Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu Nyanya Ana Míazu Exɔlɔ̃wo

Mawu Nyanya Ana Míazu Exɔlɔ̃wo

Menye ŋusẽ koe le mía Wɔlaa si o. Nɔnɔme lédziname geɖe le esi. Edi be míasrɔ̃ nu tso ye ŋu eye míava zu ye xɔlɔ̃wo. (Yohanes 17:3; Yakobo 4:8) Ema tae wògblɔ nya geɖe tso eɖokui ŋu na mí.

Ŋkɔ Ŋutɔŋutɔ Le Mía Wɔlaa Si

“Na woadze sii be wò, ame si ŋkɔe nye Yehowa la, wò ɖeɖe koe nye Dziƒoʋĩtɔ ɖe anyigba blibo la dzi.”—PSALMO 83:18.

Biblia fia mí be Yehowa ɖeka koe nye Mawu vavãa. Eyae wɔ xexe bliboa kple nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒomevi. Eya ɖeka koe dze be míasubɔ.—Nyaɖeɖefia 4:11.

Yehowa Nye Mawu Lɔ̃ame

“Mawu nye lɔlɔ̃.”—1 YOHANES 4:8.

Yehowa ɖe nɔnɔme nyui siwo le esi la fia mí le Biblia kple eƒe nuwɔwɔ siwo ƒo xlã mía me. Lɔlɔ̃e nye eƒe nɔnɔme vevitɔ. Ewɔa nuwo katã le lɔlɔ̃ me. Zi ale si míele nu srɔ̃m tso Yehowa ŋua, zi nenemae míeva lɔ̃nɛ.

Yehowa Nye Mawu Si Tsɔna Kena

“Ènye Mawu si tsɔa vodada kena faa.”—NEHEMIYA 9:17.

Yehowa nya be míede blibo o. Eya ta etsɔa míaƒe vodadawo “kena faa.” Ne míeɖe kuku nɛ ɖe nu gbegblẽ siwo míewɔ ta eye míedze agbagba dzudzɔ wo wɔwɔa, atsɔe ake mí eye malé esiwo míewɔ va yia ɖi o.—Psalmo 103:12, 13.

Yehowa Di Be Míado Gbe Ða Na Ye

“Yehowa tsɔ ɖe ame siwo katã yɔnɛ la gbɔ . . . Esea woƒe ɣlidodo.”—PSALMO 145:18, 19.

Yehowa medi tso mía si be míawɔ kɔnu tɔxɛwo alo azã nɔnɔmewɔwɔwo ne míele ye subɔm o. Eɖoa to míaƒe gbedodoɖawo abe ale si ko dzila lɔ̃ame ɖoa to via ene.