Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Exe Teƒe Gbɔlo aɖe le Nye Dzi Me”

“Exe Teƒe Gbɔlo aɖe le Nye Dzi Me”

“Exe Teƒe Gbɔlo aɖe le Nye Dzi Me”

“M EDA akpe na mí tso dzi me ke ɖe nunana nyui si nye Te Ðe Yehowa Ŋu la ta. Exe teƒe gbɔlo aɖe le nye dzi me—si nye nye didi be Yehowa nalɔ̃m ahakpɔ ŋudzedze ɖe ŋunye. Mesenɛ le ɖokuinye me fifia be mete ɖe Yehowa kple Via lɔlɔ̃a ŋu kplikplikpli wu. Medi be magblɔ agbalẽ sia ŋu nya na amesiame eye matsɔ eƒe ɖe ana nye ame veviwo.” Aleae Yehowa Ðasefo aɖe se le eɖokui me ku ɖe axa 320-gbalẽ yeye si woɖe ɖe go le “Fiaɖuƒe Gbeƒãɖela Veviedonulawo” Nutome Gã Takpekpe si wowɔ le ƒe 2002/03 me ŋu. Mina míadzro agbalẽ yeye sia ƒe akpa aɖewo kple nusitae wotae ɖo me akpɔ.

Agbalẽ Yeyea ƒe Akpa Aɖewo

Nukae le agbalẽ sia me? Nyatakaka siwo katã dze le nusɔsrɔ̃nyati eve siwo le tata sia me—kple bubu geɖewoe! Ta 31 ye le agbalẽa si eye wo dometɔ ɖesiaɖe ƒe didime anɔ abe Gbetakpɔxɔ nusɔsrɔ̃nyati ɖeka ene. Le ŋgɔdonyawo kple ta gbãtɔ etɔ̃awo megbe la, woma agbalẽa ɖe akpa ene me, akpa ɖeka ɖesiaɖe ku ɖe Yehowa ƒe nɔnɔme vevitɔwo dometɔ ɖeka ŋu. Wodze akpa ɖesiaɖe gɔme kple nɔnɔme ma ŋu nyawo me dzodzro kpuie. Ta ʋɛ siwo kplɔe ɖo ƒo nu tso alesi Yehowa ɖea nɔnɔme ma fianae ŋu. Ta ɖeka aɖe le akpa ɖesiaɖe me si ku ɖe Yesu ŋu. Nukatae? Yesu gblɔ be: ‘Amesi ke kpɔm la, ekpɔ Fofo la hã.’ (Yohanes 14:9) Esi Yesue nye amesi ɖe Yehowa ƒe nɔnɔmewo fia bliboe ta la, ena míekpɔ alesi Mawu ɖea eƒe nɔnɔmewo fianae ƒe kpɔɖeŋu ŋutɔŋutɔ. Woƒo akpa ɖesiaɖe ta kple ta ɖeka aɖe si wotsɔ fia alesi míasrɔ̃ Yehowa le nɔnɔme si me dzrom wole la ɖeɖe fia me mí. Le Yehowa ƒe nɔnɔmeawo me dzodzro me la, agbalẽ yeye sia yɔ nya tso Biblia-gbalẽawo dometɔ ɖesiaɖe me.

Te Ðe Yehowa Ŋu ƒe agbalẽa ƒe akpa tɔxɛ aɖewo hã li. Tso ta 2 lia dzi yina la, aɖaka si nye “Biabiawo Hena Ŋugbledede” le ta ɖesiaɖe si. Menye ɖe woɖoe be woatsɔ mawunyakpukpui kple biabiawo ato ta ma mee o. Ke boŋ ɖe woɖoe be wòakpe ɖe ŋuwò nàzã Biblia atsɔ ayi ŋugble me vevie le nyati ma ŋu. Míele ekafum na wò be nàxlẽ mawunyakpukpuiawo dometɔ ɖesiaɖe nyuie. Emegbe nàde ŋugble le biabia si kpe ɖe eŋu la ŋuti, eye nàdze agbagba akpɔ alesi wòku ɖe ŋuwòe. Ŋugbledede alea aʋã wò dzi eye wòakpe ɖe ŋuwò be nàyi edzi anɔ tetem ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu.—Psalmo 19:15.

Wowɔ numekuku nyuie tso nɔnɔmetata siwo le Te Ðe Yehowa Ŋu ƒe agbalẽ la me ŋu hetrɔ asi le wo ŋu be wòafia nu ahawɔ dɔ ɖe ame dzi. Biblia me nudzɔdzɔwo ƒe nɔnɔmetata dzeani siwo lolo xɔ axa blibo ɖeka dzi le ta vovovo 17 me.

Nukatae Wotae?

Nukatae wota agbalẽ si nye Te Ðe Yehowa Ŋu ɖo? Tameɖoɖo vevitɔ si le agbalẽ sia ŋu koŋ enye be wòakpe ɖe mía ŋu míadze si Yehowa nyuie wu ale be míate ŋu atu mía kpli mía Mawu dome ƒomedodo si nu sẽ wu ɖo.

Ènya ame aɖe si Te Ðe Yehowa Ŋu ƒe agbalẽa ate ŋu aɖe vi na, eɖanye Biblia-nusrɔ̃vi loo alo nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu Kristotɔ si megadea gbeadzi edziedzi o gɔ̃ hãa? Ke wò ŋutɔ ya ɖe—ɖe nèdze agbalẽ yeye sia xexlẽ gɔme xoxoa? Ne medze egɔme o la, nukatae mawɔ ɖoɖo adze egɔme kaba alesi nàte ŋui o? Gbɔ dzi ɖi nàde ŋugble le nusi nèxlẽ ŋu. Neva eme be agbalẽ yeye sia nakpe ɖe ŋuwò nàte ɖe Yehowa Mawu ŋu kplikplikpli wu, ale be nàte ŋu atsɔ dzidzɔ kple veviedodo si nu sẽ agblɔ Fiaɖuƒenyanyui la!