Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Le Galilea-ƒua Dzi

Le Galilea-ƒua Dzi

Le Galilea-ƒua Dzi

NUŊLƆÐI si le Marko 4:35-41 gblɔ be Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖo tɔdziʋu be woatso Galilea-ƒua. Míexlẽ be: “Eye ahom sesẽ aɖe va tu, eye ƒutsotsoewo le ŋeŋem ɖe ʋu la me, ale bena ʋu la de asi yɔyɔ me. Ke eya [Yesu] ŋutɔ le ʋu gɔme, ziɔ suɖui le alɔ̃ dɔm.”

Teƒe sia ɖeka koe Helagbe me nya si gɔme woɖe be “suɖui,” dze le le Biblia me. Eyata agbalẽnyalawo menya nusi tututu nya sia si wozã le afisia fia o. Woɖe nyaa gɔme le Biblia akpa gãtɔ me be “suɖui” alo “kɔziɔe.” Gake suɖui ka ƒomevie wònye? Le gbe gbãtɔ si me woŋlɔ nyaa ɖo me la, nya si Marko zã na “suɖui” la fia be enye tɔdziʋua ƒe akpa aɖe. Tɔdziʋu aɖe si ŋu woke ɖo le ƒe 1986 me le Galilea-ƒua gbɔ lɔƒo na be gɔmesese si ate ŋu anɔ Helagbe me nya si Marko zã le afisia ŋu la dze.

Numekukuwo ɖee fia be wodoa abala na tɔdziʋu sia si didi meta enyi la eye wokunɛ kple atablu. Wozãnɛ tsɔ ɖea lãe, eye ŋusẽ le eŋu be wote ŋu dana ɖɔ gãwo ɖe eme. Tɔdziʋua ƒe kakɛ siwo ŋu woke ɖo la nye esiwo nɔ anyi le ƒe 100 D.M.Ŋ. vaseɖe 70 M.Ŋ. lɔƒo, eye ate ŋu anye esi tɔgbe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo zã. Shelley Wachsmann, si hã nɔ tomenukula siwo ke ɖe ʋua ŋu dome ye ŋlɔ agbalẽ si nye The Sea of Galilee Boat—An Extraordinary 2000 Year Old Discovery (Tɔdziʋu si Wokpɔ le Galilea-ƒua Gbɔ—Nukunu si Xɔ Ƒe 2000 Fɔfɔ). Egblɔ be anye kekotoku si wodana ɖe tɔdziʋu me be wòado kpekpe ʋua ŋui Yesu ziɔ ta ɖo abe “suɖui” ene. Tɔƒodela bibi aɖe si tso Jaffa, amesi si ɖɔkpɔkplɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ le, gblɔ be: “Esi menye ɖevi la, kekotoku ɖeka alo eve nɔna tɔdziʋu si míetsɔna wɔa dɔe le Mediterranea-ƒua dzi me ɣesiaɣi. . . . Wodana kekotokuawo ɖe tɔdziʋua me be woado kpekpe ʋua be wòaganɔ ya mum o. Gake ne míele wo zãm o la, míedana wo ɖe ʋua gɔme le megbe lɔƒo. Eyata ne ɖeɖi te ame aɖe ŋu la, etana yia ʋua gɔme, azã kekotokua abe suɖui ene, adɔ alɔ̃.”

Agbalẽnyala geɖe xɔe se be Marko ƒe nyaa fia be Yesu da ta ɖe kekotoku si woda ɖe ʋua gɔme, si nye tɔdziʋua ƒe akpa si le dedie wu ne ahom le tutum la dzi. Aleke kee suɖui ma ɖale o, nusi le vevie wue nye nya si dzɔ emegbe. To Mawu ƒe kpekpeɖeŋu kple ŋusẽ dzi la, Yesu ɖo asi ahomya la dzi bena ƒua dze akɔ anyi. Eƒe nusrɔ̃lawo kura gɔ̃ hã bia be: “Ameka gɔ̃e nye esia bena, ya kple ƒu gɔ̃ hã ɖoa toe mahã?”