GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA April 2015

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso June 1 va se ɖe June 28, 2015 la le tata sia me.

Hamemetsitsiwo, Ðe Miedina Be Miana Hehe Nɔvi Bubuwoa?

Kpɔ aɖaŋu adre aɖewo siwo hamemetsitsi siwo kpɔ dzidzedze le hehenana me ɖo la ɖa.

Ale Si Hamemetsitsiwo Naa Hehe Nɔviwo Be Woadze Asubɔ

Hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ Yesu le hehenana gome, eye hehexɔlawo hã ate ŋu asrɔ̃ Elisa ƒe kpɔɖeŋu.

Aleke Tututue Wò Kple Yehowa Dome Le?

Dzeɖoɖo doa ŋusẽ ƒomedodo si le mía kple amewo dome. Aleke dzeɖoɖo kple Mawu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be wò kplii dome naganyo ɖe edzi?

Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Ɣeawokatãɣi!

Nu ka koŋue nana wòwɔna na amewo be yewo kple Mawu dome mate ŋu anɔ kplikplikpli o? Ðe wòwɔna na wò hã nenema? Kpɔ nu si nàwɔ ɖa.

AGBEMEŊUTINYA

Woyra Mí Le “Ɣeyiɣi Deamedziwo Kple Ɣeyiɣi Madeamedziwo Me”

Trophim Nsomba, si to yometiti sesẽwo me le eƒe dzixɔsewo ta, ƒe agbemeŋutinya akpe ɖe ŋuwò nàɖoe kplikpaa be yeayi edzi awɔ nuteƒe.

Ne Wolã Ati La Ðe Wògadzena?

Nya sia ƒe ŋuɖoɖo akpɔ ŋusẽ ɖe nu siwo nèle mɔ kpɔm na le etsɔme dzi.