GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA September 2013

Nyati sia dzro ale si míawɔ nyametsotso nyuiwo, míado ŋusẽ mía kple Yehowa Mawu dome ƒomedodoa, eye Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo naɖe vi na mí me.

Na Vovototo Si Le Nuwo Dome Naɖe Vi Na Wò

Yesu zãa vovototo si le nuwo dome zi geɖe. Srɔ̃ ale si wò hã nàte ŋu azãe atsɔ akpe ɖe amewo ŋu Biblia me nyateƒea ƒe sidzedze nasu wo si.

Yehowa Ƒe Ŋkuɖodzinyawo Le Eteƒe

Yehowa toa ŋkuɖodzinyawo dzi fiaa mɔ eƒe amewo tso blema ke. Nu ka tae wòle be míaka ɖe eƒe ŋkuɖodzinyawo dzi egbea?

Kpɔ Dzidzɔ Ðe Yehowa Ƒe Ŋkuɖodzinyawo Ŋu

Ðe Yehowa ƒe sededewo dzi wɔwɔ nyea míaƒe dzi ƒe dzidzɔa, alo ɖe míebua wo be wonye agba kpekpea? Nu kae míawɔ be míaka ɖe eƒe ŋkuɖodzinyawo dzi geɖe wu?

Ètrɔ Wò Nɔnɔme Ŋutɔŋutɔa?

Nu ka tae wòhiã be Kristotɔwo katã natrɔ woƒe nɔnɔme? Nu kae tɔtrɔwɔwɔ bia, eye nu kae akpe ɖe mía ŋu míawɔ esia?

Wɔ Nyametsotsowo Le Nunya Me

Aleke míawɔ akpɔ egbɔ be míaƒe nyametsotsowo wɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu? Nu kae akpe ɖe mía ŋu míawɔ nu siwo míetso nya me be míawɔ la?

Mɔɖeɖedɔa Doa Ŋusẽ Mía Kple Mawu Dome Ƒomedodo

Kpɔ mɔ enyi siwo nu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ate ŋu ado ŋusẽ wò kple Yehowa dome ƒomedodoa le. Nu kae akpe ɖe ŋuwò nàlé subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ sia si me yayra geɖe le la me ɖe asi?

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nu ka tae Yesu fa avi do ŋgɔ hafi fɔ Lazaro ɖe tsitre, abe ale si wòdze le Yohanes 11:35 ene?