Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wò Seselelãmewo Wɔa Fu Wòa?

Ðe Wò Seselelãmewo Wɔa Fu Wòa?

Ðe Wò Seselelãmewo Wɔa Fu Wòa?

LE LENA ƒe agbenɔƒe akpa gãtɔ me la, mebua eɖokui ɖe ɖeke me o. Egblɔ be: “Ƒe gbogbo siwo wodɔ gbɔnye sesẽe le nye ɖevime la klo bubu gã ŋutɔ le ŋunye. Mesee le ɖokuinye me be viɖe aɖeke menɔ ŋunye kura o.” Simone hã de ŋugble le eƒe sɔhɛmenɔɣi ŋu hegblɔ be, “Mesenɛ le ememe ke be ame gbɔlo aɖe koe menye eye be viɖe gobi aɖeke menɔ ŋunye o.” Edze abe dzidzɔmakpɔmakpɔ si seselelãme siawo tɔgbe hena vɛ bɔ ŋutɔ le egbeŋkekeawo me ene. Dɔwɔƒe aɖe si ɖoa aɖaŋu na ƒewuiviwo to telefon dzi gblɔ be amesiwo ƒoa ka na yewo dometɔ afa kloe ɖe “viɖemanɔameŋu ƒe seselelãmewo gblɔ edziedzi.”

Ðɔkta aɖewo gblɔ be sese le ame ɖokui me be yemele ɖeke me o doa mo ɖa ne wona amewo se le wo ɖokui me be viɖe aɖeke mele wo ŋu o. Nuŋububu sia ate ŋu ava su ame si ne wohea nya ɖe eŋu, wɔa ŋlɔmi le eŋu vevie, alo banɛ ŋutasesẽtɔe edziedzi. Eɖanye nuka ke tae o, emetsonuawo ate ŋu aɖe ame dzi akpɔtɔ, eye agblẽ ame dome gɔ̃ hã. Ðɔktawo ƒe numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa ɖee fia be amesiwo sena le wo ɖokui me be yewomele ɖeke me o la va zua amesiwo megakana ɖe woa ŋutɔ wo ɖokui loo alo ame bubuwo dzi o, eye wogblẽa ƒomedodo siwo le woa kple woƒe ƒometɔwo kpakple xɔlɔ̃wo dome la me le manyamanya me. Numekukua ŋuti nyatakakaa gblɔ be “le gɔmesese aɖe nu la, esia nana ‘wohea’ nɔnɔme si tututu vɔ̃m wole wu la vana wo ɖokui dzii.”

Zi geɖe la, amesiwo sena le wo ɖokui me nenema la le nusi Biblia yɔ be woa ŋutɔwo ƒe “tamesusu gbogboawo” ƒe fu kpem. (Psalmo 94:19, NW) Wosusuna be yewo menyo na naneke o. Ne nane meyi nyuie o la, wobua fɔ wo ɖokui enumake. Togbɔ be amewo akafu wo ɖe woƒe agbagbadzedzewo ta hã la, le ememe la, wosena le wo ɖokui me abe nugbegblẽwɔla aɖe si dzi woava klo nu le gbeɖeka godoo la ene. Esi woxɔe se be naneke meli si ta yewoakpɔ dzidzɔ ɖo o ta la, wo dometɔ geɖe va ƒoa wo ɖokui ɖe gbɔɖiɖi ame ɖokui ƒe nuwɔna siwo ŋu womagate ŋu ava ɖe asi le bɔbɔe o la me. Numaɖumaɖu nyuie ƒe kuxi sesẽ aɖe va dze Lena, amesi ŋkɔ míeyɔ va yi, dzi le esi wòsusu be yemele ɖeke me o ta, eye eʋu eme be, “Mebu be nyemate ŋu awɔ tɔtrɔ aɖeke o.”

Ðe wòfia be amesiwo le fu kpem le “tamesusu gbogboawo” si me la anɔ ekpem nenema woƒe agbemeŋkekewo katãa? Ðe woate ŋu awɔ nane le seselelãme siawo ŋua? Gɔmeɖose kple aɖaŋuɖoɖo siwo wɔa dɔ la le Biblia me siwo kpe ɖe ame geɖe ŋu be woɖu kuxia dzi. Gɔmeɖose siawo dometɔ aɖewo ɖe, eye aleke wokpe ɖe amesiwo ŋu kuxi siawo le la ŋu be wokpɔ dzidzɔ le agbe mee? Nyati si kplɔe ɖo aɖe eme.