Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Hasmontɔwo Kple Woƒe Domenyinu

Hasmontɔwo Kple Woƒe Domenyinu

Hasmontɔwo Kple Woƒe Domenyinu

ESIME Yesu nɔ anyigba dzi la, Yuda-subɔsubɔ ma kakɛkakɛ, wo katã nɔ ho ʋlim kple wo nɔewo be yewoakpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi. Nɔnɔme sia ŋue Nyanyuiawo kple ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔ ŋutinyaŋlɔla Josephus ƒe nuŋlɔɖiwo ƒo nu tsoe.

Farisitɔwo kple Zadukitɔwo wɔ wo ɖokui gaglãsudola siwo te ŋu kpɔ ŋusẽ ɖe ame hahoowo ƒe nukpɔsusu dzi ale gbegbe be wote ŋu na amewo gbe exɔxɔse be Yesue nye Mesia la gɔ̃ hã. (Mateo 15:1, 2; 16:1; Yohanes 11:47, 48; 12:42, 43) Gake womeƒo nu tso ƒuƒoƒo eve sẽŋu siawo ŋu le Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖeke o.

Ƒe alafa evelia D.M.Ŋ. me nudzɔdzɔwo mee Josephus ƒo nu tso Zadukitɔwo kple Farisitɔwo ŋu le zi gbãtɔ. Le ɣeyiɣi mawo me la, Yudatɔ geɖe va nɔ ŋudzedze kpɔm ɖe Hela-kɔnyinyi, si nye Helatɔwo ƒe kɔnu kple xexemenunya ŋu vevie. Ʋiʋli si nɔ Hela-kɔnyinyi kple Yuda-subɔsubɔ dome nu va sẽ ɖe edzi esime Seleukia dziɖulawo gblẽ kɔ ɖo na Yerusalem gbedoxɔa, hekɔ eŋu na Zeus. Yudatɔwo ƒe kplɔla sẽŋu aɖe, si ŋkɔe nye Judah Maccabee, si tso ƒome si woyɔna be Hasmontɔwo me, nɔ ŋgɔ na asrafoha dzeaglã aɖe yi ɖaxɔ gbedoxɔa le Helatɔwo si me. *

Ƒe siwo kplɔ Maccabeeawo ƒe tsitretsiɖeŋu kple dziɖuɖua ɖo teti ɖe dzesi le alesi wote ŋu toa nukpɔsusu vovovo siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu dzi ɖoa kɔmamawo anyi, eye wo dometɔ ɖesiaɖe nɔa ho ʋlim kple nɔvia be yeaɖu Yudatɔ geɖe dzii ta. Gake nukatae wova nɔ nu wɔm alea? Nukatae Yuda-subɔsubɔ va ma kakɛkakɛ nenema? Be míaɖo nya siawo ŋu la, mina míadzro Hasmontɔwo ƒe ŋutinya me akpɔ.

Ðokuisinɔnɔ Kekeɖenu Kple Ðekamawɔmawɔ

Esi Judah Maccabee ɖo eƒe mawusubɔsubɔ taɖodzinu si nye be yeagbugbɔ tadedeagu aɖo anyi le Yehowa ƒe gbedoxɔ me gbɔ vɔ la, etrɔ zu dunyahela. Esia na Yudatɔ geɖe trɔ le eyome. Ke hã eyi edzi wɔ aʋa kple Seleukia dziɖulawo, bla nu kple Roma, hedi be yeana Yudatɔwo naxɔ Ðokuisinɔnɔ. Esi Judah va ku le aʋawɔwɔ me la, nɔviaŋutsu Jonathan kple Simon yi ʋiʋlia dzi. Le gɔmedzedzea la, Seleukia dziɖulawo tsi tre ɖe Maccabeeawo ŋu vevie. Gake le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, dziɖulaawo va lɔ̃ ɖe dunyahehe me nubabla aɖewo dzi heɖe mɔ Hasmon-nɔviŋutsuawo xɔ ɖokuisinɔnɔ le go aɖewo me.

Togbɔ be Hasmontɔwo tso nunɔlawo ƒe ƒome me hã la, wo dometɔ aɖeke menye nunɔlagã kpɔ o. Yudatɔ geɖe se le wo ɖokui me be nunɔla siwo tso Zadok ƒe dzidzimea me, siwo Salomo tia be woanye nunɔlagãwoe dze na nɔƒe sia. (Fiawo I, 2:35; Xezekiel 43:19) Jonathan to aʋawɔwɔ kple ayedzedze me ƒoe ɖe Seleukia dziɖulawo nu woɖoe nunɔlagãe. Gake esi Jonathan ku la, nɔviaŋutsu Simon va kpɔ ŋusẽ wui gɔ̃ hã. Le September 140 D.M.Ŋ. me la, wode se vevi aɖe le Yerusalem eye woŋlɔe kple Helatɔwo ƒe nuŋlɔtsiã ɖe nuŋlɔkpe siwo wotsɔ gadzẽ wɔe la dzi be: “Fia Demetrius [Hela Seleukia dziɖula la] da asi ɖe eyama, [Simon], dzi be wòanye nunɔlagãwo dometɔ ɖeka, wɔe Exɔlɔ̃wo dometɔ ɖekae, eye wòde bubu geɖe eŋu. . . . Yudatɔwo kple woƒe nunɔlawo ɖoe be Simon nanye yewo kplɔla kple nunɔlagã tegbee, vaseɖe esime nyagblɔɖila si dzi woaka ɖo nava.”—1 Maccabees 14:38-41 (ŋutinyagbalẽ aɖe si wokpɔ le Ŋɔŋlɔ Ɣaɣlawo dome).

Eyata menye duta Seleukia dziɖuɖua ɖeɖekoe lɔ̃ ɖe Simon ƒe ɖoƒe be—eya ŋutɔ kple eƒe dzidzimeviwo—nanye dziɖula kpakple nunɔla la dzi o, ke eya ŋutɔ ƒe amewo ƒe “Aɖaŋudeha Gã la” hã da asi ɖe edzi. Esia nye tɔtrɔ vevi aɖe ƒe gɔmedzedze. Abe alesi ŋutinyaŋlɔla Emil Schürer gblɔe ene la, esi Hasmontɔwo nya ɖo dunyahehe ƒe fiaƒome anyi ko la, “Torah [Yudatɔwo ƒe Se] la dzi wɔwɔ megava nye nu vevitɔ si ŋu wotsia dzi ɖo o, ke boŋ woƒe dziɖuŋusẽa takpɔkpɔ kple ekeke ɖe nu.” Gake esi Simon medi kura be yeawɔ nu wòate ɖe Yudatɔwo dzi o ta, ezã dzesideŋkɔ si nye “ethnarch,” alo “ameawo kplɔla” ɖe “fia” teƒe.

Menye amesiamee kpɔ dzidzɔ ɖe Hasmontɔwo ƒe ŋusẽkpɔkpɔ le mawusubɔsubɔ kple dunyahenyawo me la ŋu o. Le ŋutinyaŋlɔla geɖe ƒe nya nu la, ɣeyiɣi sia mee woɖo Qumran ƒe ƒuƒoƒoa anyi. Nunɔla aɖe si tso Zadok ƒe dzidzimea me, si wobu be eya ŋue woƒo nu tsoe le Qumrantɔwo ƒe nuŋlɔɖiwo me be “Dzɔdzɔenyenye ƒe Nufiala la,” dzo le Yerusalem hekplɔ aglãdzeha aɖe ɖe ŋuti to Ƒukukua to yi Yudatɔwo ƒe Dzogbe dzi. Ƒukukua ƒe Agbalẽxatsaxatsawo dometɔ ɖeka si ɖe Xabakuk ƒe agbalẽa me ƒo nu tsi tre ɖe “Nunɔla Vɔ̃ɖi la, si woyɔ le gɔmedzedzea me be nyateƒetɔ, gake esime wòɖu Israel dzi la, dada ge ɖe eƒe dzime” la ŋu. Ŋutinyaŋlɔla geɖe xɔe se be Jonathan loo alo Simon ate ŋu anye amesi kɔmamaa yɔ be “Nunɔla Vɔ̃ɖi” si nɔ dzi ɖum la.

Simon yi aʋawɔwɔ dzi be yeakeke yeƒe dziɖuƒewo ɖe enu. Gake eƒe dziɖuɖua va wu enu kpata esime toayɔvi, Ptolemy, wu wo kpakple viaŋutsu eve esime wonɔ azã aɖe ɖum le Yerixo gbɔ. Agbagba si dzem wònɔ be yeakeke yeƒe dziɖuƒea ɖe enu la medze edzi o. Wokɔ to dzi na John Hyrcanus, si nye Simon viŋutsu si kpɔtɔ, be amewo ɖo nugbe be yewoawui. Eɖu amesiwo nɔ nugbea ɖom ɖe eŋu dzi eye wòxɔ dziɖuɖua kple nunɔlanyenyea ɖe fofoa teƒe.

Dziɖuƒea Kekeɖenu Dziyiyi Kple Ameteteɖeanyi

Le gɔmedzedzea me la, Syria-ʋakɔwo do ŋɔdzi na John Hyrcanus ale gbegbe, gake le ƒe 129 D.M.Ŋ. me la, Parthiatɔwo ɖu Seleukia fiaƒomea dzi le aʋa sesẽ aɖe me. Ŋutinyaŋlɔla Menahem Stern ŋlɔ nu tso alesi aʋa sia gblẽ nui le Seleukia ƒomea ŋu bena: “Fiaɖuƒe bliboa ƒe ɖoɖowo dome gblẽ keŋkeŋ kloe.” Eyata Hyrcanus “te ŋu na Yuda gbugbɔ ɖo eɖokui si le dunyahenyawo me keŋkeŋ hedze akpa bubuwo keke ɖe enu gɔme.” Ẽ, ekeke eƒe dziɖuƒea ɖe enu vavã.

Fifia esi Syriatɔwo ƒe ŋɔdzidoname aɖeke megadoa kplamatse Hyrcanus o ta, ete nuto siwo le Yudea godo la dzi dzedze, hebɔbɔa wo ɖe eƒe ŋusẽ te. Ehiã be nutoa me tɔwo nazu Yuda-subɔsubɔ me tɔwo ne menye nenema o la, woagbã woƒe duwo. Amesiwo dzi wodze la dometɔ ɖekae nye Idumtɔwo (Edomtɔwo). Stern gblɔ tso amedzidzedze sia ŋu be: “Idumtɔwo ƒe dzimetɔtrɔa nye gbãtɔ si dzɔ alea kpɔ, elabena dukɔ bliboae trɔ dzime ke menye ameɖekaɖekawoe o.” Nuto bubu siwo dzi woɖu dometɔ ɖekae nye Samaria, afisi Hyrcanus gbã Samariatɔwo ƒe gbedoxɔ si wotu ɖe Gerazim-to dzi le. Ŋutinyaŋlɔla Solomon Grayzel ŋlɔ nu tso Hasmon-fiaƒomea ƒe dzimetɔtrɔ na amewo akpasesẽe si mesɔ o ŋu be: “Mattathias [Judah Maccabee fofo] ƒe tɔgbuiyɔvie nye sia le gɔmeɖose—si nye mawusubɔsubɔblɔɖe—si tututu ta dzidzime si nɔ anyi do ŋgɔ ʋli vevie la dzi dam.”

Farisitɔwo Kple Zadukitɔwo Do

Esime Josephus nɔ nu ŋlɔm tso Hyrcanus ƒe dziɖuɖu ŋue wòŋlɔ nu tso Farisitɔwo kple Zadukitɔwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ŋu zi gbãtɔ. (Josephus ƒo nu tso Farisitɔ siwo nɔ anyi le Jonathan ƒe dziɖuɣi me la ŋu.) Meƒo nu tso afisi wodzɔ tso ŋu o. Ŋutinyaŋlɔla aɖewo bu be wonye ƒuƒoƒo si do tso Hasid-subɔsubɔ, si nye mawusubɔsubɔ ƒe kɔmama aɖe si kpe asi ɖe Judah Maccabee ŋu wòɖo eƒe mawusubɔsubɔ taɖodzinuwo gbɔ gake trɔ le eyome esime eƒe didiwo trɔ zu dunyahehe.

Woɖe ŋkɔ Farisitɔwo tso Hebrigbe me nya si gɔmee nye “amesiwo ɖe ɖe aga” me, togbɔ be ame aɖewo bui be eku ɖe nya “nyagɔmeɖelawo” ŋu hã. Farisitɔwo nye agbalẽnyala siwo nɔ ame tsɛwo dome, menye dzidzime tɔxɛ aɖeke mee wodzɔ tso o. Woto subɔsubɔ tɔxɛ ƒe nufiafia dzi ɖe wo ɖokui ɖe aga tso kɔnuwɔwɔ makɔmakɔwo gbɔ, eye wowɔa gbedoxɔmese siwo ku ɖe nunɔlawo ƒe kɔkɔenyenye ŋu dzi le gbesiagbenuwɔnawo me. Farisitɔwo to Ŋɔŋlɔawo gɔmeɖeɖe mɔnu yeye aɖe kple nukpɔsusu aɖe si wova yɔ emegbe be se siwo wogblɔ kple nu ko la vɛ. Le Simon ƒe dziɖuɣi la, wokpɔ ŋusẽ ɖe edzi esime wotia wo dometɔ aɖewo wozu Gerousia (ame tsitsiwo ƒe aɖaŋudeha), si wova yɔ emegbe be Sanhedrin la me tɔwo.

Josephus gblɔ be gbã la, John Hyrcanus nye Farisitɔwo ƒe nusrɔ̃vi kple wo dzidela. Gake le ɣeyiɣi aɖe me la, Farisitɔwo ka mo nɛ ɖe nunɔlagãnyenye ƒe ɖoƒe si ŋu wògbe be yemaɖe asi le o ta. Esia na mama gã aɖe ɖo wo dome. Hyrcanus te fli ɖe Farisitɔwo ƒe mawusubɔsubɔsewo me. Be wòatsɔ ahe to na woe ɖe edzi la, eyi ɖade amesiwo tsi tre ɖe Farisitɔwo ƒe subɔsubɔ ŋu, siwo nye Zadukitɔwo dzi.

Edze abe Nunɔlagã Zadok, amesi ƒe dzidzimeviwo si me nunɔlanyenyea nɔ tso Salomo ŋɔli ke, gbɔe wokpɔ ŋkɔ Zadukitɔwo tsoe ene. Ke hã menye Zadukitɔwo katãe tso dzidzime sia me o. Josephus ƒe nyawo fia be Zadukitɔwo nye dziɖulawo kple dukɔa me kesinɔtɔwo, eye ame akpa gãtɔ mewɔa ɖeka kpli wo o. Nufialagã Schiffman gblɔ be: “Wo dometɔ akpa gãtɔ . . . anya nye nunɔlawo alo amesiwo ɖe srɔ̃ le nunɔlagãwo ƒe ƒomewo me.” Eyata tso gbaɖegbe kee ƒomedodo nɔ woa kple ŋusẽtɔwo dome. Esia wɔe be wova bu Farisitɔwo ƒe wɔƒe le hadomenyawo me si nɔ kekem ɖe enu kple Farisitɔwo ƒe nukpɔsusu si nye be woana amesiame nanɔ kɔkɔe abe nunɔlawo ene be enye nusi ate ŋu agblẽ nu le Zadukitɔwo ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ŋu. Azɔ le Hyrcanus ƒe dziɖuɖu ƒe ƒe mamlɛawo me la, ŋusẽ gaɖo Zadukitɔwo ŋu.

Dunyahehe Geɖe, Mawuvɔvɔ̃ Ʋɛ

Hyrcanus viŋutsu tsitsitɔ, Aristobulus, ɖu dzi ƒe ɖeka pɛ ko heku. Ezã dzimetɔtrɔ na amewo akpasesẽe ƒe ɖoɖoa ɖe Ituraeatɔwo ŋu eye wòxɔ Galilea ƒe dziehe gome de Hasmontɔwo ƒe ŋusẽ te. Gake nɔviaŋutsu Alexander Jannaeus, si ɖu dzi tso ƒe 103-76 D.M.Ŋ., ƒe dziɖuɣie ŋusẽ ɖo Hasmon-fiaƒomea ŋu wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe.

Alexander Jannaeus melɔ̃ ɖe dukplɔɖoɖo si nɔ anyi do ŋgɔ la dzi o eye wòɖo eɖokui nunɔla kple fiae gaglãa. Hasmontɔwo kple Farisitɔwo dome ʋiʋlia nu va sẽ ɖe edzi ʋu va trɔ zu dukɔmeviʋa si me Yudatɔ 50,000 tsrɔ̃ le gɔ̃ hã. Kaka aglãdzedzea nu nava yi eye fia siwo nye trɔ̃subɔlawo nayi nyanya ge la, Jannaeus na wohe aglãdzela 800 ɖe ati ŋu. Hafi womiã nu la, wotso ta le wo srɔ̃wo kple wo viwo nu le wo ŋkume, esime Jannaeus ya ɖo kplɔ̃ henɔ nu ɖum kple eƒe ahiãviwo le gaglãgbe. *

Togbɔ be Jannaeus lé fu Farisitɔwo hã la, enye dunyahela si ƒe nuwɔnawo toa mɔ nyui. Ekpɔe be ame geɖe ŋutɔ yi edzi le Farisitɔwo dzi dem. Mɔfiame si wòna srɔ̃a Salome Alexandra esime wònɔ kuba dzi enye be wòawɔ ɖeka kpli wo. Jannaeus tiae be wòaɖu dzi le fiaɖuƒea me ɖe ye teƒe le esi teƒe be wòatia viaŋutsuwo. Salome ɖee fia be yenye dziɖula nyui, esi wòna ŋutifafa geɖe nɔ dukɔa me le Hasmontɔwo ƒe dziɖuɖua me le eƒe dziɖuɣi (76-67 D.M.Ŋ.). Wogbugbɔ Farisitɔwo ɖo ŋusẽnɔƒewo, eye woɖe se siwo wode ɖe woƒe mawusubɔsubɔsewo ŋu la ɖa.

Esi Salome ku la, viaŋutsu, Hyrcanus II, si nye nunɔlagã, kple Aristobulus II va nɔ fiaɖuƒea ʋlim. Dunyahehe kple aʋawɔwɔ ŋuti nunya si nɔ wo tɔgbuiwo si menɔ wo dometɔ aɖeke si o, eye edze abe wo dometɔ aɖeke mese nusi tututu ta Romatɔwo nɔ dzidzim ɖe edzi le nutoa me le Seleukia fiaɖuƒea ƒe anyidzedze megbe gɔme o. Le ƒe 63 M.Ŋ. la, dadavi eveawo katã yi Roma dziɖula Pompey gbɔ esime wònɔ Damasko, be wòadzra yewo dome ɖo. Le ƒe ma ke me la, Pompey kple eƒe aʋakɔwo ho ɖe Yerusalem ŋu heɖu edzi. Hasmon-fiaɖuƒea ƒe nuwuwu ƒe gɔmedzedzee nye sia. Le ƒe 37 D.M.Ŋ. la, Idumtɔwo ƒe Fia, Herodes Gãtɔ, amesi dzi Roma Dunyahemegãwo ƒe Sewɔha da asi ɖo be enye “Yudea Fia” “Romatɔwo ƒe hati kple xɔlɔ̃” la va xɔ Yerusalem. Hasmontɔwo ƒe fiaɖuƒea nu yi.

Hasmontɔwo ƒe Domenyinua

Hasmontɔwo ƒe dziɖuɣi, tso Judah Maccabee dzi va ɖo Aristobulus II dzi, mee woɖo mawusubɔsubɔ me mama si nɔ anyi esime Yesu nɔ anyigba dzi la gɔme anyi. Hasmontɔwo tsɔ dzonɔameme ɖe Mawu subɔsubɔ ŋu dze egɔmee, gake edome gblẽ va zu nudidinameɖokui gblẽnu. Woƒe nunɔla siwo si mɔnukpɔkpɔ su be woana ameawo nawɔ ɖeka awɔ Mawu ƒe Se dzi la kplɔ dukɔa de dunyahehe me dzrehehewo me. Esi nuwo nɔ alea ta la, mawusubɔsubɔ ŋuti nukpɔsusu siwo ma kakɛkakɛ va xɔ aƒe ɖi. Hasmontɔwo megali o, gake Zadukitɔwo, Farisitɔwo kple subɔsubɔha bubuwo dome ʋiʋli hena ŋusẽkpɔkpɔ le subɔsubɔnyawo me akpɔtɔ anɔ dukɔ si dzi ɖum Herodes kple Romatɔwo le fifia la me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Kpɔ nyati si nye “Amekawoe Nye Maccabeewo” le November 15, 1998 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

^ mm. 22 Ƒukukua ƒe Agbalẽxatsaxatsa si nye “Naxum ƒe Agbalẽa ƒe Numeɖeɖe” ƒo nu tso “Dzata Dodziku” si “he amewo ɖe ati ŋu agbagbee” ŋu, si ate ŋu anye nudzɔdzɔ si ŋu nya gblɔm míele.

[Nyaɖoɖo si le 30]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Hasmontɔwo ƒe Fiaƒomea

Judah Maccabee Jonathan Maccabee Simon Maccabee

John Hyrcanus

Salome Alexandra — ɖe — Alexander Jannaeus Aristobulus

Hyrcanus II Aristobulus II

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Judah Maccabee di Yudatɔwo ƒe ɖokuisinɔnɔ

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

The Doré Bible Illustrations/Dover Publications, Inc.

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Hasmontɔwo wɔ aʋa be yewoaɖu du siwo menye Yuda-duwo o dzi

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

The Doré Bible Illustrations/Dover Publications, Inc.