Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Gɔmesese kae le nya si dze le Hebritɔwo 12:4, si gblɔ be: “Miekpɔ tsitre sesĩe yiɖase ɖe ʋu me haɖe o” ŋu?

Nyagbɔgblɔ “tsitre sesĩe yiɖase ɖe ʋu me” fia dzidodo vaseɖe ku me gɔ̃ hã, alo ame ŋutɔ ƒe ʋu kɔkɔɖi le gɔmesesea ŋutɔŋutɔ nu.

Apostolo Paulo nya be Hebri Kristotɔ aɖewo ƒe xɔse na ‘wodo dzi heʋli geɖe le fukpekpewo me’ xoxo. (Hebritɔwo 10:32, 33) Esi Paulo nɔ nu ƒom tso esia ŋu la, anya nɔ kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ si ku ɖe Helatɔwo ƒe lãmesẽfefewɔlawo ƒe kametete, si ate ŋu anye duƒuƒu, avuwɔwɔ, kɔdada, ga gbadzɛ kple akplɔ dada ene ŋu. Esia ta, le Hebritɔwo 12:1 la, exlɔ̃ nu hati Kristotɔwo be: “Mina míaɖe nu kpekpe sia nu kpekpe kple nuvɔ̃, si ɖea to ɖe mí la ɖa, eye mina míatsɔ dzidodo anɔ dudimekeke, si woɖo na mí la dzi.”

Le kpukpui etɔ̃ megbe, si nye le Hebritɔwo 12:4 me la, Paulo anya ɖe asi le duƒuƒu ƒe nya la ŋu heyi dzi kple kɔdada ƒe kametete. (Kpɔɖeŋu evea siaa dze le Korintotɔwo I, 9:26.) Blema kɔdalawo doa asiwui siwo wowɔ kple lãgbalẽ. Wodea “tsumi, gayibɔ, alo gaviwo lãgbalẽ kakɛawo ŋu wòkpena ale be wòdea abi kɔdala siawo ŋu vevie.” Ŋutasesẽ hoʋiʋli siawo naa ʋu dona le ame ŋu, alo naa wokuna ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã.

Gakpe ɖe eŋu la, Hebri Kristotɔawo nya Mawu subɔla gbogbo siwo ɖo kpɔɖeŋu le yometiti kple funyafunyawɔwɔ me toto me, vaseɖe ku me gɔ̃ hã, alo “yiɖase ɖe ʋu me.” De dzesi nya siwo dzi Paulo he míaƒe susu yi ku ɖe nusiwo me blema nuteƒewɔla to ŋu:

“Woƒu kpe wo, wodze wo kple laxalaxa, wote wo kpɔ, wowu wo kple yi, wonɔa tsatsam le alẽgbalẽwo kple gbɔ̃gbalẽwo me, le koɖoɖo, xaxa kple fukpekpe me.” Emegbe Paulo ƒo nu tso Yesu, Amesi naa míaƒe xɔse dea blibo ŋu: “Amesi do dzi kpe fuwɔameti ƒe fu, eye mebu ŋukpe o le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta, eye wòbɔbɔ nɔ anyi le Mawu ƒe fiazikpui ƒe nuɖusi me.”—Hebritɔwo 11:37; 12:2.

Ẽ, ame geɖe nɔ anyi va yi siwo “tsitre sesĩe yiɖase ɖe ʋu me,” si nye vaseɖe ku me ke gɔ̃ hã. Wo tɔ menye avuwɔwɔ kple xɔsemanɔamesi ƒe nuvɔ̃ si yia edzi le ememe ɖeɖeko o. Woyi edzi lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le funyafunyawɔwɔ me ʋuu vaseɖe ku me.

Ðewohĩ esi yometiti sesẽ siwo nɔ anyi dzi ɖe kpɔtɔ hafi ame yeyeawo va zu Kristotɔwo le Yerusalem hamea me ta la, womanya do go dodokpɔ sesẽ mawo tɔgbe kpɔ o. (Dɔwɔwɔwo 7:54-60; 12:1, 2; Hebritɔwo 13:7) Ke hã tetekpɔ siwo mede emawo nu o gɔ̃ hã ɖea dzi le wo dometɔ aɖewo ƒo be womegayia edzi ʋlina o; ‘ɖeɖi va le wo ŋu tem eye wova gbɔdzɔ le woƒe luʋɔwo me.’ (Hebritɔwo 12:3) Ele be woaʋli aɖo tsitsi gbɔ. Ema atu wo ɖo be woate ŋu ado dzi le nɔnɔme ɖesiaɖe me, ne eva zu funyafunyawɔwɔ si me woakɔ woƒe ʋu ɖi le gɔ̃ hã.—Hebritɔwo 6:1; 12:7-11.

Egbegbe Kristotɔ geɖewo “tsitre sesĩe yiɖase ɖe ʋu me,” wowu wo le esi wogbe be yewomagbe nu le yewoƒe Kristotɔnyenye gbɔ o ta. Le esi míana Paulo ƒe nya siwo le Hebritɔwo 12:4 nado ŋɔdzi na mí teƒe la, ɖe wòle asi fiam afisi míaɖoe kplikpaa aɖo be míakpɔtɔ alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Mawu boŋ. Emegbe Paulo ŋlɔ le lɛta ma ke si wòŋlɔ na Hebritɔwo ƒe nuwuwu be: ‘Mina amenuvevea nakpɔtɔ anɔ mía dzi, si me míato asubɔ Mawu wòadze eŋu, hekpe ɖe mawusosroɖa kple evɔvɔ̃ ŋuti.’—Hebritɔwo 12:28.