GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA February 2015

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso April 6 va se ɖe May 3, 2015 la le tata sia me.

Srɔ̃ Yesu Ƒe Ðokuibɔbɔ Kple Dɔmetɔtrɔ

1 Petro 2:21 gblɔ na mí be míadze Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ. Togbɔ be míede blibo o hã la, aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe ɖokuibɔbɔ kple dɔmetɔtrɔ?

Srɔ̃ Yesu Ƒe Dzideƒo Kple Nugɔmesese

Nu siwo woŋlɔ ɖi tso Yesu ŋu le Biblia me la nana míedzea si eyama. Kpɔ ale si míate ŋu adze eƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ le eƒe dzideƒo kple nugɔmesese sɔsrɔ̃ gome.

Wodzra Mɔ Dzi Ðo Na “Yehowa Ƒe Nufiafia”

Ðe Kristotɔ gbãtɔwo kpɔ dzidzedze le gbeƒãɖeɖe nya nyuia mea? Nu kawoe na gbeƒãɖeɖedɔa nɔ bɔbɔe le ƒe alafa gbãtɔ me wu ɣeyiɣi bubuwo?

Yehowa Le Megbe Na Míaƒe Xexea Me Godoo Nufiafiadɔa

Nu kawoe le kpekpem ɖe Yehowa subɔlawo ŋu le ŋkeke siawo me be wole dzidzedze kpɔm le gbeƒãɖeɖe nya nyuia me le xexea me godoo?

Wona Nu Dodzidzɔname Aɖe Japantɔwo

Woɖe agbalẽ yeye aɖe ɖe go le Japan si ƒe tanyae nye, Biblia La—Nya Nyui La Abe Ale Si Mateo Ŋlɔe Ene. Aleke wotrɔ asi le agbalẽ sia ŋui? Nu ka tae wòhiã be woatae?

Na Dzo Nanɔ Mewò Ðe Gbeƒãɖeɖedɔa Ŋu

Míenya be gbeƒãɖeɖe nya nyuia ye nye dɔ vevitɔ si wòle be míawɔ egbea. Aleke míawɔ be dzo nanɔ mía me ɖe Kristotɔwo ƒe dɔ sia ŋu alo ana dzoa nu nasẽ ɖe edzi gɔ̃ hã?