Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYƆ! No. 2 2018 | Nu 12 Siwo Nana Ƒomewo Kpɔa Dzidzedze

Nu 12 Siwo Nana Ƒomewo Kpɔa Dzidzedze

Ne ƒomewo gbãa, míesea nya geɖe tso nu si gbɔ wòtso la ŋu. Gake nu ka gbɔe wòtso be ƒome aɖewo ya kpɔa dzidzedze?

  • Tso ƒe 1990 va ɖo ƒe 2015 la, ame siwo xɔ tso ƒe 50 siwo gbe wo srɔ̃wo la dzi ɖe edzi zi eve eye ame siwo xɔ tso ƒe 65 la dzi ɖe edzi zi gbɔ zi etɔ̃ le Amerika.

  • Dzilawo tɔtɔ: Ame siwo nya nu tso vihehe ŋu gblɔ be, ele be woanɔ ɖeviwo kafum, evɔ wo dometɔ aɖewo hã gblɔna be ele be asi nasẽ ɖe ɖeviwo dzi.

  • Sɔhɛwo le tsitsim evɔ womenya nu si akpe ɖe wo ŋu agbe nadze edzi na wo o.

Ke hã nyateƒeae nye be . . .

  • Srɔ̃ɖeɖe ate ŋu ali ke eye dzidzɔ nanɔ eme.

  • Dzilawo ate ŋu asrɔ̃ ale si woahe wo viwo le lɔlɔ̃ me.

  • Sɔhɛwo ate ŋu asrɔ̃ nu siwo akpe ɖe wo ŋu agbe nadze edzi na wo ne wotsi.

Le mɔ ka nu? Nyɔ! sia aƒo nu tso nu 12 siwo akpe ɖe ƒomewo ŋu woakpɔ dzidzedze la ŋu.

 

1: Kuku Ðe Ame Nɔewo Ŋu

Nu etɔ̃ siwo ana srɔ̃tɔwo naku ɖe wo nɔewo ŋu.

2: Nuwɔwɔ Aduadu

Ðe wò kple srɔ̃wò miele abe ame eve siwo le xɔ ɖeka me enea?

3: Bubu

Srɔ̃ nya siwo nàgblɔ kple nu siwo nàwɔ be srɔ̃wò nase le eɖokui me be nède bubu ye ŋu.

4: Tsɔtsɔke

Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàŋe aɖaba aƒu srɔ̃wò ƒe blibomademade dzi?

5: Dzeɖoɖo

Kpɔ nu etɔ̃ siwo akpe ɖe ŋuwò be wò kple viwòwo dome nanɔ kplikplikpli la ɖa.

6: Amehehe

Ðe ɖeviwo hehe nana wosena le wo ɖokuiwo me be yewomele ɖeke me oa?

7: Agbe Nyui Nɔnɔ

Se siwo dzi nèwɔna ɖo kawoe wòle be nàfia viwòwo?

8: Kpɔɖeŋu

Ne èdi be viwòwo nawɔ ɖe wò nyawo dzi la, ekema wò ŋutɔ hã wɔ wò nyawo dzi.

9: Ame Si Nènye

Nu kae sɔhɛwo awɔ be woate ŋu alé nu siwo dzi woxɔ se la me ɖe asi?

10: Ame Si Dzi Woate Ŋu Aka Ðo

Ne dziwòlawo ate ŋu aka ɖe dziwò la, ke efia be èle tsitsim.

11: Dɔ Sesẽ Wɔwɔ

Ne èsrɔ̃ dɔ sesẽ wɔwɔ le wò sɔhɛmenɔɣi la, akpe ɖe ŋuwò agbe nadze edzi na wò.

12: Taɖodzinuwo

Ne èɖo taɖodzinu aɖe gbɔ la, ana dzi naɖo ƒowò, ana nàdze xɔ̃ nyuiwo, eye àkpɔ dzidzɔ wu tsã.

Nu Bubu Siwo Akpe Ðe Ƒomewo Ŋu

Aɖaŋuɖoɖo siwo le Biblia me la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be dzidzɔ nanɔ wò srɔ̃ɖeɖe kple wò ƒomea me.