, Yesu de dɔ asi na Petro be wòana kpekpeɖeŋu le beléle na yeƒe nunɔamesi xɔasitɔ kekeake, si nye Yesu yomedzela siwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo tɔ la, me. (Yohanes 10:14, 15) Enyanya be Yesu gaka ɖe ye dzi kokoko anya na Petro ƒe dzi dze eme ŋutɔ!

Edze ƒãa be Yesu tsɔ eƒe apostolo trɔdzime la ƒe nu vɔ̃wo kee. Esi wònye be Yesu ɖea Fofoa ƒe nɔnɔmewo fiana bliboe ta la, ɖeko míate ŋu aƒo nya ta be Yehowa hã tsɔ Petro ƒe nu vɔ̃wo kee. (Yohanes 5:19) Tsɔtsɔke mevea Yehowa kura o, enye Mawu veamenu si ‘lɔ̃na be yeatsɔ ake’ nu vɔ̃ wɔla trɔdzimewo. Ðe esia nyanya mefaa akɔ na ame ŋutɔ oa?