Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Subɔsubɔ Me Nɔnɔmetatawo Woƒe Blema Dzɔtsoƒewo

Subɔsubɔ Me Nɔnɔmetatawo Woƒe Blema Dzɔtsoƒewo

Subɔsubɔ Me Nɔnɔmetatawo Woƒe Blema Dzɔtsoƒewo

“Nɔnɔmetatawo nye mɔ aɖe si tea mí ɖe Mawu kple Eƒe Ame Kɔkɔewo ƒe dɔmenyonyo kple kɔkɔenyenye ŋu.”—GREECE ORTHODƆKSTƆWO ƑE BISIƆPGÃ SI LE AUSTRALIA

LE August ƒe ŋkeke xɔdzo sia dzi la, ŋdɔ nɔ ʋuʋum sesĩe ɖe siminti-trakpui si woliana yia “Mawu Dada Kɔkɔetɔ Kekeake” ƒe saɖagaxɔ, si le Tínos-ƒukpo, si le Aegea-ƒua me, dzi. Dzoxɔxɔ gbogbo la metsi tame si Greece Orthodɔkstɔ veviedonula 25,000 kple edzivɔ, siwo zɔ mɔ va Yesu dada ƒe nɔnɔmetata si woɖo atsyɔ̃ na ŋutɔ la kpɔ ge, ɖo nu kura o.

Nyɔnuvi nuwɔametɔ aɖe, si edze ƒã be enɔ veve sem eye mɔkpɔkpɔ bu ɖee la, nɔ tatam le eƒe klo siwo xɔ abi vevie la dzi. Nyɔnu tsitsi aɖe, si mele adzɔge tso nyɔnuvia gbɔ o, amesi zɔ mɔ tso dukɔa ƒe go kemɛ dzi eye nu ti kɔ nɛ hã nɔ agbagba dzem nɔ eƒe afɔ siwo ŋu ɖeɖi te la ɖem. Ŋutsu aɖe si le eƒe ƒe 50-awo me dze fifia vlevlevle henɔ agbagba dzem be yeato ameha si mimi la dome. Woƒe taɖodzinue nye be yewoagbugbɔ nu ahade ta agu na Maria ƒe nɔnɔmetata.

Ðikeke mele eme o be mawusubɔsubɔ me veviedonula siawo tsi dzi ɖe woƒe didi be yewoasubɔ Mawu ŋu. Gake wo dometɔ nenie nyae be tadedeagu na subɔsubɔ me nɔnɔmetata ƒe nuwɔnawo li ƒe alafa nanewo hafi Kristotɔnyenye va dzɔ?

Alesi Nɔnɔmetatawo Bɔe

Nɔnɔmetatawo zazã xɔ aƒe ɖe Orthodɔkstɔwo dome le afisiafi. Yesu, Maria kple “ame kɔkɔe” geɖe ƒe nɔnɔmetatawoe sɔ gbɔ ɖe sɔlemexɔwo me wu. Zi geɖe la, amesiwo xɔa nɔnɔmetata siawo dzi se la dea bubu wo ŋu to nugbugbɔ, lifi, kple bosomikaɖiwo sisi na wo me. Gakpe ɖe eŋu la, teƒe li koŋ na nɔnɔmetatawo le Orthodɔkstɔwo ƒe aƒe ɖesiaɖe me, afisi wodoa gbe ɖa le. Enye nusi bɔ le Orthodɔks Kristotɔwo dome be woagblɔ be ne yewo de ta agu na nɔnɔmetata aɖe la, yewo doa ka kple Mawu. Wo dometɔ geɖe xɔe se be Mawu ƒe dɔmenyonyo kple ŋusẽ wɔnuku aɖewoe le nɔnɔmetatawo me.

Ðewohĩ awɔ nuku na xɔsetɔ mawo be woase be ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo meda asi ɖe nɔnɔmetatawo zazã le tadedeagu me dzi o. Agbalẽ si nye Byzantium gblɔ be: “Esi Kristotɔ gbãtɔwo nɔ Yuda-subɔsubɔ si nyɔa ŋu trɔ̃subɔsubɔ me tsã ta la, wotsri bubu tsɔtsɔ na ame kɔkɔewo ƒe nɔnɔmetata ƒomevi ɖesiaɖe.” Agbalẽ ma ke gblɔ be “Tso ƒe Alafa Atɔ̃lia me la, nɔnɔmetatawo alo kpememewo zazã . . . va bɔ le ame hahoo alo ame ɖekaɖekawo ƒe tadeagu me ŋutɔ.” Ne menye ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo gbɔe nɔnɔmetatawo zazã le tadeagu me dzɔ tso o la, ke afikae wòdzɔ tso?

Afisi Wodzɔ Tso la Didi

Numekula Vitalij Ivanovich Petrenko ŋlɔ be: “Kpememewo zazã kple eƒe kɔnyinyiwo dzɔ do ŋgɔ xoxoxo na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia eye ‘wotso trɔ̃subɔsubɔ’ me.” Blemaŋutinyaŋlɔla geɖe lɔ̃ ɖe edzi hegblɔ be blema Babilon, Egipte, kple Hela ƒe subɔsubɔwo mee nɔnɔmetata subɔsubɔ dzɔ tso. Le kpɔɖeŋu me, le blema Hela la, mawusubɔsubɔ me legbawo ƒe nɔnɔme nye kpetatawo. Woxɔ nusiawo dzi se be mawu me ŋusẽwo le wo me. Amewo bu be menye asie wotsɔ wɔ nɔnɔmetata siawo dometɔ aɖewo o, ke boŋ ɖe woge tso dziƒo. Le azã tɔxɛ aɖewo ɖuɖu me la, wotsɔa nɔnɔmetata mawo siwo wosubɔna la tsana le dugãa katã me, eye wosaa vɔ na wo. Petrenko gblɔ be: “Nɔnɔmetata subɔlawo bua nɔnɔmetata la be enye mawu aɖe si ŋutɔŋutɔ subɔm yewole, togbɔ be wodze agbagba be . . . yewoade vovototo mawua kple eƒe nɔnɔmetata la dome na wo hã.”

Aleke nukpɔsusu kple nuwɔna mawo wɔ ge ɖe Kristotɔnyenye me? Numekula ma ke gblɔ be, le ƒe alafa siwo va ɖe Kristo ƒe apostolowo ƒe ku yome, vevietɔ le Egipte la, “wotsɔ ‘trɔ̃subɔlawo ƒe dzixɔsewo’—siwo dzɔ tso Egipte, Hela, Yuda, Ɣedzeƒe dukɔwo kple Romatɔwo ƒe dzixɔse kple nuwɔna siwo wowɔna aduadu kple Kristotɔwo ƒe dzixɔsewo me la—tsaka kple Kristotɔwo tɔ.” Esia wɔe be, “Kristotɔ aɖaŋudɔwɔlawo to [xɔsetsakatsaka] ƒe mɔnu hete trɔ̃subɔla ƒe dzesiwo zazã eye wotrɔ asi le eŋu be woasɔ na Kristotɔwo, togbɔ be womekɔ wo ŋu keŋkeŋ tso trɔ̃subɔsubɔ me nuwɔnawo me o hã.”

Eteƒe medidi hafi nɔnɔmetatawo zazã va kpɔ ŋusẽ aɖe ɖe ame ɖekaɖekawo kple amehawo dzi o. Blemaŋutinyaŋlɔla Will Durant ɖɔ alesi esia dzɔe le agbalẽ si nye The Age of Faith me be: “Esi ame kɔkɔe siwo wodea ta agu na ƒe xexlẽme va le dzidzim ɖe edzi la, eva hiã be woanɔ dzesi dem wo atsɔ nɔ ŋku ɖom wo dzii; wowɔ woƒe nɔnɔmetatawo kple Maria tɔ le agbɔsɔsɔ gã aɖe me; eye le Kristo gome la, menye Eƒe nɔnɔme si wosusu la koe va zu nusi ŋu wodea bubu detoe o, ke boŋ Eƒe atitsoga—si zu atiblɛ na amesiwo xɔa nuwo dzi sena bɔbɔe—la hãe. Nuŋububu ƒe ŋutete si le amewo si trɔ ame kɔkɔe kukuwo, nɔnɔmetatawo, kple kpetatawo wozu nusiwo wosubɔna; amewo dea ta agu na wo, gbugbɔa nu na wo, sia bosomikaɖi kple lifi na wo, ɖɔa seƒoƒowo na wo, eye wodia nukunuwo tso woƒe vivime ŋusẽwo gbɔ. . . . Sɔlemeha Fofowo kple sɔleme ƒe aɖaŋuɖotakpekpe ɖe eme edziedzi be, menye mawuwoe nɔnɔmetata siawo nye o, ke boŋ ŋkuɖodzinuwo koe wonye; ameawo metsɔ ɖeke le vovototo ma tɔgbe dede wo me o.”

Egbea la, ame geɖe siwo zãa subɔsubɔ me nɔnɔmetatawo hã ate tɔ ɖe edzi be bubu koe yewodea nɔnɔmetatawo ŋu—menye ɖe yewosubɔa wo o. Ðewohĩ woagblɔ be subɔsubɔ me nutatawo ŋudɔwɔwɔ nye nusi sɔ—eye be wohiã vevie—henye mɔnu si dzi woato asubɔ Mawu. Ðewohĩ nenemae wò hã nèse le ɖokuiwo me. Gake nyabiasea enye be, Aleke Mawu bua nusiae? Ðe woanye be bubudede nɔnɔmetata aɖe ŋu afia ŋutɔŋutɔ be esubɔmee wolea? Ðe nuwɔna siawo ahe afɔku siwo le ɣaɣla la vɛa?

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 4]

Nukae Nye Nɔnɔmetata?

To vovo na kpetata siwo wozãna le Roma Katolikotɔwo ƒe subɔsubɔ me le xexeame godoo la, dzidzeme eve, siwo nye kekeme kple kɔkɔme ye le Kristo, Maria, “ame kɔkɔewo,” mawudɔlawo, Biblia me mewo kple nudzɔdzɔwo, alo Orthodɔks Sɔlemeha ƒe blemaŋutinya me nudzɔdzɔwo ƒe nɔnɔmetatawo ya si. Zi geɖe la, wotaa wo ɖe ʋuƒo siwo woate ŋu atsɔ bɔbɔe la dzi.

Orthodɔks Sɔlemeha gblɔ be, “le Ame Kɔkɔewo ƒe nɔnɔmetatawo gome la, womeɖia amegbetɔ dzrowo ko o.” Azɔ hã, le nɔnɔmetatawo gome la, “wodzena gã le didiƒe”—si fia be menɔa sue ne ele adzɔge ʋĩ o. Zi geɖe la, “womedoa vɔvɔli aɖeke o, alo mɔ aɖeke meli si dzi woato ade vovototo ŋkeke kple zã dome o.” Woxɔe se hã be ‘Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ate ŋu ayɔ ati si dzi wota nɔnɔmetata aɖe ɖo kple aŋɔ si wosi nɛ’ la.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Trɔ̃subɔsubɔ me nuwɔnawo mee nɔnɔmetata zazã dzɔ tso

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

© AFP/CORBIS